Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Funyafunyawɔwɔ Ame Ðokui Nana Wotena Ðe Mawu Ŋua?
FUNYAFUNYAWƆWƆ ame ɖokui ƒe nya ɖia vɔvɔ̃ na ame geɖe. Gake ame siwo wɔa fu wo ɖokui le subɔsubɔwɔnawo me abe ame ɖokui ƒoƒo, nutsitsidɔ si gbɔ eme, kple lãfuwu ƒlatsaƒlatsa siwo tɔa ŋuti na ame dodo enee wokafuna be wonye Mawu vɔ̃la adodoeawo. Menye blema koe nuwɔna siawo nɔ anyi o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta nyitsɔ laa be egbegbe subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ aɖewo gɔ̃ hã wɔa funyafunya wo ɖokui.
Nu kae ʋãa amewo woƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna mawo tɔgbi me be yewole Mawu subɔm? Le Kristotɔwo ƒe habɔbɔ aɖe ƒe nyanuɖela ƒe nya nu la, “funyafunyawɔwɔ ame ɖokui nye mɔ si dzi ame tona kpɔa gome le fu siwo Yesu Kristo lɔ̃ faa kpe tsɔ ɖe mí tso nu vɔ̃ me la me kplii.” Gake nu kae Biblia ya gblɔ tso nya sia ŋu?
Lé Be Na Wò Ŋutilã
Biblia mede funyafunyawɔwɔ ame ɖokui ƒe dzi ƒo loo alo da asi ɖe edzi be enye mawusubɔsubɔ nuwɔna o. Le nyateƒe me la, Biblia xlɔ̃ nu Mawu vɔ̃lawo vevie be woalé be na woƒe ŋutilã. De ŋugble tso ale si Biblia ƒo nu tso lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple srɔ̃a dome la ŋu kpɔ. Ehe susu yi ale si ŋutsu wɔa nu ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu le dzɔdzɔme nui dzi hexlɔ̃ nu be: “Alea wòle be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene . . . Ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o; ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie, abe ale si Kristo la hã wɔna na hame la ene.”—Efesotɔwo 5:28, 29.
Ðe kpekpeme aɖe anɔ sedede be ame nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ene ŋu nenye be wodi tso mía si be míawɔ fu mía ɖokui le subɔsubɔwɔna aɖewo mea? Edze ƒãa be nu si wodi tso ame siwo dea bubu Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋu sie nye be woalé be na woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ahalɔ̃e gɔ̃ hã, eye woaɖe lɔlɔ̃ ma ke afia wo srɔ̃wo.
Ema tae gɔmeɖose geɖe le Biblia me siwo akpe ɖe exlẽlawo ŋu woade bubu woƒe ŋutilã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso kamedede le ŋuɖɔɖo me ƒe viɖe ŋu. (1 Timoteo 4:8) Eƒo nu tso ale si nuɖuɖu aɖewo dea ame ƒe lãmesẽ dzii ŋu, eye wògblɔ nu gbegblẽ siwo dona tso nu nyui maɖumaɖu me hã. (Lododowo 23:20, 21; 1 Timoteo 5:23) Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míadze agbagba anɔ lãmesẽ me. (Nyagblɔla 9:4) Ne wole mɔ kpɔm be Biblia xlẽlawo nakpɔ woƒe lãmesẽ ta ɖe, ɖe woagadi tso wo si be woawɔ nuvevi wo ɖokuia?—2 Korintotɔwo 7:1.
Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nawɔ Fu Wo Ðokui Be Yewole Fu Siwo Yesu Kpe Srɔ̃ma?
Gake egbea la, subɔsubɔha aɖewo tea gbe ɖe fu siwo Yesu kple eyomedzela gbãtɔwo kpe la dzi fũu akpa, si na be wobiana tso woƒe hameviwo si be woawɔ funyafunya wo ɖokui. Ke hã, menye Mawu subɔlawo ŋutɔwoe wɔ funyafunya wo ɖokuiwo woŋlɔ ɖe Biblia me o. Esi Kristotɔ siwo ŋlɔ Biblia la ƒo nu tso Kristo ƒe fukpekpewo ŋu la, menye taɖodzinuae nye be woade dzi ƒo na Kristotɔwo be woawɔ fu wo ɖokui o, ke boŋ be wòakpe ɖe wo ŋu woado dzi ne wo yome tilawo he fukpekpe va wo dzi. Eya ta menye Yesu Kristo srɔ̃mee ame siwo wɔa fu wo ɖokui la le o.
Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be nuvlowɔha aɖee nye ema lé xɔ̃wò aɖe, le edzum hele eƒom. Èkpɔe be xɔ̃wòa lé eɖokui kpoo, medzu wo ɖe eteƒe alo le avu wɔm kpli wo o. Ne èdi be yeasrɔ̃ xɔ̃wò ma ɖe, ɖe nàte ɖokuiwò dzudzu ahanɔ ɖokuiwò ƒoma? Gbeɖe! Ema anye nuvlowɔhaa sɔsrɔ̃. Ke boŋ ɖe wò hã àɖoe be ne nuvlowɔha aɖe va dze ye dzi la, yeadze agbagba alé ye ɖokui kpoo abe xɔ̃wòa ke ene.
Eya ta eme kɔ ƒãa be womele mɔ kpɔm be Kristo yome dzelawo nawɔ fu wo ɖokui wòanye nuvlowɔha vɔ̃ɖi si wɔ fu Yesu hedi eƒe ku la sɔsrɔ̃ o. (Yohanes 5:18; 7:1, 25; 8:40; 11:53) Ke boŋ ne wole wo yome tim la, woadze agbagba asrɔ̃ ale si Yesu lé eɖokui kpoo esime wonɔ fu wɔmee.—Yohanes 15:20.
Wɔna Si Mewɔ Ðeka Kple Ŋɔŋlɔawo O
Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia gɔ̃ hã la, Ŋɔŋlɔ siwo nu Yudatɔwo nɔ agbe ɖo, siwo fiaa mɔ wo le tadedeagu me la bia tso wo si be woaƒo asa na nu sia nu si agblẽ nu le woƒe ŋutilã ŋu wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na Yudatɔwo tẽe le Sea me be woagasi blini o, si fia be woagasi wo ɖokuiwo o, eye edze ƒãa be nuwɔna ma bɔ ɖe blema dukɔ bubuawo me. (3 Mose 19:28; 5 Mose 14:1) Ne Mawu medi be míasi míaƒe ŋutilã o la, ke madi be míaƒo mía ɖokui ahade abi míaƒe ŋutilã ŋu hã o. Biblia ƒe nudidiwo me kɔ ƒãa—eɖoɖo koŋ awɔ fu ame ɖokui medzea Mawu ŋu o.
Abe ale si ko aɖaŋudɔwɔlawo dina be amewo nade bubu aɖaŋunu siwo yewowɔ ŋu ene la, nenema kee Yehowa Mawu, si nye mía Wɔla, hã di be míade bubu míaƒe ŋutilã, si nye yeƒe asinudɔwɔwɔ la ŋu. (Psalmo 139:14-16) Le nyateƒe me la, funyafunyawɔwɔ ame ɖokui menana ame kple Mawu dome ƒomedodo me sẽna ɖe edzi o. Ðe wògblẽa ƒomedodo ma dome boŋ, eye enye nuwɔna si mewɔ ɖeka kple Nya Nyui Gbalẽawo me nufiafiawo hã o.
Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ tso amegbetɔwo ƒe nufiafia sia si gblẽa nu le ame ŋu la ŋu be: “Le nyateƒe me la, nu mawo tututu dzena abe nu siwo me nunya le ene, to subɔsubɔ si ƒomevi ame ɖo na eɖokui kple alakpaɖokuibɔbɔ, kple nuveviwɔwɔ ŋutilã la me; gake viɖe aɖeke mele wo ŋu le avuwɔwɔ atsi tsitre ɖe kɔɖiɖi na ŋutilã la ŋu me o.” (Kolosetɔwo 2:20-23) Funyafunyawɔwɔ ame ɖokui mate ŋu ana ame nate ɖe Mawu ŋu gbeɖe o. Nudidi siwo nu Mawu subɔla vavãwo nɔa agbe ɖo la naa dzidzeme wo, wonana wokpɔa dzidzɔ, eye womenye agba na wo o.—Mateo 11:28-30.—g11-E 03.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Aleke Mawu bua míaƒe ŋutilãe?—Psalmo 139:13-16.
● Ðe fuwɔwɔ wò ŋutilã akpe ɖe ŋuwò nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzia?—Kolosetɔwo 2:20-23.
● Ðe wòle be tadedeagu vavãtɔ nanye agba na amea?—Mateo 11:28-30.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Biblia ƒe nudidiwo me kɔ ƒãa—eɖoɖo koŋ awɔ fu ame ɖokui medzea Mawu ŋu o
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Xɔsetamɔzɔla si le klo dzi vevesesetɔe ɖo ta sɔlemexɔ aɖe gbɔ
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© 2010 photolibrary.com