INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 3/8 axa 28-29
  • Ðe Wòdzɔa Dzi na Mawu ne Ekpɔ be Míele Fu Kpema?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòdzɔa Dzi na Mawu ne Ekpɔ be Míele Fu Kpema?
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miawɔ Fu Miaƒe Luʋɔ”
  • Ðe Mawu Kpɔa Dzidzɔ ɖe Funyafunyawɔwɔ Ame Ðokui Ŋua?
  • Nutsitsidɔ—Ðe Wònaa Nètena Ðe Mawu Ŋu Wua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ðe Nutsitsidɔ Nu Yia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðe Mawu Bia Be Woatsi Nu Adɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Vevesese Si Maganɔ Anyi O
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 3/8 axa 28-29

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòdzɔa Dzi na Mawu ne Ekpɔ be Míele Fu Kpema?

ŊUTSU aɖe si tsɔ atitsogã gã aɖe si le ekpem la dze agbagba to amehawo dome eye ʋu nɔ ɖuɖum le ŋutsihe si wohe ɖo ta nɛ me. Esi wòɖo ‘amewuƒea’ la, wohee ɖe atitsoga la ŋu; woƒo gatagbadzɛ gã aɖewo ɖe asi nɛ. Etsɔ vevesese nɔ ʋiʋlim esime gatagbadzɛawo ŋɔ eƒe ŋutilã. Esi wofɔ atitsoga la dzi la, eƒe vevesesea wu gbɔgblɔ. Panorama si nye Philippinetɔwo ƒe magazine aɖe gblɔ be wowɔa kɔnu siawo siwo me vevesese le edziedzi le Kwasiɖa Kɔkɔe ŋkekenyuiwo ɖuɣi le Philippines.

Nusi ŋu nya míegblɔ fifi laa nye alesi wose Yesu ƒe fukpekpewo gɔmee egbea. Gake menye fefe aɖe ŋutsu sia le wɔwɔm fia o. Gatagbadzɛawo, ʋua, vevesesea​—⁠esiawo katã nye nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ.

Le teƒe bubuwo la, àkpɔ Roma Katolikotɔ dovevienuwo woanɔ wo ɖokui ƒom bene yewoakpe fu siwo Kristo kpe. Nukatae? Ame aɖewo wɔa nusia bene nukunuwo nado tso yewoƒe fukpekpewo me, le kpɔɖeŋu me, be woada dɔ na yewoƒe lɔlɔ̃tɔ siwo dze dɔ. Ame bubuwo hã wɔnɛ be woatsɔ alé avu woƒe nuvɔ̃ siwo wovɔ̃na be ne womekɔ woa ŋutɔwo ƒe ʋu ɖi o kpa, womatsɔ ake wo o. Agbalẽ si nye The Filipinos ɖe eme be: “Susu kple luʋɔ klɔnu nyui aɖee vevesese nye. . . . Wobui be ne nuvɔ̃wɔla la to vevesesea me do la, eklɔa nuvɔ̃ le eŋu eye wòɖea agba le edzi.”

Gake menye Philippine Katolikotɔwo koe wɔa funyafunya wo ɖokui o. Subɔsubɔha kple dukɔ vovovo me tɔwo xɔe se be asixɔxɔ aɖe le funyafunyawɔwɔ ame ɖokui ŋu le Mawu gbɔ.

Le kpɔɖeŋu me, esime Buddha, Siddhārtha Gautama, nɔ nusi nye nyateƒe la dim la, edzo le srɔ̃a kple viaŋutsu gbɔ hesi yi gbedadaƒo, afisi wònɔ nuteameɖokuigbe le dzinu ade. Etsia tre ɖe ƒomevii le mɔ si na wòsea veve nu gaƒoƒo geɖe eye emegbe egblɔ be yenɔ agbe ɣeyiɣi didi aɖe ɖe mɔlikui ɖeka ko ŋu ŋkeke ɖeka, ale be yeɖi ku ale gbegbe be yegblɔ be: “Nye ƒodoyi lé ɖe nye dzimeƒu ŋu.” Gake fufiafia ame ɖokui aɖeke mete ŋu na wòke ɖe blibodede si wònɔ didim la ŋu o.

Nenema ke India ƒe Hindutɔ funyafunyawɔameɖokuilawo wɔa funyafunya ƒomevi vovovo siwo ƒe vevesese ɣeaɖewoɣi wua gbɔgblɔ la wo ɖokui​—⁠womlɔa dzo eve titina, wonɔa ɣea ƒe ŋkume kpɔm vaseɖe esime woƒe ŋku gbãna, wotsia tre ɖe afɔ ɖeka dzi alo ɖe nɔnɔme manyatalenu bubuwo me ɣeyiɣi didiwo. Wobui be funyafunyawɔameɖokuila aɖewo ƒe nyuiwɔwɔ sɔ gbɔ ale gbegbe be ate ŋu akpɔ du blibo ta tso futɔwo ƒe amedzidzedze si me.

Nenema ke Biblia ƒo nu tso Baal subɔla siwo tsɔ “yi kple akplɔ de abi wo ɖokui ŋu le woƒe kɔnu la nu, vaseɖe esime ʋu do le wo ŋu” esime woxa agbagba ƒuƒlu dze be yewoƒe mawu natɔ na yewo la ŋuti.—Fiawo I, 18:28.

“Miawɔ Fu Miaƒe Luʋɔ”

Togbɔ be ele eme baa be Yehowa de se na eƒe dukɔ tiatia la be: “miawɔ fu miaƒe luʋɔ” hã la, ame geɖe sea egɔme be efia nutsitsidɔ. (Mose III, 16:31, NW) Nutsitsidɔ ma nye nuxaxa kple dzimetɔtrɔ ɖeɖefia le nuvɔ̃wo me alo ne wole nɔnɔme siwo te ɖe ame dzi me. Eyata nutsitsidɔ menye tohehe ƒe fufiafia ame ɖokui ƒomevi aɖeke o ke boŋ enye kpɔɖeŋu si fia be wobɔbɔ ame ɖokui ɖe Mawu te.—Ezra 8:21.

Gake Yudatɔ aɖewo susui vodadatɔe be asixɔxɔ aɖe le fukpekpe si le fuwɔwɔ ame ƒe luʋɔ me la ŋu eye be esia na wòzu dzizizi na Mawu be wòawɔ nane aɖo eteƒe na yewo godoo. Esi womenɔ teƒeɖoɖo ma xɔm o la, wobia Mawu dadatɔe be wòaxe nusi ƒe fe wosusu be yewodze na la na yewo: “Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?”—Yesaya 58:3.

Gake vodadae wowɔ. Mawusubɔsubɔ me nutsitsidɔ nyuitɔ mebia be woawɔ fu ame ɖokui, awɔ dɔfu ame ƒe ŋutilã abe ɖe asixɔxɔ aɖe le ŋutilã ƒe fukpekpe alo fuɖenamea ŋutɔ ŋu ene o. Seselelãme sesẽ aɖee anya tsi woƒe dɔwuame nu vie. Ne nya sesẽwo xɔ susu me na ame la, nuɖuɖu megadzroa ŋutilã la o. Esia ɖea seselelãme sesẽ siwo le amesi le nua tsim dɔ me fiaa Mawu.

Ðe Mawu Kpɔa Dzidzɔ ɖe Funyafunyawɔwɔ Ame Ðokui Ŋua?

Ðe mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la kpɔa dzidzɔ ne ekpɔ amewo le funyafunya wɔm wo ɖokuia? Togbɔ be ele eme be ɣeaɖewoɣi la, wozinɛ ɖe Kristotɔwo dzi be woazu ‘Kristo ƒe fukpekpewo ƒe gomekpɔlawo’ hã la, mefia be woanɔ fukpekpe dim na wo ɖokui alo be woadi be yewoaku xɔsetaku o.—Petro I, 4:13.

Le nyateƒe me la, Yesu menɔ nuteameɖokuigbe kura o. Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo he nya le esi eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ta, eye wobu fɔ eya ŋutɔ be enye “nutsuɖula kple ahatsunola.” (Mateo 9:14; 11:19) Yesu mewɔ nu wòtso eme ɣeaɖekeɣi kpɔ o eye mebia naneke tso eɖokui alo ame bubuwo si wu nusi sɔ si me susu le o.—Marko 6:31; Yohanes 4:6.

Míekpɔ naneke le Ŋɔŋlɔawo ƒe afi aɖeke si fia be woanɔ nuteameɖokuigbe, abe ɖe agbemenuhiahiãwo alo agbemevivisesewo tete ame ɖokui ana ame ƒe nu nadze Mawu ŋu ene o. De dzesi nya siwo apostolo Paulo gblɔ le vevesesenu mawo wɔwɔ ŋu: “Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ me; menye le bubunu aɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.”—Kolosetɔwo 2:23.

Esime Martin Luther nye saɖaganunɔla la, ewɔ funyafunya eɖokui. Gake emegbe egbugbɔ le nuwɔna mawo yome eye wògblɔ be wodea dzi ƒo na ame be woasusu be mɔ evee yi ɖe Mawu gbɔ, kɔkɔtɔ kple esi bɔbɔ ɖe anyi wu, evɔ ɖeka koe Ŋɔŋlɔawo ya fia be ekplɔa ame yia ɖeɖekpɔkpɔ mee—to Yesu Kristo kple Yehowa, Fofo la dzixɔxɔse me. (Yohanes 17:3) Gake ame aɖewo bua kɔnuwɔwɔ siwo me vevesese le be enye ameɖokuiɖeɖe ƒomevi aɖe.

Agbalẽ si nye Church History in Plain Language gblɔ tso nuteameɖokuigbenɔnɔ ŋu be: “Nusi dzi wotui ɖo nye amegbetɔ ŋuti nukpɔsusu tatra aɖe. Saɖaganunɔlawo gblɔna be ɖe wode kɔsɔkɔsɔ luʋɔ la ɖe ŋutilã la ŋu abe alesi woade kɔsɔkɔsɔ gaxɔmenɔla ɖe ame kuku ŋu ene. Menye Biblia ƒe nukpɔsusu le amegbetɔ ƒe agbe ŋue nye ma o.” Nyateƒee, vevesesedodo na ame ɖokui be ame ƒe nu nadze Mawu ŋu ƒe susu la ŋutɔ ƒe ɖeke medze le Ŋɔŋlɔawo me o. Mawudzimakaɖolawo ƒe nufiafia tatra si nye be nusianu si ku ɖe ŋutilã la ŋu la nye nuvɔ̃ eye ele be wòazãe ɖe mɔ gbegblẽ nu alesi woate ŋui hafi akpɔ ɖeɖe la dzie wotui ɖo.

Esi Yehowa di be míakpɔ dzidzɔ ta la, dzidzɔ Mawu sia subɔsubɔ menye nuteameɖokuigbenɔnɔ ƒe nya o. (Nyagblɔla 7:16) Eyata womegblɔ na mí le Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke be fuwɔwɔameɖokui ma dzie woato akpɔ agbe o. Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be Kristo ƒe ʋu, kple míaƒe edzixɔxɔse, boŋ ye klɔa nuvɔ̃wo katã ɖa le mía ŋu.—Romatɔwo 5:1; Yohanes I, 1:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe