Anukwaremaɖimaɖi Xɔ Aƒe Ðe Afi Sia Afi!
Dannya wɔa dɔ na adzɔha gã aɖe le Hong Kong. Gbe ɖeka esi wòɖi tsa yi dɔwɔƒe gã aɖe, afi si wòdi be yeaƒle yewoƒe dɔwɔnuwo le la, etsi dzi vie nenye be dɔwɔƒe sia ate ŋu awɔ adzɔnuawo wòasɔ ɖe nyonyome si dim yewoƒe adzɔhaa le la nu. Emegbe esi woa kple dɔwɔƒe ma ƒe amegã wonɔ nuɖukplɔ̃ ŋu la, etsɔ agbalẽkotoku aɖe de asi na Danny. Esi Danny ʋui la, ekpɔ Amerika dɔlar akpe geɖe le eme, si nye ga si ade eƒe ƒe ɖeka blibo ƒe fetu nu.
● Menye Danny ɖeka koe doa go nɔnɔme sia o. Le xexea me godoo la, ale si anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo keke tae la mele gbɔgblɔ me o. Le kpɔɖeŋu me, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be, tso ƒe 2001 va se ɖe 2007 me la, adzɔha gã aɖe si le Germany la na zãnu si ade Amerika dɔlar biliɔn ɖeka kple miliɔn alafa ene bene woate ŋu akpɔ dɔ awɔ.
Togbɔ be wole nu klom le adzɔha xɔŋkɔwo ƒe nu fitifiti wɔwɔwo dzi fifia si na wova le tɔtrɔ aɖewo wɔm le go sia me hã la, edze abe gbegblẽm ko nɔnɔmea le ɖe edzi ene. Habɔbɔ si woyɔna be “Transparency International” ƒe numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 2010 me ɖee fia be le xexea me godoo la, “nu fitifiti wɔwɔ dzi ɖe edzi le ƒe etɔ̃ siwo va yi me.”
Nu ka tae anukwaremaɖimaɖi bɔ alea gbegbe? Ðe wòanya wɔ be woaɖi anukware ɣesiaɣia? Aleke wòanya wɔe? Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋua?—g12-E 01.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati siawo me la dometɔ aɖewo.