INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/13 axa 6-9
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu
  • Nyɔ!—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afi Kae Halloween Dzɔ Tso?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La
    Nyɔ!—2001
  • Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea?
    Nyɔ!—2001
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 9/13 axa 6-9

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu

Ðe woɖua azã si woyɔna be Halloween le mia gbɔa? Ame akpa gãtɔ nya nu tso Halloween ŋu le United States kple Canada eye woɖunɛ ƒe sia ƒe le October 31 lia dzi. Ke hã Halloween-kɔnuwo bɔ ɖe dukɔ geɖewo me. Le teƒe geɖewo la, woɖua azã siwo ƒe ŋkɔwo to vovo gake nu siwo ɖi wo nɔewo dzena le woƒe kɔnuwo kple Halloween-kɔnuwo me, siwo dometɔ aɖewoe nye: kadodo kple ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo, azizãwo, adzetɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã.​—Kpɔ aɖaka si nye “Azã Siwo Woɖuna Le Xexea Me Siwo Ði Halloween.”

ANƆ eme be mèxɔ gbɔgbɔwo dzi se o. Ðewohĩ èbua Halloween kple azã siwo ɖii la ɖuɖu be enye modzakaɖeɖe kple kpekpe ɖe ye viwo ŋu be woƒe susu naʋu ko. Gake ame bubuwo bua azã siawo be wogblẽa nu le ame ŋu le susu siwo gbɔna ta:

  1. Agbalẽ aɖe (Encyclopedia of American Folklore) gblɔ be: “Nu si koŋ ŋu Halloween ku ɖo lae nye kadodo kple gbɔgbɔmeŋusẽ siwo dometɔ geɖe doa ŋɔdzi na ame alo nana wovɔ̃na.” (Kpɔ aɖaka si nye “Halloween Ƒe Ŋutinya.”) Nenema kee azã bubu siwo ɖi Halloween la ɖuɖu dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me eye tɔgbui kukuwo subɔsubɔ dzi koŋue wotu wo ɖo. Egbea gɔ̃ hã la, ame siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo la doa ka kple nu siwo woyɔna be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ le azã siawo ɖuɣiwo.

  2. Togbɔ be wobua Halloween be enye Amerikatɔwo ƒe azã hã la, ƒe sia ƒe la dukɔ geɖewo hã va le azã sia ɖum. Gake ame siwo va le Halloween ɖum fifia la menyana kura be trɔ̃subɔsubɔ mee eƒe dzesiwo, atsyɔ̃ɖoɖowo kple kɔnuwo dzɔ tso o, eye kɔnu siawo ƒe akpa gãtɔ do ƒome kple gbɔgbɔmeŋusẽwo kple vivimeŋusẽwo.​—Kpɔ aɖaka si nye “Afi Kae Wòdzɔ Tso?”

  3. Adzetɔwo ƒe habɔbɔ si woyɔna be Wika (Wicca) me tɔ akpe geɖe siwo wɔa Kelt-tɔwo ƒe kɔnuwo la gakpɔtɔ yɔa Halloween be Samhain, si nye ŋkɔ si woyɔna nɛ le blema, eye wobunɛ be eyae nye fiẽ kɔkɔetɔ le ƒea me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today ŋlɔ bena adzetɔ xɔŋkɔ aɖe gblɔ be: “Kristotɔwo ŋutɔwo ‘menyae o, woɖua míaƒe azã kpli mí. . . . Edzɔa dzi na mí ŋutɔ.’”

  4. Azãwo abe Halloween ene la mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o.”​—5 Mose 18:10, 11; kpɔ 3 Mose 19:31 kple Galatiatɔwo 5:19-21 hã.

Ƒomewo ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne womekpɔ gome le azãɖuɖu dziŋɔ mawo me o gɔ̃ hã

Le nu siwo me míedzro va se ɖe fifia la, anyo be nànyae be Halloween kple azã siwo ɖii la dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me. Esia nyanya nyuie akpe ɖe ŋuwò be nàva wɔ ɖeka kple ame siwo meɖua azã siawo o.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye USA Today ŋlɔ bena adzetɔ xɔŋkɔ aɖe gblɔ be: “Kristotɔwo ŋutɔwo ‘menyae o, woɖua míaƒe azã kpli mí. . . . Edzɔa dzi na mí ŋutɔ.’”

AZÃ SIWO WOÐUNA LE XEXEA ME SIWO ÐI HALLOWEEN

Ame geɖewo bua Halloween be enye Amerikatɔwo ƒe azã. Ke hã, azã sia va xɔ ŋkɔ le dukɔ geɖewo me le xexea me. Gawu la, azã aɖewo hã ɖi Halloween le mɔ sia nu be woɖua wo tsɔ ɖea gbɔgbɔwo kple woƒe dɔwɔnawo fiana. Azã siwo woɖuna le xexea me siwo ɖi Halloween la dometɔ aɖewoe nye esiwo dze le afi sia:

  • Dziehe Amerika - Ame Kukuwo Ƒe Azã

  • Anyiehe Amerika - Kawsasqanchis

  • Europa - Ame Kukuwo Ƒe Azã Kple Halloween ƒomevi vovovowo

  • Afrika - Egungunwo (Egunwo) Ƒe Ɣeɖuɖu

  • Asia - Azã Nyui

AFI KAE WÒDZƆ TSO?

Afi Si Halloween Ƒe Kɔnu Kple Dzesi Aɖewo Dzɔ Tso

Ame kuku siwo wobe wodona le zã me va noa ʋu le lãme na amewo (VAMPIRE), adzetɔwo, amegbetɔ siwo wobe wotrɔna zua amegãxiwo, ame kuku siwo wobe wotrɔna zua amegbetɔwo (ZOMBIE):

AWUDODO: Kelt-tɔwo doa amemo ɖivɔvɔ̃wo be ne gbɔgbɔwo kpɔ yewo la, woasusui be yewo gbɔgbɔwo ɖeɖee, ale be woagaɖe fu na yewo o. Vivivi la, sɔlemehaa va xɔ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo de Luʋɔwo Katã Ƒe Azã kple Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Azã kɔnuwo me. Emegbe la, azãɖulawo doa nu siwo nana woɖia ame kɔkɔewo, mawudɔlawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me.

AŊANYIWO: Woɖea to ɖe sabala ƒomevi aɖewo me hesia vele dea wo me be woatsɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ame aɖewo susunɛ be luʋɔ siwo tsi ŋutiklɔdzo mee nye vele si wode sabala ƒomevi ma me. Emegbe wova nɔa aŋanyi siwo me woɖe to ɖo la koŋ zãm. Tso gbe aɖe gbe la, wotsɔa nuwɔna siawo doa ƒome kple gbɔgbɔ vɔ̃wo.

KPETSIKE: Blema Kelt-tɔwo dzea agbagba be yewoafa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple nu viviwo. Emegbe sɔlemehaa de dzi ƒo na azãɖulawo be woayi tso aƒe me yi aƒe me le fiẽ si do ŋgɔ na Ame Kɔkɔewo Ƒe Azã aɖabia nuɖuɖu ahado gbe ɖa ɖe wo ta be ame kukuwo nagaɖe fu na wo o. Mlɔeba la, wova yɔ kɔnu sia be Halloween ƒe nunana.

HALLOWEEN ƑE ŊUTINYA

ƑE ALAFA ATƆ̃LIA DO ŊGƆ NA MÍA ŊƆLI.

Kelt-tɔwo ɖua azã si nye Samhain le October ƒe nuwuwu, eye woxɔe se be ƒea ƒe ɣeyiɣi sia mee ŋɔliwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo va tsana le anyigba dzi wu.

ƑE ALAFA GBÃTƆ MÍA ŊƆLI.

Romatɔwo va ɖu Kelt-tɔwo dzi hexɔ woƒe Samhain trɔ̃kɔnuwo de woƒe kɔnuwo me.

ƑE ALAFA ADRELIA MÍA ŊƆLI.

Wogblɔ be Papa Boniface IV ye ɖo Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Azã anyi be yeatsɔ ade bubu xɔsetakulawo ŋu.a

ƑE ALAFA WUIÐEKƐLIA MÍA ŊƆLI.

Woɖoe be woanɔ Luʋɔwo Katã Ƒe Azã ɖum le November 2 lia dzi atsɔ aɖo ŋku ame kukuwo dzi. Woyɔa kɔnu siwo katã wowɔna le Ame Kɔkɔewo Katã kple Luʋɔwo Katã Ƒe Azãwo dzi be Hallow-kɔnuwo.

ƑE ALAFA WUIENYILIA MÍA ŊƆLI.

Wote azã si woyɔna be Hallowe’en (fiẽ si do ŋgɔ na Ame Kɔkɔewo Ƒe azã) ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽwo me be Halloween.

ƑE ALAFA WUIASIEKELIA MÍA ŊƆLI.

Ame akpe geɖe siwo ʋu tso Ireland va tsi United States la tsɔ Halloween-kɔnuwo ɖe asi vɛ eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la wova tsaka kɔnu siawo kple wo ƒomevi bubu siwo ame siwo ʋu tso Britain, Germany kple Afrika kpakple dukɔ bubuwo me, va tsi afi sia la tsɔ vɛ.

ƑE ALAFA BLAVELIA MÍA ŊƆLI.

Halloween va zu United States dukɔ blibo la ƒe azã xɔŋkɔ.

ƑE ALAFA BLAVE VƆ ÐEKƐLIA MÍA ŊƆLI.

Halloween-zã va zu asitsamɔnu le xexea me godoo si nana be asitsalawo kpɔa ga miliɔn akpe geɖe.

a Blemanya si nye Hallow gɔmee nye “ame kɔkɔe.” Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Azã nye azã si woɖuna tsɔ dea bubu ame kɔkɔe siwo ku ŋu. Woyɔa fiẽ si doa ŋgɔ na Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Azã la be All Hallow Even eye wova tsoe kpuie emegbe be Halloween.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe