INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/15 axa 3
  • Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Biblia Ƒe Mɔfiamewo Gaɖea Vi Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Nɔnɔme Nyui Siwo Nana Míezua Ame Ðɔʋuwo
    Nyɔ!—2013
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Dzilawo, Ðeviwo​—Miɖo Dze Le Lɔlɔ̃ me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 2/15 axa 3
Biblia si le ʋuʋu

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ðe Biblia Sɔ Na Mí Egbea?

‘Esiae nye zi gbãtɔ si mekpɔ dzidzɔ le nye agbe me.’

HILTON lɔ̃a kɔdada. Esi wòxɔ ƒe adre la, edaa kɔ le kɔdaƒewo kple ablɔwo dzi siaa! Esi wònɔ suku kɔkɔ dem la, eya kple exɔlɔ̃wo nɔa tsatsam henɔa amewo dim be yewoaƒo. Egblɔ be: “Mefia fi, medaa tsatsa, mekpɔa gbɔdɔnuwɔnawo, mesẽa ŋuta le nyɔnuwo ŋu, eye medzua dzinyelawo.” Eyi edzi be: “Nye nuwɔna va vloe ale gbegbe be dzinyelawo susui be nyemate ŋu atrɔ gbeɖe o. Esi mewu suku kɔkɔa nu la, meʋu le aƒe me.”

Esi Hilton trɔ gbɔ va le ƒe 12 megbe la, ale si gbegbe eƒe agbenɔnɔ trɔe la wɔ nuku na edzilawo ŋutɔ! Ezu ame fafa, eɖua eɖokui dzi, eye wòbua ame. Nu kae na wòtrɔ nenema gbegbe? Esi wòʋu le aƒe me la, eva te tamebubu vevie tso eƒe agbe ŋu. Ede ŋugble tso Biblia me nyawo ŋu be woate ŋu akpe ɖe ye ŋu yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ mahã. Hilton gblɔ be: “Mewɔna ɖe nu siwo mesrɔ̃na le Biblia me la dzi, esia fia be ele be mawɔ ɖe se si wode le Efesotɔwo 6:2, 3 be mabu dzinyelawo la dzi. Esiae nye zi gbãtɔ si mekpɔ dzidzɔ vavã le nye agbe me, eye mehe dzidzɔ vɛ na tɔ́nye kple nɔnye, ke meganye dzigbagbã o.”

Hilton ƒe ŋutinya sia ɖo kpe edzi be Biblia sɔ na míaƒe ŋkekea eye nɔnɔme nyui siwo Biblia de dzi ƒo be woatu ɖo la tea ŋu trɔa ame ƒe agbenɔnɔ. (Hebritɔwo 4:12) Na míakpɔ nɔnɔme nyui siawo dometɔ aɖewo ɖa ne míakpɔ ale si wotea ŋu trɔa ame ƒe agbenɔnɔe. Woawoe nye nyateƒetoto, ɖokuidziɖuɖu, nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ̃.

AGBALẼ DOXOXOE WÒNYEA?

Gbeɖuɖɔgo si me kɔmpiuta xoxo aɖe ƒe ŋutinuwo yɔ

Ame aɖewo gblɔna be Biblia me nyawo do xoxo. Wotsɔe sɔna kple kɔmpiuta siwo megale tsia dzi o la ƒe mɔfiamegbalẽwo. Gake ebubu alea mele eteƒe o eye wònye ameɖokuifuflu hã. Kɔmpiutawo doa xoxo eye woƒe mɔfiamegbalẽwo hã doa xoxo. Gake amegbetɔwo ƒe nɔnɔme vevitɔwo ya metrɔna o. Le kpɔɖeŋu me, ale si ko amewo wɔa nu ɖe lɔlɔ̃ kple fuléle, nuteƒewɔwɔ kple nuteƒemawɔmawɔ, dɔmenyonyo kple ŋutasẽse ŋu le blema la, nenema ko wogawɔnɛ egbea hã. Eya ta le amegbetɔwo ƒe nɔnɔme vevitɔwo ya gome la, “nu yeye aɖeke mele ɣea te o.”​—Nyagblɔla 1:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe