INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 6 axa 4-6
  • Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Dɔlélewo Si Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Dɔlélewo Si Me
  • Nyɔ!—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 1 TSI
  • 2 NUÐUÐU
  • 3 NUDZODZOEVIWO
  • 4 LÃWO
  • 5 AMEWO
  • Nu Siwo Nàwɔ Be Nànɔ Lãmesẽ Me Wu
    Nyɔ!—2015
  • Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?
    Nyɔ!—2003
  • Wò Lãmesẽ Ta Kpɔkpɔ ƒe Mɔnu Ade
    Nyɔ!—1997
  • Nu Vevi Adre Siwo Ana Wò Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Eye Wòade Wò Lãmesẽ Dzi
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 6 axa 4-6

NYATI SI LE AKPAA DZI | DƆLÉLEWO​—ALE SI MÍAÐE WO DZI AKPƆTƆ

Kpɔ Ðokuiwò Ta Tso Dɔlélewo Si Me

WOÐOA gli kɔkɔwo ɖe blemadu geɖe ŋu tsɔ kpɔa wo tae. Ne futɔ aɖe ŋɔ glia ƒe akpa sue aɖe gɔ̃ hã la, dua menɔa dedie o. Wò ametia le abe du si ŋu woɖo gli ɖo ene. Wò lãmesẽ me nɔnɔ nɔ te ɖe nu siwo nèwɔna tsɔ kpɔa ɖokuiwò ta la dzi. Bu nu atɔ̃ siwo ate ŋu ana nàdze dɔ kple nu siwo nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta la ŋu kpɔ.

Nyɔnu aɖe kple via le zɔzɔm to asi aɖe me

1 TSI

AFƆKUA: Tsi ƒoɖiwo ate ŋu ana dɔlékuiwo nage ɖe míaƒe lãme bɔbɔe.

ALE SI NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TA: Nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu awɔe nye be nàkpɔ egbɔ be wò tsi le dzadzɛ. Ne ènya be tsi si nèzãna mele dzadzɛ o la, àte ŋu atrɔ asi le eŋu le aƒe me be wòanɔ dzadzɛ.a Kɔ wò tsi ɖe nugo alo zɔ me eye nàtu nu ɖe enu; tsɔ tsikunu si le dzadzɛ si ŋu alɔ le la anɔ ekum alo nàde pɔmpi nugoa ŋu tsia nato eme ado. Mègade asi wò tsi si le dzadzɛ la me gbeɖegbeɖe o. Ne anya wɔ la, dze agbagba nànɔ nuto si me agboti kple gbeɖuɖɔkɔɖoƒewo le ale be woagagblẽ nu le wò tsi ŋu o.

2 NUÐUÐU

AFƆKUA: Dɔlékui siwo gblẽa nu ate ŋu anɔ wò nuɖuɖu ŋu loo alo anɔ eme.

ALE SI NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TA: Nuɖuɖu si ŋu ɖi le ate ŋu adze abe enya kpɔ eye wònyo woaɖu ene. Eya ta na wòazu numame na wò be nàklɔ atikutsetse kple amagbewo nyuie hafi aɖu. Kpɔ egbɔ be nuɖazewo kple gatsiwo, dzodoƒekplɔwo dzi, kple wò asiwo le dzadzɛ ne èdi be yeaɖa nu alo ama nuɖuɖu na amewo. Ele be woaɖa nuɖuɖu aɖewo dzo nasu wo nyuie ale be dɔlékui siwo le wo me la naku. Lé ŋku ɖe nuɖuɖu siwo dze fufu eye woƒe amadede trɔ hele ʋeʋẽm alo ya la ŋu, dzesi siawo fia be dɔlékuiwo de xa ɖe nuɖuɖu mawo me na wò. Dzra nuɖuɖu siwo susɔ la ɖo nyuie alo nàtsɔ wo ade nufamɔ me enumake. Ne èdze dɔ la, mègaɖa nu na amewo woaɖu o.b

3 NUDZODZOEVIWO

AFƆKUA: Nudzodzoe aɖewo ate ŋu atsɔ dɔlékui vɔ̃ɖi siwo le lãme na wo la ade lãme na wò.

ALE SI NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TA: Mèganɔ gota le ɣeyiɣi siwo me nudzodzoe siwo ate ŋu ana nàdze dɔ le gota o, nɔ xɔ me alo nàdo awu abɔlegbe alo atalegbe. Mlɔ mudɔ siwo wode atikee la me eye nàzã atike siwo nyaa nudzodzoewo. Ðe nugoe siwo me ne tsi xa ɖo la woate ŋu adzi muwo la ɖa.c

4 LÃWO

AFƆKUA: Dɔlékui siwo megblẽa nu le lãwo ŋu o la, ate ŋu ade dɔ lãme na wò ya. Ne lã aɖe ɖu wò alo de fe wò loo alo lãwo nyè mĩ ɖe afi si nèle la, esia ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu.

ALE SI NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TA: Ame aɖewo menyia lãwo le aƒe me o kple susu be woagagogo yewo o. Ɣesiaɣi si nèka asi aƒemelã aɖe ŋu la, klɔ asi eye mèganɔ asi kam gbemelãwo ŋu o. Ne lã aɖe ɖu wò alo de fe wò la, klɔ abia nyuie enumake eye nàdi kɔdzi mɔ.d

5 AMEWO

AFƆKUA: Ne ame aɖe nyè alo kpe kpe la, dɔlékuiwo ate ŋu atso wo me age ɖe lãme na wò. Ne wò ŋuti ka ame bubu tɔ ŋu alo nèwɔ atuu nɛ loo alo na asii la, esia ate ŋu akaka dɔlékuiwo. Dɔlékui siwo ŋku mate ŋu akpɔ o la ate ŋu anɔ ʋɔtruwo ƒe asiléƒewo, atrakpuiŋusiléƒewo, telefon, rimotwo (télécommande), kɔmpiuta ƒe ahuhɔ̃ewo kple eƒe kpeviwo dzi.

ALE SI NÀKPƆ ÐOKUIWÒ TA: Mègazã ame bubu ƒe gelũhɛ, numeklɔbrɔs alo tsiletse o. Mègana amewo alo lãwo ƒe fifia, tá alo mitsi naka ŋuwò o. Ʋu kple nu bubu siwo woɖe tso ʋu me hã le eme. Bu asikɔklɔ nyuie edziedzi nu vevii. Ðewohĩ emae nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto atsi dɔlélewo nu.

Ne anya wɔ la, nɔ aƒe me ne èdze dɔ be màgakaka dɔlélea o. Dɔléle Nutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe si le Amerika gblɔ be, ne èdi be yeakpe kpe alo anye la, wɔe ɖe takuvi alo wò awu ƒe abɔ me ke menye ɖe asiƒome o.

Blemalododo aɖe gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Ðe nya sia menye nyateƒe le xexe sia si me dɔléle vɔ̃ɖiwo yɔ fũu la me oa! Eya ta dze aɖaŋu; ne èdze dɔ la yi kɔdzi, eye kpɔ ɖokuiwò ta tso afɔku me to ale si nànɔ dzadzɛ ɣesiaɣi me. Xe mɔ ɖe nu siwo ate ŋu ana nàdze dɔ la nu atsɔ aɖe dɔlélewo dzi akpɔtɔ!

a Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ kafu mɔnu vovovo siwo dzi míato atrɔ asi le míaƒe tsi ŋu le aƒe me. Wo dometɔ aɖewoe nye atike si nye klorin kɔkɔ ɖe tsi me, ɣe ƒe ŋusẽ zazã atsɔ awu dɔlékuiwo, tsia tsɔtsyɔ kple eɖaɖa.

b Kpɔ July 2012 ƒe Nyɔ! axa 3-9 be nàkpɔ nu bubu siwo akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu alé be na nuɖuɖu nyuie.

c Be nànya nu siwo nàwɔ be nàte ŋu aƒo asa na asrã la, kpɔ July 2015 ƒe Nyɔ! axa 14-15.

d Ne lã siwo nu aɖi sesẽwo le ɖu wò alo té wò la, si du yi kɔdzi enumake.

Nu Si Nàwɔ Ne Dɔléle Aɖe Va Ðo Miaƒe Nutoa Me

Nyɔnu aɖe le asi klɔm

Le ƒe 2014 me la, Ebola dɔlékuia kaka kabakaba ɖe Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖewo me, eye wòɖi le nyadzɔdzɔwo me enuenu le xexea me godoo. Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe siwo le dukɔ mawo me na toklã amewo le nutoawo me be woakpɔ wo ɖokuiwo ta be woagaxɔ dɔa o. Ðasefowo teƒenɔla siwo le dukɔ mawo me gblɔ ale si wowɔ nɔ te ɖe nɔnɔmea nu.

  • Wole nu fiam amewo

    Aleke miekpe ɖe amewo ŋu wokpɔ afɔku si gbegbe me wole la dze sii?

    Míedze agbagba be míaɖe tɔtɔ kple vɔvɔ̃ si le wo me dzi akpɔtɔ. Míewɔ esia to ale si míena wonya ale si dɔlélea kakana kple nuwɔna siwo wòle be woatsri la me le teƒe siwo amewo sɔa gbɔ ɖo.

  • Asikɔklɔ

    Afɔ ŋutɔŋutɔ kawoe Yehowa Ðasefowo ɖe?

    Míezã dzoxɔxɔdzidzenu si mekaa ame ŋu o tsɔ dzidzea ame siwo vaa míaƒe kpekpeawo la ƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ. Ame sia ame dzea agbagba etɔxɛ be yeatsri asinana kple atuu wɔwɔ, eye míeklɔa asi edziedzi le ŋkekea me. Woda tsi si me wode atike si woyɔna le yevugbe me be bleach alo javel ɖe teƒe vevi aɖewo le nutoa katã me be amewo natsɔ aklɔ asi.

  • Telefon le aƒe aɖe me

    Aleke miewɔ hafi te ŋu yina miaƒe hahoo kpekpeawo eye miefiaa Biblia amewo?

    Dziɖuɖua de se be amewo nagayi nuto aɖewo me o, eya ta wote fli ɖe ame hahoowo ƒe kpekpewo me hena ɣeyiɣi aɖe. Le nuto mawo me la, ƒomewo kpena le aƒe me na subɔsubɔ. Ame aɖewo hã srɔ̃a Biblia kple amewo to fon dzi ale be yewoagate ɖe yewo nɔewo ŋu o.

  • Ɣletigbalẽ

    Nu kae miewɔna ne miekpɔ dɔlékuia ƒe dzesi le ame aɖe ŋu?

    Míenana dɔnɔdzikpɔlawo nyana enumake. Míeɖea ame sia ame si ka asi ame aɖe si le Ebola dɔa lém ŋu, de ame aɖe si dɔa wu ƒe kuteƒe alo ame aɖe si ŋu dɔa ƒe dzesi dze le la ɖe aga ŋkeke 21, si nye ŋkeke si wogblɔ be Ebola dɔlékuia xɔna le ame ŋu hafi dzea go.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe