Blemagbalẽ Aɖe Si Gaɖea Vi Na Mí Egbea
Ame geɖe dea bubu Biblia ŋu be enye subɔsubɔgbalẽ. Ke hã, menye subɔsubɔnyawo ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o. Eƒo nu tso nu ŋutɔŋutɔ siwo aɖe vi na mí le agbe me hã ŋu.
Le kpɔɖeŋu me, se nya si ame aɖewo gblɔ tso ale si Biblia xexlẽ kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ɖe vi na woe ɖa.
“Nye agbe va nyo wu. Eye ale si mebua nuwo ŋui hesea wo gɔme la va nyo ɖe edzi. Meva le dzidzɔ kpɔm fifia wu.”—Fiona.
“Biblia sɔsrɔ̃ na taɖodzinu ŋutɔŋutɔ kple gɔmesese va le nye agbe ŋu.”—Gnitko.
“Nye agbe va nyo ɖe edzi fifia wu. Meva nɔa agbe tsɛ eye mekpɔa vovo ɖe nye ƒomea ŋu.”—Andrew.
Kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Le xexea me godoo egbea, ame geɖe va kpɔe be aɖaŋuɖoɖo geɖe le Biblia me siwo ate ŋu aɖe vi na yewo le mɔ ŋutɔŋutɔwo nu.
Na míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le mɔ siwo gbɔna nu ɖa . . .
Lãmesẽmenɔnɔ
Míaƒe seselelãmewo
Ƒomegbenɔnɔ kple xɔlɔ̃wo
Gazazã
Mawusubɔsubɔ
Nyati siwo akplɔe ɖo la akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be menye subɔsubɔgbalẽ koe Biblia nye o ke boŋ aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu aɖe vi na wò hã le eme.