Le Nyɔ! Ƒe Tata Sia Me Ðe Biblia Ate Ŋu Ana Wò Agbe Nanyo Ðe Edzi Wua?
Blemagbalẽ Aɖe Si Gaɖea Vi Na Mí Egbea
Menye subɔsubɔnyawo ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe o. Eƒo nu tso nu ŋutɔŋutɔ siwo aɖe vi na mí le agbe me hã ŋu. Ðewoe nye:
Lãmesẽmenɔnɔ
Míaƒe seselelãmewo
Ƒomegbenɔnɔ kple xɔlɔ̃wo
Gazazã
Mawusubɔsubɔ
Agbalẽ Si Kpe Ðe Amewo Ŋu Wu Le Ŋutinya Me
Ƒe geɖee nye esia Biblia le kpekpem ɖe amewo ŋu woƒe agbe va le nyonyom ɖe edzi wu. Egbea, Biblia le gbegbɔgblɔ akpe geɖe me. Kpɔe ɖa be aleke eƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le ate ŋu aɖe vi na wòe hã.