NUMEDZODZRO KPLE AME SIWO DI BE YEWOAXƆ NYƆNYRƆ ƑE TAƑOƑO
Numedzodzro Kple Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ Ƒe Taƒoƒo
Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo mee wonyrɔa amewo le. Le nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒoa ƒe nuwuwu la, nuƒolaa abia tso ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ si be woatso eye woakɔ gbe dzi aɖo nyabiabia eve siwo gbɔna ŋu:
1. Ðe nètrɔ dzi me tso wò nu vɔ̃wo me eye nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa helɔ̃ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si wòwɔ to Yesu Kristo dzi la dzia?
2. Ðe nènya be wò nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia be èva zu Yehowa Ðasefo kple Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔa?
Ne ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, enye ‘emeʋuʋu le dutoƒo’ be yewoxɔ tafea dzi se eye yewotsɔ yewo ɖokui ɖe adzɔgbe keŋkeŋ na Yehowa. (Rom. 10:9, 10) Enyo be ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nabu nyabiabia siawo ŋu nyuie do ŋgɔ ahado gbe ɖa le wo ŋu ale be woƒe nyaŋuɖoɖoa nawɔ ɖeka kple nu si ŋu woawo ŋutɔwo va kpɔ kakaɖedzi le.
Ðe nègblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ, eye nèdo ŋugbe nɛ be eya ɖeka koe yeasubɔ eye yeana eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na ye le agbe mea?
Èka ɖe edzi bliboe fifia be ele be yeaxɔ nyɔnyrɔ le mɔnukpɔkpɔ gbãtɔ si asu asiwò mea?
Awu kae sɔ na nyɔnyrɔxɔxɔ? (1 Tim. 2:9, 10; Yoh. 15:19; Flp. 1:10)
Ele be míado awu le “ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me” ale be wòaɖee afia be míenye ame “siwo vɔ̃a Mawu.” Eya ta, masɔ be ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la nado tsimeyiwu si nana ametia ƒe nɔnɔme dzena alo awu siwo dzi woŋlɔ boblodonyawo alo nya bubuwo ɖo la o.
Ele be woado awu siwo ŋu kɔ, siwo le dzadzɛ, siwo dze ame ŋu, eye wosɔ na wɔna sia. Aleke wòle be ame nawɔ nui le nyɔnyrɔxɔɣia? (Luka 3:21, 22)
Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye kpɔɖeŋu si wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃ le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me egbea. Yesu kpɔe dze sii be afɔɖeɖe vevi aɖee nyɔnyrɔxɔxɔ nye, eye esia dze le eƒe nɔnɔme kple nuwɔna me. Eya ta mele be nyɔnyrɔxɔƒea nanye nukokoedonamenyawo gblɔƒe, fefeƒe, tsiƒuƒe, alo nu bubu siwo mesɔ o, siwo aɖe ame ƒe susu ɖa tso wɔnaa ƒe vevienyenye dzi la wɔƒe o; masɔ hã be Kristotɔ yeyea nawɔ nu abe aʋa gã aɖe dzie wòɖu ene o. Togbɔ be dzidzɔnyae nyɔnyrɔxɔxɔ nye hã la, ele be bubu nanɔ ale si woakpɔ dzidzɔae ŋu.
Aleke kpekpeawo dede edziedzi kple hamea ŋu nɔnɔ kplikplikpli akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe adzɔgbe si nèɖe na Yehowa dzi?
Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nu ka tae wòle vevie be nàlé ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui me ɖe asi eye nànɔ gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi?
MƆFIAMEWO NA HAMEMETSITSIWO
Ne gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ aɖe gblɔ be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, ele be miade dzi ƒo nɛ be wòato “Numetotobiabiawo Hena Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ,” si dze le agbalẽ sia ƒe axa 185-207 la me nyuie. Ele be miahe eƒe susu ayi “Gbedeasi Aɖe Na Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔ,” si dze egɔme tso axa 182, si ɖe ale si wòadzra ɖo ɖe nu siwo me hamemetsitsiwo ava dzro kplii ŋu me la dzi. Woɖe eme le gbedeasi ma me be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la ate ŋu awɔ eya ŋutɔ ƒe nuŋlɔɖiwo ŋu dɔ eye ate ŋu anɔ agbalẽ sia hã me kpɔm le numetotoa wɔɣi. Gake mehiã be ame aɖeke nato nyabiaseawo me kple amea hafi wòava kpe kple hamemetsitsiwo o.
Ele be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la nana hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nanya. Ne ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la di ɣeyiɣi to “Numetotobiabiawo Hena Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ” la me vɔ la, hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔlaa abiae be ɖe wògblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu mahã. Ne egblɔ be yetsɔ ye ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ekema hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔlaa awɔ ɖoɖo be hamemetsitsi eve nadzro “Numetotobiabiawo Hena Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ” la me kplii. Ele be hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka nadzro numetotobiabiawo ƒe akpa gbãtɔ me kplii eye hamemetsitsi evelia nadzro akpa evelia me kplii. Mehiã be woalala va se ɖe esime woɖe gbeƒãe be wogbɔna takpekpe sue alo takpekpe gã wɔ ge hafi woawɔ numetoto siawo o.
Zi geɖe la, woate ŋu ato akpa eveawo dometɔ ɖe sia ɖe me le ɣeyiɣi vovovowo me, eye ɖe sia ɖe axɔ abe gaƒoƒo ɖeka ene, togbɔ be megblẽ naneke ne ehiã be wòadidi wu ema o gɔ̃ hã. Ele be woado gbe ɖa hafi adze akpa ɖe sia ɖe me toto gɔme eye woagado gbe ɖa atsɔ awu enu. Mele be woaƒlɔ dzo ɖe ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔa loo alo hamemetsitsiawo te le numetotobiabiawo me toto me o. Ke hã, ele be hamemetsitsi siwo wode numetotoa asi na la natso ɖe eŋu kaba.
Zi geɖe la, enyona wu be woadzro biabiaawo me kple ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ɖekaɖeka, ke menye le ƒuƒoƒo me o. Ne hamemetsitsiawo na amea ɖo nyabiabia ɖe sia ɖe ŋu la, ana wòadze ƒãa nenye be ese nufiafiawo gɔme nyuie, ale be ɖikeke aɖeke manɔ wo me nenye be amea dze axɔ nyɔnyrɔ loo alo medze o. Awɔe hã be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la navo le eɖokui me agblɔ eƒe dzimenyawo faa ne woto nua me kple eya ɖeɖe. Miate ŋu awɔ numetotoa kple atsu kple asiwo ya ɖekae.
Ne nyɔnue ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔa nye la, ele be woawɔ ɖoɖo awɔ numetotoa le afi si ame bubuwo ate ŋu akpɔ wo le gake womase nya si gblɔm wole o. Ne ehiã be ame bubu aɖe nanɔ eteƒe la, ke ele be wòanye hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla, le akpa si me dzrom wole nu, abe ale si wona eŋuti mɔfiame le memama si kplɔe ɖo me ene.
Le hame siwo me hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ le o me la, subɔsubɔdɔwɔla dovevienu siwo ƒe nyametsotso dana sɔna eye wobua nu ŋu nyuie la ate ŋu ato numetotobiabia siwo dze le “Akpa 1: Kristotɔwo Ƒe Dzixɔsewo” me la me kple ameawo. Hamemetsitsiwo koe ato “Akpa 2: Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ” la me kple ameawo. Ne nɔviŋutsu siwo dze la mesɔ gbɔ le hamea me o la, woate ŋu agblɔe na nutome sue dzikpɔla ale be wòakpɔe ɖa be hame aɖe le nutoa me si ate ŋu ana kpekpeɖeŋu hã.
Ne ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la nye ɖevi la, ele be edzila haxɔsetɔ(wo) nanɔ eteƒe. Ne edzilawo mate ŋu anɔ eteƒe o la, ekema, hamemetsitsi eve nadzro eme kplii (alo le numetotoa ƒe akpa si me dzrom wole nu la, hamemetsitsi ɖeka kple subɔsubɔdɔwɔla ɖeka) nadzro eme kplii.
Hamemetsitsiwo naka ɖe edzi be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la se Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme ale si dze. Gakpe ɖe eŋu la, woakpɔ egbɔ be edea asixɔxɔ nyateƒea ŋu vevie eye wòdea bubu Yehowa ƒe habɔbɔa hã ŋu ale si dze. Ne amea mese Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme o la, hamemetsitsiwo awɔ ɖoɖo be woana kpekpeɖeŋui ale be wòate ŋu adze na nyɔnyrɔxɔxɔ ɣebubuɣi. Ahiã be woana ɣeyiɣi ame aɖewo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe wu afia ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa alo ɖokuibɔbɔ ɖe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo te ŋu. Wogblẽe ɖe hamemetsitsiwo si me be woawɔ gaƒoƒo ɖeka si woatsɔ adzro akpa ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ nyuie ale be woakpɔ kakaɖedzi blibo be amea dze axɔ nyɔnyrɔ loo alo medze o. Togbɔ be woate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe ɖe biabia aɖewo ŋu wu bubuwo hã la, ele be woato biabiawo katã me.
Hamemetsitsi siwo wode dɔ asi na be woadzro numetotobiabiawo me kple amea la akpe le akpa evelia me dzodzro vɔ megbe ahatso nya me nenye be amea dze axɔ nyɔnyrɔ loo alo medze o. Hamemetsitsiawo abu ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nɔnɔmewo kple ŋutetewo kpakple nu bubuwo ŋu. Ame siwo míaɖe mɔ na lae nye ame siwo trɔ woƒe dzi ɖe Yehowa ŋu eye wose Biblia me nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme. Ne miekpe ɖe ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ŋu lɔlɔ̃tɔe la, ana woasu te nyuie be woawɔ dɔ vevi si wode asi na wo be woanye nya nyuia ƒe subɔlawo la ade goe.
Esia megbe la, hamemetsitsi siwo wode numetotoa asi na la dometɔ ɖeka alo evea akpe kple amea ahana wòanya be edze axɔ nyɔnyrɔ alo medze o. Ne amea dze la, ele be hamemetsitsiwo nadzro nyati si nye “Numedzodzro Kple Ame Siwo Di Be Yewoaxɔ Nyɔnyrɔ Ƒe Taƒoƒo,” si le axa 206-207 la me kplii. Ne ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔa mewu Nu Si Biblia Fia kple Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa gbalẽawo sɔsrɔ̃ nu haɖe o la, hamemetsitsiawo nade dzi ƒo nɛ be wòawu agbalẽawo sɔsrɔ̃ nu le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe. Migblɔ na ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la be woaŋlɔ ɣletiŋkeke si dzi wòaxɔ nyɔnyrɔ le la ɖe Hamea Me Gbeƒãɖela Ŋuti Nuŋlɔɖi si le eƒe ŋkɔ me la me. Miɖo ŋku edzi nɛ be, nu si tae hamemetsitsiwo xɔ eya amea ŋuti nyatakakawo tso egbɔ ye nye be habɔbɔa nate ŋu ayi edzi anɔ Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔnyawo gbɔ kpɔm le xexea me godoo eye eya ŋutɔ hã nate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔwo me eye wòaxɔ kpekpeɖeŋu siwo wòahiã be wòakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo ŋku edzi na gbeƒãɖela yeyewo be habɔbɔa awɔ wo ŋuti nyatakaka ɖe sia ɖe ŋu dɔ le ɖekawɔwɔ me kple Ameŋunyatakakawo Ta Kpɔkpɔ Ƒe Ðoɖo Siwo Le Yehowa Ðasefowo Si, siwo dze le jw.org. Zi geɖe la, miniti ewo alo esi made nenema o koe wòle be numedzodzro sia naxɔ.
Ƒe ɖeka le gbeƒãɖelaa ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, hamemetsitsi eve nakpe kplii ne woade dzi ƒo nɛ ahaɖo aɖaŋu siwo sɔ la nɛ. Hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka nanye eƒe gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔla. Ne ɖevie nyɔnyrɔxɔla yeyea nye la, ele be edzila haxɔsetɔ(wo) nanɔ eteƒe. Taɖodzinua ye nye be woado vivi ɖe amea ŋu ahade dzi ƒo nɛ. Hamemetsitsiawo aƒo nu tso gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si wɔm wòle ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woagblɔ ale si wòawɔ be wòalé ɖoɖowɔɖi nyui me ɖe asi le ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple Biblia xexlẽ gbe sia gbe, gomekpɔkpɔ le ƒometadedeagu me kwasiɖa sia kwasiɖa, kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me nuteƒewɔwɔtɔe kpakple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa me. (Ef. 5:15, 16) Ne amea mewu Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa sɔsrɔ̃ nu o la, hamemetsitsiawo nawɔ ɖoɖo be woakpe ɖe eŋu wòasrɔ̃e awu enu. Hamemetsitsiawo nakafui vividoɖeameŋutɔe. Zi geɖe la, nu ɖeka eve aɖewo ŋu koe wòahiã be woaɖo aɖaŋu alo ana mɔfiame le.