Gilead Balsam—Ami Si Daa Gbe Le Ame Ŋu
ŊUTINYA nyanyɛ aɖe le Biblia gbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me, si ƒo nu tso Yosef ŋu be nɔviawo dzrae na Ismaeltɔ asitsala aɖewo siwo yina Egipte. Gilead ye asitsahaa tso va yina ɖe Egipte, eye wotsɔ balsam kple adzɔnu bubuwo ɖe woƒe kposɔwo dzi. (1 Mose 37:25) Nyatakaka kpui ma ɖee fia be wobu Gilead balsam nu vevi aɖee le blema Titina Ɣedzeƒe nutoawo me le ale si gbegbe wòɖea vi le atikewɔnyawo me ta.
Ke hã, le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la, nyagblɔɖila Yeremiya bia nya sia nublanuitɔe be: “Ðe atike [alo balsam] aɖeke megale Gilead” oa? (Yeremiya 8:22) Nu kae ʋã Yeremiya wòbia nya sia? Nu ka koŋ ye nye balsam? Ðe balsam aɖe li si daa gbe le ame ŋu egbea?
Balsam Le Biblia Ŋlɔɣiwo
Balsam nye ŋkɔ si woyɔna na ami aɖe si ʋẽna lilili, si wokpɔna tso ati kple gbe vovovo aɖewo me zi geɖe. Balsam, si wotsɔ wɔa lifi kple ami ʋeʋẽ zi geɖe, nye nu xɔasiwo dometɔ ɖeka le blema Titina Ɣedzeƒe nutoawo me. Woyɔe de nu siwo wotsɔ wɔa lifi kple ami ʋeʋẽe kɔkɔe siwo Israel viwo zã le avɔgbadɔa me le woƒe dzodzo le Egipte megbe teti la me. (2 Mose 25:6; 35:8) Balsam hã nɔ nunana xɔasi siwo Seba fianyɔnua tsɔ vae na Fia Salomo la dome. (1 Fiawo 10:2, 10) Hafi Ester nado ɖe Persia fia Axasweros ŋkume la, ‘wosi atike ʋeʋẽe, alo balsam-mi, nɛ dzinu ade sɔŋ’ bene wòadze tugbe ɖe edzi.—Ester 1:1; 2:12.
Togbɔ be wokpɔ balsam le Titina Ɣedzeƒe nutoa ƒe akpa vovovowo hã la, Ŋugbedodonyigbaa dzi koe wokpɔ Gilead balsam ya le, eye Gilead nye nuto si nɔ Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome. Blemafofo Yakob bu balsam be enye “anyigba dzi nu [vevitɔ kekeakewo]” dometɔ ɖeka, eye wòtsɔ ɖe ɖo ɖe Egipte abe nunana ene. (1 Mose 43:11) Eye nyagblɔɖila Xezekiel yɔ balsam ɖe adzɔnu siwo Yuda kple Israel tsɔ ɖo ɖe Tiro la dome. (Xezekiel 27:17) Balsam xɔ ŋkɔ le ale si gbegbe wòɖea vi le atikewɔwɔ me ta. Blemagbalẽ geɖewo ƒo nu tso ŋutete tɔxɛ si le ami sia ŋu le dɔdada gome, vevietɔ ale si wòte ŋu wua abi kabae la ŋu.
Balsam Na Dukɔ Aɖe Si Le Dɔ Lém
Azɔ, nu ka tae Yeremiya bia nya sia be ‘Ðe balsam aɖeke megale Gilead’ oa ɖo? Be míase nu si tae gɔme la, ele be míatrɔ alé ŋku ɖe nɔnɔme si me Israel dukɔa nɔ ɣemaɣi ŋu. Do ŋgɔ la, nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tso ale si gbegbe dukɔa dze dɔ le gbɔgbɔ mee la ŋu eme kɔ nyuie be: “Teƒe nyui aɖeke mele eŋu o, tso afɔƒome va se ɖe dzodome: abi kple dodro kpakple ƒoƒo yeye; womeyɔ tsi le eme o, womeblae o.” (Yesaya 1:6) Le esi teƒe be woade dzesi woƒe nɔnɔme wɔnublanuia ahadi dɔyɔyɔ la, ɖeko dukɔa yi eƒe aglãdzenuwɔnawo dzi boŋ. Kaka Yeremiya ƒe ɣeyiɣia naɖo la, nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi ale gbegbe be ɖeko Yeremiya fa konyi be: “Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?” Ne ɖe wotrɔ ɖe Yehowa ŋu la, anye ne eda gbe le wo ŋu. Esiae ʋã Yeremiya wòbia nya wɔdɔɖeamedzi sia be: ‘Ðe balsam aɖeke megale Gilead’ oa?—Yeremiya 8:9.
‘Abi kple dodro kpakple ƒoƒo yeyewo’ le egbexexea hã ŋu le mɔ geɖewo nu. Ame geɖe le hiãkame, madzɔmadzɔnyenye, ɖokuitɔdidi, kple tagbɔsesẽ le ame ŋu ƒe fu kpem le esi havilɔlɔ̃ nu le tsitsim ta. (Mateo 24:12; 2 Timoteo 3:1-5) Ame geɖewo sena le wo ɖokuiwo me be womelɔ̃a yewo o, le yewoƒe ŋutigbalẽ, gbegbɔgblɔ, alo ƒexɔxɔ ta. Tsɔ kpe ɖe emawo katã ŋu la, dɔwuame, dɔléle, aʋawɔwɔ, kple ku ƒe vevesesewo hã li. Xɔsetɔ vavã geɖe biana abe Yeremiya ene egbea be, ‘ɖe balsam aɖeke megale Gilead’ woatsɔ aɖo ame siwo le fu kpem la ƒe gbɔgbɔme kple seselelãmebiwo na wo oa?
Nya Nyui Si Daa Gbe Le Ame Ŋu
Biabia ma tɔgbi nɔ susu me na ame tsɛ siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli. Gake wova kpɔ ŋuɖoɖo nɛ. Esi Yesu yi Nazaret ƒe ƒuƒoƒea le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, exlẽ Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsaa ƒe akpa aɖe si gblɔ be: “Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na ame siwo wote ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu.” (Yesaya 61:1) Eyome Yesu na wonya be ye ŋue nya mawo ku ɖo, heto ema dzi ɖee fia be yee nye Mesia si wodɔ ɖa be yeava ɖe gbeƒã gbedeasi si afa akɔ na amewo.—Luka 4:16-21.
Yesu ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã. (Mateo 4:17) Le eƒe Todzimawunyaa me la, edo ŋugbe na ame siwo le fu kpem la be woƒe nɔnɔmea ava trɔ esi wògblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye mi ame siwo le avi fam fifia, elabena miava ko nu.” (Luka 6:21) Yesu to gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava—si nye gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame—dzi ‘da gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu.’
Nenema koe “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” gafaa akɔ na ame egbeae. (Mateo 6:10; 9:35) Le kpɔɖeŋu me, bu Roger kple Liliane ŋu kpɔ. Ƒe 1961 ƒe January mee wose agbe mavɔ si ŋugbe Mawu do la ŋu nya zi gbãtɔ, eye wòfa akɔ na wo abe ale si ko balsam tsɔtsɔ ɖo abi nana ame ƒe dzi dzea emee ene. Liliane gblɔ be: “Gbe ma gbe la, meɖu ɣe le dzodoƒe nyuie le nu si mesrɔ̃ ta. Dzi dzɔm ale gbegbe.” Roger, si tutudɔ ɖe fu na ƒe ewo sɔŋ la hã gblɔ kpee be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, mekpɔ dzidzɔ ɖe agbea ŋu, le mɔkpɔkpɔ wɔnuku si va su asinye ku ɖe tsitretsitsia kple ale si woava ɖe vevesese kple dɔlélewo katã ɖa ŋu la ta.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Le ƒe 1970 me la, wo viŋutsu si xɔ ƒe 11 pɛ ko la ku. Gake womebu mɔkpɔkpɔ o. Ke boŋ woka ɖe edzi be Yehowae nye “ame si daa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòblaa woƒe abiwo.” (Psalmo 147:3) Mɔkpɔkpɔ si le wo si la fa akɔ na wo. Ƒe 50 kloe ye nye esia si Mawu Fiaɖuƒe si gbɔna ŋuti nya nyuia le akɔfafa kple dzidzeme nam wo.
Gbedada Si Le Ŋgɔ Gbɔna
Ke azɔ, ɖe ‘balsam aɖe le Gilead’ egbea? Ɛ̃, gbɔgbɔ me balsam kpɔtɔ li egbea. Akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ si Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nana la te ŋu daa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã ŋu. Àdi be nya nyuia nada gbe le wò hã ŋuwòa? Nu si ko wòle be nàwɔe nye be nàɖe mɔ Mawu ƒe Nyaa me gbedeasi fakɔnamea naɖo wò dzi gbɔ eye nàna wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi. Ame miliɔn geɖewo le ewɔm nenema xoxo.
Gbedada si balsam sia nana la nye gbɔdzɔe gã si míava kpɔ le etsɔme la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe ko. Ɣeyiɣi si Yehowa Mawu ‘ayɔ dɔ dukɔwo’ be woanɔ agbe tegbee la tu aƒe ŋutɔ. Ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Ɛ̃, ‘balsam gakpɔtɔ le Gilead’!—Nyaɖeɖefia 22:2; Yesaya 33:24.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Dɔyɔŋusẽ si le Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu gakpɔtɔ le akɔ fam na ame siwo ƒe dzi gbã la egbea