INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 6/1 axa 8-10
  • Nu Vɔ̃ Ŋuti Nyateƒe La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Vɔ̃ Ŋuti Nyateƒe La
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mí Katã Míedoa Kpo Nu
  • Yesu Ƒe Vɔsaa Kple Nu Si Ta Wòhiã
  • Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ “Ƒonɛ Ðe Mía Nu”
  • Yesu Naa Xɔxɔ—Mɔ Ka Nu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nu Ka Tae Amewo Kuna?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Vɔ̃—Ðe Nane Trɔ Le Eŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ɣeyiɣi si me Nuvɔ̃ Maganɔ Anyi O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 6/1 axa 8-10

Nu Vɔ̃ Ŋuti Nyateƒe La

NE WONA atike dɔnɔ aɖe, evɔ wòtsɔ atikea ƒu gbe la, ɖe ema ɖeɖe nye kpeɖodzi be mele dɔ lém oa? Gbeɖe! Nenema kee esi ame geɖe gbe lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe nu vɔ̃ ŋu dzi la, ema menye kpeɖodzi be nu vɔ̃ meli o. Eƒe Nya Biblia fia nu geɖe mí tso nu vɔ̃ ŋu. Nu ka tututue Biblia fia tso nu vɔ̃ ŋu?

Mí Katã Míedoa Kpo Nu

Anɔ abe ƒe akpe evee nye esia la, nyateƒenya sia te ɖe apostolo Paulo dzi vevie be, ‘nu nyui si yedina la, yemewɔnɛ o, gake nu vɔ̃ɖi si yemedina o la, eya boŋ yewɔna.’ (Romatɔwo 7:19) Le nyateƒe me la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme ma tɔgbi mee míawo hã míele. Ðewohĩ míedina be míanɔ agbe ɖe Se Ewoawo alo dzidzenu bubu aɖewo nu, gake míelɔ̃ alo míeɖalɔ̃ o, ɖeko míedoa kpo nu ɣeaɖewoɣi. Menye ɖe míeɖonɛ koŋ daa se dzi o, gake nya lae nye be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe míenye. Nu ka gbɔe wòtso? Paulo ŋutɔ ɖo eŋu be: “Ne nu si nyemedina o lae mewɔna la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.”—Romatɔwo 7:20.

Abe Paulo ene la, gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo le amegbetɔwo katã ŋu le dzɔdzɔme nu—si nye kpeɖodzi be míenyi nu vɔ̃ kple blibomademade dome. Apostoloa gblɔ be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” Nu kae na míeva le nɔnɔme sia me? Paulo yi edzi be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 3:23; 5:12.

Togbɔ be ame geɖe melɔ̃na ɖe edzi be mía dzila gbãtɔwo ƒe nu vɔ̃ gblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodoa me, eye wòna míezu ame madeblibowo o hã la, nu ma tututue Biblia ya fia. Esi wònye Yesu yɔ nya tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me tsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzi ta la, efia be exɔ Adam kple Xawa ŋuti nuŋlɔɖi siwo le eme dzi se.—1 Mose 1:27; 2:24; 5:2; Mateo 19:1-5.

Gbedeasi si le Biblia me ƒe akpa vevi aɖee nye be Yesu va anyigba dzi be yeava ɖe ame siwo axɔ ye dzi ase la tso nu vɔ̃ me. (Yohanes 3:16) Míaƒe etsɔme nɔ te ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnu siwo dzi Yehowa ɖoe be yeato aɖe ameƒomea tso nɔnɔme sesẽ siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me ŋu dzi. Gake ne míese ale si Mawu bua nu vɔ̃e gɔme o la, míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe mɔnuɖoɖo siwo dzi wòato aɖe mí tso eme la ŋu o.

Yesu Ƒe Vɔsaa Kple Nu Si Ta Wòhiã

Yehowa na agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ amegbetɔ gbãtɔ, Adam. Ne edze aglã ɖe Mawu ŋu ko hafi mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ma age le esi. Adam dze aglã, ale wòzu nuvɔ̃me. (1 Mose 2:15-17; 3:6) Ewɔ nu si tsi tsitre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu, si na megade blibo o, eye woa kple Mawu dome ƒomedodoa me gblẽ. Esi wòwɔ nu vɔ̃ to Mawu ƒe se dzi dada me ta la, eva ku amegã eye wòku. Nublanuitɔe la, esia na wova dzi Adam ƒe dzidzimeviwo katã—siwo dome míawo hã míele—ɖe nu vɔ̃ me, si wɔe be mí katã míekuna. Nu ka tae?

Nu si tae la gɔme sese mesesẽ o. Dzila madeblibowo mate ŋu adzi vi deblibowo o. Wodzi Adam ƒe dzidzimeviwo katã ɖe nu vɔ̃ me, eye abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, “fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Ke hã, mawunyakpukpui ma ƒe akpa evelia na mɔkpɔkpɔ mí be: “Gake nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.” Esia fia be to Yesu ƒe vɔsakua dzi la, woate ŋu aɖe ameƒomea me tɔ toɖola siwo kpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe mɔnuɖoɖowo ŋu la tso Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonu gbegblẽwo me.a (Mateo 20:28; 1 Petro 1:18, 19) Aleke wòle be ema nana nàse le ɖokuiwò me?

Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ “Ƒonɛ Ðe Mía Nu”

Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe biabia si le etame ŋu. Eŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ si le Kristo la si ƒonɛ ɖe mía nu, elabena aleae míekpɔe enye esi: be ame ɖeka ku ɖe wo katã ta; . . . eye wòku ɖe wo katã ta, bene ame siwo le agbe la naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.” (2 Korintotɔwo 5:14, 15) Ne ame aɖe lɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ le Yesu ƒe vɔsakua ŋu be wòate ŋu aɖe ye tso nu vɔ̃ me tsonu gbegblẽawo me, eye wòdi be yeaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe mɔnuɖoɖo ma ŋu la, ele be wòadze agbagba anɔ agbe ɖe nu siwo Mawu di tso esi la nu. Esia lɔ ale si wòadze agbagba ase Mawu ƒe nudidiwo gɔme, atsɔ Biblia ƒe dzidzenuwo amlã eƒe dzitsinya ahanɔ agbe ɖe dzidzenu mawo nu ɖe eme.—Yohanes 17:3, 17.

Nu vɔ̃ gblẽa nu le mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodoa ŋu. Ðikeke mele eme o be, esi Fia David va kpɔe be ŋkubiãnyae ahasi si yewɔ kple Bat-Seba hena wowu srɔ̃a nye la, ekpe ŋu nɛ vevie. Gake nu si ŋu wòtsi dzi ɖo wu—eye wòsɔ be wòawɔe nenema hã—ye nye be eƒe nu vɔ̃ mawo nye agɔdzedze le Mawu dzi. Esia ƒoe ɖe enu wòʋu eme na Yehowa be: “Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ.” (Psalmo 51:6) Nenema kee esi ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔ dze ŋgɔ Yosef la, eƒe dzitsinya ʋãe wòbia nya sia be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?”—1 Mose 39:9.

Eya ta menye ale si ŋu akpe mí ne ame bubuwo va nya nu tso nu vɔ̃ aɖe si míewɔ ŋue nye nya o. Eye menye ale si amewo abu mí, alo to si woahe na mí ne míeda se aɖe dzi hãe nye nya o. Ke boŋ Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ, anukwareɖiɖi, bubudede amewo ŋu, tadedeagu, kple bubuawo ŋu la dzi dada gblẽa nu le mía kplii dome ƒomedodo ŋu. Ne míeɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ wɔm la, ekema míele mía ɖokui wɔm Mawu ƒe futɔe. Esia nye nyateƒenya aɖe si ŋu wòle be míade ŋugble tso vevie.—1 Yohanes 3:4, 8.

Ke azɔ, nu kae dzɔ ɖe nu vɔ̃ dzi? Nyateƒeae nye be naneke medzɔ ɖe nu vɔ̃ dzi o. Ðeko amewo trɔ ŋkɔ nɛ be wòagadze ŋkubiãnyae o. Ame geɖewo ŋea aɖa ƒua woƒe dzitsinya dzi hena wòku atri gɔ̃ hã. Ele be ame siwo katã di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la naƒo asa na nɔnɔme ma. Abe ale si míedzro eme va yi ene la, menye ŋukpe koe nye nu vɔ̃ ƒe fetu o, ke boŋ ku hãe. Agbe kple ku ƒe nyae nu vɔ̃ nye.

Gake dzidzɔtɔe la, to Yesu ƒe vɔsaa dzi la, woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ne míetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ hedzudzɔ nuvɔ̃gbenɔnɔ. Paulo ŋlɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe sedzimawɔmawɔ nuwɔnawo wotsɔ ke, siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nu la; dzidzɔtɔe nye ame si ƒe nu vɔ̃ Yehowa mabu nɛ kura o.”—Romatɔwo 4:7, 8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe axa 47 va se ɖe 54 hena numeɖeɖe bubu siwo ku ɖe ale si Yesu ƒe vɔsakua ate ŋu aɖe ameƒomea me tɔ toɖolawoe la ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

Tɔtrɔ Kpata Si Mawuŋutinunyafialawo Wɔ

Tso gbe aɖe gbe ke la, Katolikotɔ akpa gãtɔ mesea Limbo ŋuti nufiafia gɔme o. Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia la, wova le asi ɖem le nufiafia ma ŋu, eye mlɔeba la, megava dzena le Katolikotɔwo ƒe dzixɔse ŋuti nufiagbalẽwo me o. Le ƒe 2007 me la, Katolikohaa da asi ɖe edzi be woaɖe asi le Limbo ŋuti nufiafiaa ŋu, esi wogblɔ le agbalẽ aɖe me be, “le mawuŋutinunya kple sɔlemehaa ƒe dzixɔsewo nu la, esɔ be míakpɔ mɔ be vidzĩ siwo womede tsi ta na hafi woku o la ate ŋu akpɔ ɖeɖe ahayi ɖe dzidzɔ mavɔ me.”—Katolikotɔwo Ƒe Dukɔwo Dome Mawuŋutinunyalawo Ƒe Takpekpe.

Nu ka tae mawuŋutinunyafialawo wɔ tɔtrɔ kpata sia? Nya lae nye be esia na sɔlemehaa vo tso fɔbubu si le edzi tso gbe aɖe gbe ke la me, si ŋu Franseawo ƒe nyadzɔdzɔŋlɔla Henri Tincq gblɔ le be “ezu hlɔ̃made kotoku si kpakpla zu dɔ na Sɔlemehaa, si ta wotsɔ ayedzedze nɔ ʋiʋlim tso ƒe 1000 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 1900-awo me, be yeatsɔ aƒoe ɖe dzilawo nu woana woade tsi ta na wo viwo kaba.” Gake abe ale si ko hlɔ̃made kotoku makplamakpla hã zua dɔe ene la, asiɖeɖe le Limbo ŋuti nufiafiaa ŋu hã gafɔ nya bubuwo ɖe te.

Amewo Ƒe Nufiafiae Loo Alo Ŋɔŋlɔawo Me Nufiafiae? Ŋutinya ɖee fia be ŋutiklɔdzo nufiafiaa ŋuti numedzodzro si Katolikohaa wɔ le ƒe alafa 12 lia me la mee woto Limbo ƒe dzixɔsea vae le. Katolikoha fiaa nu be ame ƒe luʋɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe, eya ta ele be woadi nya aɖe agblɔ tso teƒe si vidzĩ siwo medze ayi dziƒo o, le esi womede tsi ta na wo o ta, evɔ womedze ayi dzo mavɔ me hã o, ƒe luʋɔwo anɔ la ŋu. Alea wòdzɔe be wova to Limbo ŋuti nufiafiaa vae.

Gake Biblia ya mefia nu be luʋɔ nɔa agbe le ku megbe o. Ðe eteƒe la, ena eme kɔ ƒãa be menye nu makumakue amegbetɔ ƒe luʋɔ nye o, ke boŋ be luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ la “aku,” alo “woatsrɔ̃e.” (Dɔwɔwɔwo 3:23; Xezekiel 18:4) Esi luʋɔ kuna ta la, teƒe aɖeke mate ŋu anɔ anyi si woayɔ be Limbo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be ame siwo ku la meganya naneke o, abe ale si ko ame si le alɔ̃ dɔm la meganyaa naneke o ene.—Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 11:11-14.

Biblia ɖee fia be dzila Kristotɔwo ƒe vidzĩwo le kɔkɔe le Mawu ŋkume. (1 Korintotɔwo 7:14) Ne tsi dede ta na vidzĩwo hiã hafi woakpɔ ɖeɖe la, ke gɔmesese aɖeke manɔ Biblia me nya mawo ŋu o.

Le nyateƒe me la, Limbo ŋuti nufiafiaa doa vlo Mawu, elabena enana wòdzena be enye ŋutasẽdziɖula si hea to na fɔmaɖilawo, evɔ Fofo lɔ̃ame si wɔa nu dzɔdzɔe ye wònye hafi. (5 Mose 32:4; Mateo 5:45; 1 Yohanes 4:8) Mewɔ nuku o be nufiafia ma si metso Ŋɔŋlɔawo me o la ɖea fu na Kristotɔ dzianukwaretɔwo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu nana ƒomedodo nyui nɔa mía kple Mawu kpakple mía havi amegbetɔwo dome

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe