Sɔhɛwo—Mitsi Tsitre Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Ŋu
‘Mina dze nanɔ miaƒe nya me, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.’—KOL. 4:6.
1, 2. Aleke sɔhɛ geɖewo sena le wo ɖokuiwo me ku ɖe ale si woato vovo le wo tɔwo dome ŋu, eye nu ka tae?
ÐIKEKEMANƆMEE la, menye ɖeko nèse nyagbɔgblɔ “hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu” kpɔ ko o, ke boŋ wò ŋutɔ èdo go nyaƒoɖeamenu sia kpɔ. Ðewohĩ edzɔ ɣeaɖeɣi kpɔ be ame aɖe ƒoe ɖe nuwò be nawɔ nane si ènya be menyo o. Ne edzɔ alea la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? Christopher, si xɔ ƒe 14 la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko medina be mabu enumake, alo be mawɔ nu abe nye sukuhati mamlɛawo ke ene ale be nyemagato vovo le wo dome o.”
2 Ðe hatiwòwo kpɔa ŋusẽ ɖe dziwòa veviea? Ne nenemae la, nu ka tae? Ðe wòate ŋu anye be esi nèdina be woalɔ̃ yeƒe nya ta yea? Didi ma ŋutɔ megblẽ le eɖokui si o. Le nyateƒe me la, ame tsitsiwo hã dina be yewo hatiwo nalɔ̃ yewoƒe nya. Ame aɖeke, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, medina be woatsri yeƒe nya o. Ke hã, nyateƒeae nye be menye ɣesiaɣie amewo kpɔa dzidzɔ ɖe ame si wɔa nu si le eteƒe la ŋu o. Esia dzɔ ɖe Yesu kura gɔ̃ hã dzi. Togbɔ be edzɔ alea hã la, Yesu wɔ nu si le eteƒe ɣesiaɣi. Esime ame aɖewo dze Mawu Vi la yome va zu eƒe nusrɔ̃lawo la, ame bubuwo ya do vloe eye ‘womebui ɖe naneke me o.’—Yes. 53:3.
Nuwɔwɔ Abe Hatiwo Ene Ƒe Nyaƒoɖeamenua Nu Sẽ Ŋutɔ
3. Nu ka tae wònye vodada be nàwɔ nu wòasɔ ɖe hatiwòwo ƒe dzidzenuwo nu?
3 Ɣeaɖewoɣi la, adzro wò be yeawɔ nu wòasɔ ɖe hatiwòwo ƒe dzidzenuwo nu ale be woagagbe nu le gbɔwò o. Ema anye vodada. Mele be Kristotɔwo nanye “vidzĩ, siwo wonyamana abe ale si ƒutsotsoewo nyamaa nu ene” o. (Ef. 4:14) Amewo tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ɖevi suewo dzi bɔbɔe. Ke hã, abe sɔhɛ ene la, èle tsitsim. Esia ta, ne èxɔe se be wò nyonyo tae Yehowa ƒe dzidzenuwo li ɖo la, ekema eme anyo na wò ne ènɔ agbe wòwɔ ɖeka kple wò dzixɔsewo. (5 Mose 10:12, 13) Ne mèwɔa alea o la, afia be èɖe mɔ amewo le ŋusẽ kpɔm ɖe wò agbe dzi. Nyateƒea ye nye be, ne èɖe mɔ amewo ƒe nyaƒoɖeamenuwo kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò la, ke àzu abe sɔ ene woanɔ dodom.—Mixlẽ 2 Petro 2:19.
4, 5. (a) Aleke Aron ɖe mɔ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔ ŋusẽ ɖe edzii, eye nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso esia me? (b) Mɔnu kawoe hatiwòwo ate ŋu azã atsɔ aƒo nya ɖe nuwò?
4 Gbe ɖeka la, Mose nɔvi Aron ɖe mɔ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Esi Israel viwo ƒoe ɖe enu be wòawɔ mawu na yewo la, elɔ̃ wɔe na wo. Aron menye ame beli o. Do ŋgɔ la, woa kple Mose wokpe akɔ kple Farao, ŋusẽtɔ gãtɔ kekeake si nɔ Egipte la. Ɣemaɣi la, Aron gblɔ Mawu ƒe gbedeasia na Farao dzinɔameƒotɔe. Gake esime Aron hati Israel viwo ƒo nya ɖe enu la, ena ta. Ŋusẽ ka gbegbee nye esi le nyaƒoɖeamenu ŋu! Enɔ bɔbɔe na Aron be wòanɔ te ɖe Egipte fia Farao nu, gake esesẽ nɛ be wòanɔ te ɖe ehati Israel viwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu.—2 Mose 7:1, 2; 32:1-4.
5 Abe ale si Aron ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, menye sɔhɛwo dzi koe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ ɖo o, alo menye ame siwo ŋutɔ hã dina be yewoawɔ nu gbegblẽ la koe wònye kuxi na o. Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo dina anukwaretɔe be yewowɔ nu si le eteƒe la gɔ̃ hã dzi—wò hã èle eme. Hatiwòwo adze agbagba be yewoable nuwò ade nu gbegblẽ wɔwɔ me, to nyaƒoƒo ɖe nuwò be nàwɔ nu dziŋɔ aɖe, to alakpanyawo gbɔgblɔ le ŋuwò, alo to alɔmeɖeɖe le ŋuwò dzi. Mɔ ka ke dzie hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu to va o tenɔnɔ ɖe enu sesẽna. Nu gbãtɔ si ana nàte ŋu atsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu dzidzedzetɔe enye be nàka ɖe nu siwo dzi nèxɔ se la dzi.
‘Yi Edzi Nànɔ Ame Si Wò Ŋutɔ Nènye La Dom Kpɔ’
6, 7. (a) Nu ka tae wòle vevie be nàka ɖe nu siwo dzi nèxɔ se la dzi, eye nu kae nàwɔ be kakaɖedzi sia nasu asiwò? (b) Nya kawoe nàte ŋu abia ɖokuiwò atsɔ ado ŋusẽ wò xɔse?
6 Be nànɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu la, gbã la, ele be nàka ɖe edzi be nu siwo dzi nèxɔ se kple dzidzenu siwo nu nènɔa agbe ɖo la le eteƒe. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 13:5.) Kakaɖedzinɔamesi akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nu dzideƒotɔe, togbɔ be ɖewohĩ ŋu kpea wò le dzɔdzɔme nu hã. (2 Tim. 1:7, 8) Gake ne ame aɖe ƒe mo sẽ le dzɔdzɔme nu gɔ̃ hã la, ate ŋu asesẽ nɛ be wòalé nane si dzi mexɔ se bliboe o la me ɖe asi sesĩe. Eya ta ɖe manyo be wò ŋutɔ nàdo nu siwo wofia wò tso Biblia me la kpɔ be wonye nyateƒe vavã hã oa? Dze egɔme kple gɔmedzenufiafiawo. Le kpɔɖeŋu me, èxɔe se be Mawu li, eye èsenɛ ame bubuwo gblɔa nu si tae woxɔe se be Mawu li ɖo. Enyo, fifia, bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae na mexɔe se be Mawu li?’ Menye nyabiase ma ƒe taɖodzinue nye be wòaƒã ɖikeke ɖe mewò o, ke boŋ taɖodzinua ye nye be wòado ŋusẽ wò xɔse. Anyo hã be nàbia ɖokuiwò be, ‘Aleke mewɔ nya be Ŋɔŋlɔawo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me?’ (2 Tim. 3:16) ‘Nu ka tae meka ɖe edzi be “ŋkeke mamlɛawo” mee míele?’ (2 Tim. 3:1-5) ‘Nu kae na mexɔe se be nye nyonyo tae Yehowa ƒe dzidzenuwo li ɖo?’—Yes. 48:17, 18.
7 Ðewohĩ màdi be yeabia nya mawo tɔgbi ɖokuiwò o, le vɔvɔ̃ be yemakpɔ ŋuɖoɖo na wo o ta. Ema wɔwɔ anɔ ko abe ʋukula aɖe si gbe be yemakpɔ amidzidzenu si le ʋua ƒe nyatakakafiaƒe la o ene, le esi wòle vɔvɔ̃m be yeava kpɔ dzesi sia be “Amia Le Vɔvɔm” ta! Ne ami mele ʋua me o la, ele be ʋukulaa nanya ale be wòawɔ nane tso eŋu. Nenema kee, anyo ŋutɔ be nàde dzesi nu siwo me wò xɔse me gbɔdzɔ le, eye nàdze agbagba atu wò xɔse ɖo le nu mawo me.—Dɔw. 17:11.
8. Ðe ale si nàte ŋu ado ŋusẽ kakaɖedzi si le asiwò be nunya le Mawu ƒe se si nye be míaƒo asa na matrewɔwɔ me la me.
8 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Biblia xlɔ̃ nu wò be ‘nàsi le [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.’ Bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae nunya le eme be mawɔ ɖe sedede sia dzi?’ Bu susu siwo katã tae hatiwòwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe agbenɔnɔ sia me ɖo la ŋu. De ŋugble le susu vovovo siwo tae ame si wɔa matre la “le nu vɔ̃ wɔm ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu” la hã ŋu. (1 Kor. 6:18) Azɔ da susu vovovoawo kpɔ nyuie, eye nàbia ɖokuiwò be: ‘Agbenɔnɔ kae nye nyuitɔ kekeake? Ðe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me aɖe vi nam ŋutɔŋutɔa?’ Gade ŋugble tso nya sia ŋu yi ŋgɔe, eye nàbia ɖokuiwò be, ‘Aleke màse le ɖokuinye me ne mekpɔ gome le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me?’ Ðewohĩ gbã la, hatiwò aɖewo akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò, gake aleke nàse le ɖokuiwò me emegbe nenye be mia kple dziwòlawo mieli alo ne èle hati Kristotɔwo dome le Fiaɖuƒe Akpata me? Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èdi be yeado gbe ɖa na Mawu? Ðe nàdi ŋutɔŋutɔ be nàtsɔ tenɔnɔ nyui si le asiwò le Mawu gbɔ la asa vɔe be sukuxɔmehatiwo nalɔ̃ wò nya gbɔa?
9, 10. Alekee kaka ɖe wò dzixɔsewo dzi akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò geɖe wu ne èle hatiwòwo dome?
9 Ne ƒewuivie nènye la, ke èle ɣeyiɣi aɖe si me wò “tamebubu ŋutete” le tsitsim wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe la me. (Mixlẽ Romatɔwo 12:1, 2.) Zã ɣeyiɣi sia nàtsɔ ade ŋugble vevie le nu si tae Yehowa Ðasefo nyenye le vevie na wò la ŋu. Ŋugbledede sia akpe ɖe ŋuwò be nàka ɖe wò dzixɔsewo dzi bliboe. Ekema nenye be èdo go hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu la, àte ŋu atsi enu enumake dzinɔameƒotɔe. Àse le ɖokuiwò me abe ale si nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe se le eɖokui me ene esi wògblɔ be: “Ne metsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu la, nu si ko wɔm melee nye be mana amewo nanya nu si dzi mexɔ se. Menye ‘subɔsubɔha si me tɔ menye’ la ƒe nya koe nya sia nye o. Ke boŋ enye nu si koŋ ŋu nye susu, nye taɖodzinu, agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu si nu menɔa agbe ɖo, kple nye agbenɔnɔ bliboa ku ɖo.”
10 Ɛ̃, ebia agbagbadzedze be nàlé nu si nènya be ele eteƒe la wɔwɔ me ɖe asi sesĩe. (Luka 13:24) Eya ta ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be, ɖe viɖe le esia wɔwɔ me mahã. Gake nya sia nenɔ susu me na wò: Ne edzena le ŋuwò be wò dzixɔsewo kpea ŋu na wò alo èwɔa nu wòdzena abe eve wò be nèxɔ nu siawo dzi se la, ame bubuwo akpɔe adze sii eye woagaƒo nya ɖe nuwò geɖe wu. Ke hã, ne èƒoa nu kple kakaɖedzi la, awɔ nuku na wò be hatiwòwo adzudzɔ nyaƒoƒo ɖe nuwò kaba ŋutɔ.—Tsɔe sɔ kple Luka 4:12, 13.
‘Bu Tame, Ne Nàɖo Nya Ŋu’
11. Viɖe kae dona tso dzadzraɖo ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu me?
11 Afɔ vevi bubu si nàɖe le tsitretsitsi ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ŋu mee nye dzadzraɖo. (Mixlẽ Lododowo 15:28.) Dzadzraɖo fia be nàbu tame do ŋgɔ tso nɔnɔme siwo ate ŋu ado mo ɖa ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, tamebubu yi ŋgɔ vie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na gbetɔame sesẽwo. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èkpɔ wò sukuhati aɖewo ƒo ƒu le ŋgɔwò ɖaa wole sigaret nom. Ðe mele bɔbɔe be woado sigaretnono ɖe gbɔwò oa? Esi nède dzesii be kuxi sia ate ŋu ado mo ɖa la, nu kae nàte ŋu awɔ? Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” Ne èto mɔ bubu dzo la, àte ŋu aƒo asa na kuxi ma kura. Esia mefia be vɔvɔ̃nɔtɔe nènye o; ke boŋ nunyanue nye ema nèwɔ.
12. Mɔ nyuitɔ ka dzie nàte ŋu ato atsi nyaƒoɖeamenu si nye gbetɔame la nu?
12 Nu kae nàwɔ nenye be màte ŋu aƒo asa na nɔnɔmea le mɔ aɖeke nu o? Tsɔe be hatiwò aɖe bia wò tẽe le esi mexɔe se o ta be, “Ðe nègakpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒea?” Nu vevi si wòle be nàwɔe nye be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Kolosetɔwo 4:6, si gblɔ be, “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame,” la dzi. Abe ale si ŋɔŋlɔ sia ɖee fia ene la, ale si nàɖo nya sia tɔgbi ŋui la anɔ te ɖe ale si nɔnɔmeawo le la dzi. Mahiã kokoko be nàva nɔ nu ƒom tso Biblia ŋu fũu o. Ðewohĩ ŋuɖoɖo kpui aɖe si le tẽe ɖeɖe asu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖo nya si wobia wò be, ɖe nègakpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒe hã, ŋu kpuie be, “Ɛ̃,” alo be, “Nye ŋutɔ nye nyae nye ema.”
13. Nu ka tae ŋuɖɔɖɔɖo le vevie ne èle hawòti aɖe ƒe alɔmeɖenya aɖe ŋu ɖom?
13 Zi geɖe la, Yesu na ŋuɖoɖo siwo le kpuie ne enya be nuƒoƒo sɔgbɔ mahe viɖe aɖeke vae o. Le nyateƒe me la, esi Herodes bia nyawo Yesu la, meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o. (Luka 23:8, 9) Zi geɖe la, ɖoɖoezizi nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto akpɔ bometsinyawo gbɔ. (Lod. 26:4; Nyagb. 3:1, 7) Le go bubu me la, àte ŋu ade dzesii be wò dzixɔsewo, abe esiwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋu ene la, wɔ nuku na ame aɖe, togbɔ be le gɔmedzedzea me la, egblɔ nya manyomanyowo ɖe ŋuwò gɔ̃ hã. (1 Pet. 4:4) Le go sia me la, numeɖeɖe tsitotsito tso wò dzixɔse si nètu ɖe Biblia dzi la ŋu asɔ. Ne nenemae wòdzɔ la, mègahe ɖe megbe le vɔvɔ̃ ta o. Nɔ ‘dzadzraɖoɖi be nàʋli mɔkpɔkpɔ si le asiwò la ta’ ɣesiaɣi.—1 Pet. 3:15.
14. Le go aɖewo me la, alekee nàte ŋu atrɔ nyaƒoɖeamenu ɖe ame si ƒo nyaa ɖe nuwò la ŋutɔ dzi ŋuɖɔɖotɔe?
14 Le go aɖewo me la, àte ŋu atrɔ nyaƒoɖeamenua ɖe ame si le nyaa ƒom ɖe nuwò la ŋutɔ dzi. Gake ele be nàɖɔ ŋu ɖo le esia wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ne sukuhati aɖe te wò kpɔ be nàxɔ sigaret ano la, àte ŋu agblɔ be, “Ao, akpe,” eye eyome, nàgblɔ kpee be, “Mesusui be ale si gbegbe wò tagbɔ kɔe la, mano sigaret hafi o!” Èkpɔ ale si ègbugbɔ nya si wòƒo ɖe nuwò la ƒo ɖe eya ŋutɔ dzia? Le esi nànɔ nu si tae mènoa sigaret o me ɖem teƒe la, èƒoe ɖe hawòtia boŋ nu be wòabu tame le nu si tae eya nonɛ la ŋu.a
15. Ɣekaɣie wòsɔ be nàdzo le hati siwo le agbagba dzem be yewoaƒo nya ɖe nuwò la gbɔ, eye nu ka tae?
15 Ke ne èdze agbagba siawo katã gake hatiwòwo gakpɔtɔ le nya ƒom ɖe nuwò kokoko ya ɖe? Le go sia me la, nu nyuitɔ si nàwɔ koe nye be nàdzo le wo gbɔ. Zi ale si nègakpɔtɔ le wo gbɔ la, zi nenemae wòle bɔbɔe be nàva na ta le mɔ aɖewo nu. Eya ta, dzo le wo dome. Le esia wɔwɔ me la, mègase le ɖokuiwò me be woɖu ye dzi o. Ne woagblɔe tututu la, èɖu nɔnɔmea dzi boŋ. Mèzu abe sɔ ene na hatiwòwo wodo o, eye èdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Lod. 27:11.
Wɔ ‘Ðoɖo Siwo Aɖe Vi Na Wò’
16. Alekee nyaƒoɖeamenu ate ŋu atso ame aɖewo siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la gbɔ?
16 Ɣeaɖewoɣi la, nyaƒoƒo ɖe nuwò be nàƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna si mesɔ o me la tsoa sɔhɛ siwo gblɔna be Yehowa subɔlawo yewonye la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, nu kae nàwɔ ne ame siawo dometɔ aɖe ɖo kplɔ̃ eye nèva ɖo kplɔ̃ɖoƒea hede dzesii be ame tsitsi aɖeke mele ɖoɖoa dzi kpɔm o? Ke ne sɔhɛ si gblɔna be Kristotɔe yenye la he aha muame va kplɔ̃ɖoƒe aɖe, eye mia kple ame siwo le afi ma la miexɔ ƒe si sɔ le se nu be miano aha muame o ya ɖe? Nɔnɔme vovovowo ate ŋu ado mo ɖa siwo me wòahiã le be nàɖo to wò dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Mía kple nɔvinyenyɔnu míedo go dzo le sinima aɖe si me yɔ fũu kple nya madzetowo gbɔgblɔ la. Nɔvi bubuwo ya tiae be yewoanɔ anyi akpɔ sinima la. Mía dzilawo kafu mí ɖe nu si míewɔ ta. Gake nɔvi siwo tsi afi ma ya do dziku ɖe mía ŋu, elabena míena be wobu fɔ wo ɖokuiwo.”
17. Nenye be èle kplɔ̃ɖoƒe aɖe yim la, afɔ kae nàte ŋu aɖe be nàwɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi?
17 Abe ale si nuteƒekpɔkpɔ si míegblɔ fifia ɖee fia ene la, toɖoɖo wò dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ate ŋu ana nàto nɔnɔme sesẽwo me. Gake wɔ nu si nènya be eyae nye nyuitɔ. Nɔ dzadzraɖoɖi. Nenye be èle kplɔ̃ɖoƒe aɖe yim la, mɔ si dzi nàto adzo ne nuwo meva le yiyim abe ale si nèkpɔ mɔ nɛ ene o la nenɔ susu me na wò. Sɔhɛ aɖewo wɔa ɖoɖo kple wo dzilawo ale be ne nuwo meva le yiyim abe ale si wosusui ene o la, ɖeko woƒoa ka na wo dzilawo ale be wova kplɔa wo yia aƒe mee. (Ps. 26:4, 5) Ðoɖo siawo tɔgbi wɔwɔ ‘hea viɖe vanɛ.’—Lod. 21:5.
‘Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Ðekakpuime’
18, 19. (a) Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa di be nàkpɔ dzidzɔ? (b) Alekee Mawu sena le eɖokui me ku ɖe ame siwo tsia tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu la ŋu?
18 Yehowa wɔ wò kple ŋutete be nàse vivi le agbe me, eye wòdi be nàkpɔ dzidzɔ. (Mixlẽ Nyagblɔla 11:9.) Ðo ŋku edzi be “nu vɔ̃ ƒe vivisese” si nɔa anyi ‘hena ɣeyiɣi vi aɖe koe’ hatiwòwo dometɔ geɖe kpɔna. (Heb. 11:25) Mawu vavã la di be nane si de ŋgɔ boo wu ema nàsu asiwò. Edi be nàkpɔ dzidzɔ tegbee. Eya ta nenye be tetekpɔ si ana nàwɔ nu si mesɔ le Mawu ŋkume o dze ŋgɔ wò la, ɖo ŋku edzi be nu si Yehowa bia tso asiwò be nàwɔ la aɖe vi na wò ɣesiaɣi.
19 Abe sɔhɛ ene la, ele be nànyae be ne èwɔ nu si ana be wò nu nadze hatiwòwo ŋu kura gɔ̃ hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ magaɖo ŋku wò ŋkɔ gɔ̃ hã dzi le ƒe aɖewo megbe o. Gake ne ènɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu la, Yehowa dea dzesii eye maŋlɔ wò alo wò nuteƒewɔwɔ be akpɔ gbeɖe o. ‘Aʋu dziƒo nu, eye wòadudu yayra aƒo ɖe dziwò wòagbɔ eme.’ (Mal. 3:10) Gawu la, enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe faa be wòakpe ɖe ŋuwò le gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖe sia ɖe si anɔ ŋuwò fifia la me. Ɛ̃, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu” le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 2 lia me, axa 132 kple 133.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Ŋusẽ kae hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu akpɔ ɖe ame dzi?
• Akpa kae kakaɖedzinɔamesi wɔna le tsitretsitsi ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu me?
• Aleke nàte ŋu adzra ɖo ɖe ale si nàkpe akɔ kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu?
• Alekee nèwɔ nya be wò nuteƒewɔwɔ le vevie na Yehowa?
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Nu ka tae Aron lɔ̃ hewɔ sikanyivi la?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Nɔ dzadzraɖoɖi—tso nya me do ŋgɔ le nya si nàgblɔ ŋu