INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/1 axa 16-17
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nu Ka Tae Mawu Dɔ Yesu Ðe Anyigba Dzi Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/1 axa 16-17

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Ame Kae Nye Yesu Kristo?

Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Ame kae nye Yesu Kristo?

To vovo na amegbetɔwo katã la, Yesu nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ nɔ dziƒo hafi wova dzii ɖe anyigba dzi. (Yohanes 8:23) Eyae nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, eye ekpe ɖe Mawu ŋu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Eya ɖeka koe Yehowa ŋutɔ wɔ tẽe, eya ta woyɔe be Mawu ƒe “Tenuvi.” Yesu wɔ dɔ abe Mawu ƒe Nyanuɖela ene, eya ta wogayɔe be “Nya la.”—Yohanes 1:1-3, 14; xlẽ Lododowo 8:22, 23, 30; Kolosetɔwo 1:15, 16.

2. Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?

Mawu dɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi to eƒe agbe tsɔtsɔ de Yuda ɖetugbui nɔaƒe, si ŋkɔe nye Maria, ƒe vidzidɔ me. Eya ta fofo si nye amegbetɔ menɔ Yesu si o. (Luka 1:30-35) Yesu va anyigba dzi (1) be wòafia nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la mí, (2) be wòawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be wòanye kpɔɖeŋu na mí, eye (3) be wòatsɔ eƒe agbe deblibo la ana wòanye “tafe.”—Xlẽ Mateo 20:28; Yohanes 18:37.

3. Nu ka tae míehiã na tafe?

Tafe nye fe si woxe be woana ablɔɖe ame aɖe tso kluvinyenye me. Mawu meɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo naku alo aku amegã o. Aleke míewɔ nya? Mawu gblɔ na ame gbãtɔ Adam be ne ewɔ nu si Biblia yɔ be nu vɔ̃ la, aku. Ne ɖe Adam mewɔ nu vɔ̃ o la, anye ne maku akpɔ o. Togbɔ be ƒe alafa geɖe megbe hafi Adam va ku hã la, ede asi kuku me tso gbe si gbe wògbe toɖoɖo Mawu. (1 Mose 2:16, 17; 5:5) Domenyinu si Adam gblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwoe nye nu vɔ̃, kple emetsonu si nye ku. Eya ta nu vɔ̃ “ge ɖe” xexea me to Adam dzi. Esia tae míehiã na tafe ɖo.—Xlẽ Romatɔwo 5:12; 6:23.

4. Nu ka tae Yesu ku ɖo?

Ame kae axe tafea, si ana míavo tso ku si me? Ne míeku la, míexea mía ŋutɔwo ɖeɖe ko ƒe nu vɔ̃wo ŋuti fe. Amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu axe fe ɖe ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta o.—Xlẽ Psalmo 49:8-10.

Esi wònye Yesu menyi nu vɔ̃ ƒe dome tso fofo si nye amegbetɔ gbɔ o ta la, menye eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo tae wòku ɖo o, ke boŋ ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo tae. Mawu dɔ Via ɖa be wòava ku ɖe mía ta, le lɔlɔ̃ gã si le Esi na ameƒomea ta. Yesu hã ɖee fia be yelɔ̃ mí esi wòɖo to Fofoa, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.—Xlẽ Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:18, 19.

5. Nu ka wɔmee Yesu le fifia?

Esi Yesu da gbe na dɔnɔwo, fɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye wòxɔ na ame siwo nɔ fu kpem la, eɖe nu si wòava wɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo mlɔeba la fia. (Luka 18:35-42; Yohanes 5:28, 29) Esi Yesu ku la, Mawu gbɔ agbee wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ. (1 Petro 3:18) Esia megbe la, Yesu nɔ lalam le Mawu ƒe nuɖusi me va se ɖe esime Yehowa na ŋusẽe be wòazu Fia aɖu anyigba bliboa dzi. (Hebritɔwo 10:12, 13) Fifia Yesu zu Fia le dzi ɖum le dziƒo, eye eyomedzela siwo le anyigba dzi la le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo.—Xlẽ Daniel 7:13, 14; Mateo 24:14.

Madidi o, Yesu si nye Fia, azã eƒe ŋusẽ atsɔ aɖe fukpekpe kple ame siwo katã naa amewo kpea fu la ɖa. Ame miliɔn geɖe siwo xɔ Yesu dzi se, eye woɖoa toe la ase vivi le paradiso me le anyigba dzi.—Xlẽ Psalmo 37:9-11.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 4 lia be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ame miliɔn geɖe siwo xɔ Yesu dzi se, eye woɖoa toe la ase vivi le paradiso me le anyigba dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe