INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 8/15 axa 11-15
  • Miwɔ Nu Abe Dumeviwo Ene!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Nu Abe Dumeviwo Ene!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DUMEVINYENYE ƑE NUDIDIWO
  • FIAÐUƑEA ƑE DUMEVIWO LƆ̃A MAWU ƑE DZIDZENUWO
  • FIAÐUƑEA ƑE DUMEVIWO KPƆA ŊUDZEDZE ÐE NUXLƆ̃AMEXƆXƆ ŊU
  • FIAÐUƑEA ƑE DUMEVIWO DEA ASIXƆXƆ HEHEXƆXƆ ŊU
  • Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ale Si Míanye Xɔsetɔ Akuakuawo Kple Dukɔmevi Ðɔʋuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Fiaɖuƒea Xɔ Ƒe 100 Vɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Dziɖuɖu—Enye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Li Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 8/15 axa 11-15

Miwɔ Nu Abe Dumeviwo Ene!

“Minɔ agbe ale si dze Kristo la ƒe nya nyui la.”​—FLP. 1:27.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

Ame kawoe ate ŋu anye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo?

Nu kae wòfia be míasrɔ̃ Fiaɖuƒea ƒe gbegbɔgblɔ, ŋutinya kple sewo?

Aleke Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ Mawu ƒe sewo?

1, 2. Nu ka tae gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔ aɖaŋu si Paulo ɖo la ŋu na Filipi hamea?

APOSTOLO Paulo de dzi ƒo hame si nɔ Filipi la be woanɔ “agbe ale si dze Kristo la ƒe nya nyui la.” (Mixlẽ Filipitɔwo 1:27.) Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si Paulo zã si gɔme woɖe be “minɔ agbe” la gɔme be “miwɔ nu abe dumeviwo ene.” Gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔ nyagbɔgblɔ ma ŋu na Filipi hamea. Nu ka tae? Elabena edze abe Roma Fiaɖuƒea na Roma dumevinyenye Filipitɔwo ene, eye dukɔ ʋɛ aɖewo me tɔwo si koe mɔnukpɔkpɔ ma su ɣemaɣi. Roma dumevinyenye nyea dada na Roma dumevi siwo nɔ Filipi kple esiwo nɔ Roma Fiaɖuƒe bliboa me la, eye Romatɔwo ƒe sewo kpɔa wo ta.

2 Susu si nɔ vevie wu la li si tae wòle be Filipi hamea me tɔwo nada ɖo. Paulo ɖo ŋku edzi na wo be esi wonye Kristotɔ amesiaminawo ta la, woƒe dumevinyenye “le dziƒowo.” (Flp. 3:20) Menye amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒe dzro aɖe ƒe dumeviwoe wonye o, ke Mawu Fiaɖuƒea tɔwo boŋ. Mawu Fiaɖuƒea naa takpɔkpɔ kple nu nyui siwo dziɖuɖu bubu aɖeke mate ŋu ana o la wo.​—Ef. 2:19-22.

3. (a) Ame kawo sie mɔnukpɔkpɔa su be woanye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye “miwɔ nu abe dumeviwo ene” la ku ɖe ame siwo aɖu fia kple Kristo le dziƒo la koŋ ŋu. (Flp. 3:20) Gake ne míekekee ɖe enu la, ate ŋu ayi na ame siwo anye Mawu Fiaɖuƒea teviwo hã. Nu ka tae? Elabena Kristotɔ ɖeadzɔgbewo katã subɔa Fia ɖeka, si nye Yehowa, eye ele be woanɔ agbe ɖe dzidzenu ɖeka nu. (Ef. 4:4-6) Egbea la, amewo kua kutri vevie be yewoazu dukɔ siwo me nuwo de ame dzi le la ƒe dumeviwo. Aleke gbegbe wòle be míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míanye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo la ŋue nye esi! Be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ ma ŋu nadzi ɖe edzi la, mina míatsɔ nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi anye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖe ƒe dumevi la asɔ kple nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi azu Mawu Fiaɖuƒea ƒe dumevi la kpɔ. Eyome míadzro nu etɔ̃ siwo wòle be míawɔ ne míedi be bubu si le mía ŋu abe Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo ene la nakpɔtɔ anɔ mía ŋu la me.

DUMEVINYENYE ƑE NUDIDIWO

4. Nu kae nye gbegbɔgblɔ dzadzɛ la, eye aleke “míedonɛ”?

4 Srɔ̃ gbegbɔgblɔ la. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖewo biana be ame siwo di be yewoazu dumeviwo la nase dukɔa ƒe gbegbɔgblɔ vevitɔ. Le ame aɖewo gome la, ne woɖe mɔ na wo wozu dumeviwo gɔ̃ hã la, ehiãna be woaku kutri be woagase gbe yeyea nyuie wu. Woate ŋu asrɔ̃ gbea ŋuti sewo bɔbɔe gake ate ŋu axɔ ɣeyiɣi didi hafi woasrɔ̃ ale si woayɔ nyawo nyuie. Nenema kee Mawu Fiaɖuƒea bia tso eƒe dumeviwo si be woasrɔ̃ gbe si Biblia yɔ be “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” le Zefaniya 3:9, afi si gblɔ be: “Ɣemaɣi la, mana dukɔwo nado gbegbɔgblɔ dzadzɛ aɖe, eye wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, ne woatsɔ nusɔsɔe asubɔe.”a Nu kae nye gbegbɔgblɔ ma? Eyae nye nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu kple esi ku ɖe eƒe tameɖoɖo siwo le Biblia me la ŋu. “Míedoa” gbegbɔgblɔ dzadzɛa ne míenɔa agbe ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo nu. Mawu Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo ate ŋu asrɔ̃ Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo bɔbɔe ahaxɔ nyɔnyrɔ. Ke hã, le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, ele be woaʋli vevie be ale si “wodoa” gbegbɔgblɔ dzadzɛa la nanɔ nyonyom ɖe edzi. Aleke woate ŋu awɔ esia? Ehiã be wo dometɔ ɖe sia ɖe nayi edzi adze agbagba awɔ nu siwo srɔ̃m wòle le Biblia me la ŋu dɔ le eƒe agbenɔnɔ me.

5. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu sia nu si míate ŋui la tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ŋutinya ŋu?

5 Srɔ̃ ŋutinyawo. Woate ŋu abia tso ame si di be yeazu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖe ƒe dumevi la si be wòasrɔ̃ dziɖuɖu ma ƒe ŋutinyawo. Nenema ke anyo be ame siwo di be yewoanye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo la nasrɔ̃ nu sia nu si woate ŋui la tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Bu kpɔɖeŋu si Korax vi siwo subɔ le blema Israel la ɖo ɖi ŋu kpɔ. Wolɔ̃ Yerusalem kple eƒe tadeaguƒe la ŋutɔ eye wolɔ̃a du ma ƒe ŋutinya gbɔgblɔ na amewo. Menye ale si gbedoxɔa nya kpɔ tae o, ke boŋ le nu si du la kple tadeaguƒe ma tsi tre ɖi na tae. Yerusalem nye ‘Fia gã’ Yehowa “ƒe du,” si nye tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe teƒe vevitɔ. Afi mae wofiaa Yehowa ƒe Se la le. Ame siwo dzi Yerusalem Fia la ɖuna la ŋue Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo helɔ̃na. (Mixlẽ Psalmo 48:2, 3, 10, 13, 14.) Abe woawo ene la, ɖe nèdina vevie be yeasrɔ̃ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe ŋutinya eye yeaxlẽe afia amewoa? Zi ale si nèsrɔ̃ nu tso Mawu ƒe habɔbɔa kple ale si Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu ŋuti la, zi nenemae Mawu Fiaɖuƒea anye nu ŋutɔŋutɔe na wò. Esia ana hã be wò didi be yeagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la adzi ɖe edzi.​—Yer. 9:23; Luka 4:43.

6. Nu ka tae wòsɔ be Yehowa nabia tso mía si be míasrɔ̃ Fiaɖuƒea ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ahawɔ ɖe wo dzi?

6 Nya seawo. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo biana tso wo teviwo si be woasrɔ̃ dukɔa ƒe sewo eye woawɔ ɖe wo dzi. Eya ta esɔ be Yehowa nanɔ mɔ kpɔm be míasrɔ̃ yeƒe se kple gɔmeɖose siwo kplɔa Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo katã la eye míawɔ ɖe wo dzi. (Yes. 2:3; Yoh. 15:10; 1 Yoh. 5:3) Etea ŋu dzɔna zi geɖe be vodada nɔa amegbetɔwo ƒe sewo ŋu eye ameŋkumekpɔkpɔ dzena le wo me. Gake “Yehowa ƒe se de blibo.” (Ps. 19:8) Ðe míekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu eye míexlẽa eƒe Nya la gbe sia gbea? (Ps. 1:1, 2) Mɔ si ko dzi míato asrɔ̃ Mawu ƒe seae nye be míawo ŋutɔwo míasrɔ̃e. Ame aɖeke mate ŋu awɔ esia na mí o.

FIAÐUƑEA ƑE DUMEVIWO LƆ̃A MAWU ƑE DZIDZENUWO

7. Nu ka tae Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo wɔa Mawu ƒe sewo dzi ɖo?

7 Be míakpɔtɔ ayi edzi anye fiaɖuƒea ƒe dumeviwo la, menye ɖeko míanya Mawu ƒe dzidzenuwo ko evɔ o, ke ele be míalɔ̃ wo hã. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ƒe tevi geɖewo gblɔna be yewolɔ̃ ɖe dukɔ siwo me yewole la ƒe sewo kple dzidzenuwo dzi. Gake ne sea bia nane si mede wo dzi o eye ame aɖeke mele wo kpɔm o la, wodaa sea dzi. Zi geɖe la, ame siawo nyea “ameŋudzelawo.” (Kol. 3:22) Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu. Míewɔa Mawu ƒe sewo dzi kple dzidzɔ, ne ame bubu aɖeke mele mía kpɔm o gɔ̃ hã. Nu ka tae? Elabena míelɔ̃ Sewɔla la.​—Yes. 33:22; mixlẽ Luka 10:27.

8, 9. Aleke nàwɔ anya ne èlɔ̃ Mawu ƒe sewo vavã?

8 Aleke nàwɔ anya ne èlɔ̃ Mawu ƒe sewo vavã? De ŋugble tso ale si nèwɔa nu ne woɖo aɖaŋu na wò tso nane si nèsusu be enye ye ŋutɔ yeƒe nya la ŋu kpɔ​—le kpɔɖeŋu me, ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo ŋu. Hafi nàva zu Fiaɖuƒea ƒe dumevi la, ɖewohĩ èlɔ̃ awudodo ɖewoɖewoe alo èdoa awu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame bubuwo me. Esi wò lɔlɔ̃ na Mawu le tsitsim ɖe edzi la, èsrɔ̃ ale si nàdo awu ahadzra ɖo le mɔ si dea bubu eŋu nu. (1 Tim. 2:9, 10; 1 Pet. 3:3, 4) Àte ŋu ase le ɖokuiwò me be fifia ya la, yele dzadzram ɖo le nɔnɔme nyui me. Ke ne hamemetsitsi aɖe gblɔ na wò be awu siwo nèlɔ̃a dodo la le gbeƒãɖela geɖewo nu ɖiam le hamea me ya ɖe? Aleke nàwɔ nui? Ðe nànɔ ɖokuiwò nu ɖem, ado dziku, alo adze aglãa? Mawu Fiaɖuƒea ƒe se vevi aɖee nye be dumeviwo katã nasrɔ̃ Kristo. (1 Pet. 2:21) Apostolo Paulo ŋlɔ ku ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋuti be: “Mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze ehavi ŋu le nu si nyo hena etutuɖo la me. Elabena Kristo la kura gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.” (Rom. 15:2, 3) Be ŋutifafa nanɔ hamea me ta la, Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la lɔ̃na faa be yeaƒo asa na nu siwo aɖe fu na ame bubuwo ƒe dzitsinya la wɔwɔ.​—Rom. 14:19-21.

9 De ŋugble tso nu vevi eve bubu aɖewo hã ŋu kpɔ: nukpɔsusu si le mía si ɖe gbɔdɔdɔ ŋu kple ale si míebua srɔ̃ɖeɖee. Ame siwo menye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo o la daa asi ɖe vidzinu ɖeka tɔgbi tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ dzi, wobua amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ be enye modzakaɖeɖe si me afɔku mele o, eye wobua ahasiwɔwɔ kple srɔ̃gbegbe be wonye ame ŋutɔ ƒe nyawo. Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo gbe nu le ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔna mawo gbɔ. Togbɔ be ame geɖe nɔ agbe gbegblẽ hafi va zu Kristotɔwo hã la, fifia wova kpɔe be gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe nye nunanawo tso Mawu gbɔ. Wodea asixɔxɔ Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu eye wolɔ̃na ɖe edzi tso dzi blibo me be ame siwo gbe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi la medze anye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo o. (1 Kor. 6:9-11) Ke hã, wolɔ̃na ɖe edzi hã be dzi la nye alakpatɔ. (Yer. 17:9) Eya ta edoa dzidzɔ na wo be yewoaxɔ nuxlɔ̃ame siwo akpe ɖe yewo ŋu be yewoayi edzi alé agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi.

FIAÐUƑEA ƑE DUMEVIWO KPƆA ŊUDZEDZE ÐE NUXLƆ̃AMEXƆXƆ ŊU

10, 11. Nuxlɔ̃ame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu kawoe Mawu Fiaɖuƒea nana, eye aleke nèbua nuxlɔ̃ame mawoe?

10 Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu axlɔ̃ nu woƒe dumeviwo ku ɖe nuɖuɖu aɖewo kple atike aɖewo ŋu. Edze ƒãa be menye nuɖuɖu kple atikewo katãe gblẽ o. Gake ne nane ate ŋu agblẽ nu le amewo ŋu la, dziɖuɖua ate ŋu axlɔ̃ nu dumeviwo tso eŋu atsɔ akpɔ wo tae. Dziɖuɖua ƒe agbanɔamedzie wònye be wòana nuxlɔ̃ame sia. Nenema kee Mawu Fiaɖuƒea hã naa nuxlɔ̃ame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu ku ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ míaƒe agbenɔnɔ eye woagblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe zãa Internet hena dzeɖoɖo kple amewo, agbalẽsɔsrɔ̃ kple modzakaɖeɖe. Mawu ƒe habɔbɔa zãa Internet tsɔ wɔa dɔ nyui geɖewo. Ke hã Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe geɖe ate ŋu agblẽ míaƒe agbenɔnɔ eye woagblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe siwo doa amamaɖeɖenuwɔnawo ɖe ŋgɔ la nye gbɔgbɔmefɔku na Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la, kluvi nuteƒewɔla ƒe ha la xlɔ̃a nu mí tso nyatakakadzraɖoƒe siawo ŋu. Aleke gbegbe míedaa akpe ɖe esia tae nye esi!

11 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe bubu ƒomevi aɖe va bɔ ale gbegbe​—enye esi ate ŋu aɖe vi na ame ne ezãe ŋuɖɔɖotɔe. Gake nyatakakadzraɖoƒe siawo, siwo woyɔna be Internet dzi hahoo kadodowo la, ate ŋu agblẽ nu geɖe ŋutɔ. Ate ŋu akplɔ ame ade hadede vɔ̃wo me. (1 Kor. 15:33) Eya ta mewɔ nuku o be Mawu ƒe habɔbɔa na nuxlɔ̃ame siwo da sɔ ku ɖe nyatakakadzraɖoƒe siawo zazã ŋu. Èxlẽ nyati siwo katã kluvi nuteƒewɔla la ta nyitsɔ laa ku ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋu la? Aleke gbegbe nunya manɔ eme o be míanɔ nyatakakadzraɖoƒe mawo zãm nyati mawo maxlemaxlẽ!b Ðeko wòle abe ale si míano atike sesẽ aɖe evɔ míaxlẽ nuxlɔ̃ame siwo wona le atikegoa dzi o ene.

12. Nu ka tae wònye bometsitsi be míagbe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔ?

12 Ðikeke mele eme o be ame siwo doa toku kluvi nuteƒewɔlaa ƒe nuxlɔ̃amewo la wɔa nu vevi wo ɖokuiwo kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu numame na ame aɖewo alo wowɔ matre alo wɔ ahasi eye wonɔa wo ɖokuiwo flum henɔa susum be Yehowa mele nu siwo wɔm yewole la kpɔm o. Aleke gbegbe nunya manɔ eme o be míasusui be míate ŋu aɣla míaƒe nuwɔnawo ɖe Yehowa! (Lod. 15:3; mixlẽ Hebritɔwo 4:13.) Mawu di be yeakpe ɖe ame siawo ŋu, eye etoa eteƒenɔla siwo le anyigba dzi la dzi dzea agbagba be yeakpe ɖe wo ŋu. (Gal. 6:1) Gake abe ale si ko amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo tea ŋu xɔa dumevinyenye ƒe gomenɔamesi le ame aɖewo siwo wɔa nu vɔ̃ gãwo si ene la, Yehowa axɔ dumevinyenye le ame siwo yia edzi dana le eƒe dzidzenuwo dzi hegbea dzimetɔtrɔ la si.c (1 Kor. 5:11-13) Ke hã, enye nublanuikpɔla. Tenɔnɔ nyui agate ŋu asu ame siwo trɔ dzi me eye wogbugbɔ le woƒe nuwɔna vɔ̃wo yome la si le Yehowa ŋkume eye woakpɔtɔ anye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo. (2 Kor. 2:5-8) Bubu gã ka gbegbee nye esi wònye be míasubɔ Fia lɔ̃ame sia!

FIAÐUƑEA ƑE DUMEVIWO DEA ASIXƆXƆ HEHEXƆXƆ ŊU

13. Aleke Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo ɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu?

13 Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu geɖewo kua kutri be woƒe dumeviwo nasrɔ̃ agbalẽ. Wotua sukuwo be amewo nasrɔ̃ nuxexlẽ eye woafia asinudɔwo amewo. Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo kpɔa ŋudzedze ɖe suku siawo ŋu, wosrɔ̃a nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ moveviɖoɖotɔe, eye wosrɔ̃a dɔ siwo woawɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzi. Ke hã wodea asixɔxɔ hehe siwo wonaa Mawu Fiaɖuƒea teviwo la ŋu geɖe wu. Yehowa doa nuxexlẽ ɖe ŋgɔ to Kristo hamea dzi. Wodea dzi ƒo na dzilawo be woanɔ nu xlẽm na wo vi suewo. Ɣleti sia ɣleti la, kluvi nuteƒewɔla la taa nyati geɖe siwo wotu ɖe Biblia dzi la ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Ne èxlẽna abe axa eve ene gbe sia gbe la, àte ŋu axlẽ wo katã awu enu, eye esia awɔe be Fiaɖuƒea ƒe hehexɔxɔ ƒe mɔnu sia naɖe vi na wò bliboe.

14. (a) Hehe kawoe míexɔna? (b) Ƒometadedeagu fiẽsia ŋuti aɖaŋuɖoɖo kawo dzi wɔwɔe do dzidzɔ na wò?

14 Kwasiɖa ɖe sia ɖe la, wonaa hehe Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo le woƒe hame ƒe kpekpewo me. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 60 kple edzivɔe nye esia la, Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le kpekpem ɖe ame siwo wɔa dɔ le sukua me ŋu be woazu Mawu ƒe Nya la fiala bibiwo. Èŋlɔ ŋkɔ ɖe suku sia mea? Le ƒe siawo me la, kluvi nuteƒewɔla la le gbe tem ɖe gomekpɔkpɔ le Ƒometadedeagu fiẽsia me kwasiɖa sia kwasiɖa dzi ŋutɔ. Ðoɖo sia doa ŋusẽ ƒomewo. Ðe nète ŋu le wɔwɔm ɖe eŋuti ɖaŋu siwo woɖona le míaƒe agbalẽwo me dzia?d

15. Mɔnukpɔkpɔ gãtɔ siwo su mía si la dometɔ ɖekae nye ka?

15 Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teviwo dzea agbagba be yewoade dzi ƒo na amewo be woade dunyaheha aɖe dzi, wotea ŋu wɔa esia tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu gɔ̃ hã. Le mɔ si lolo wu nu la, Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea kple woƒe ŋusẽ katã le ablɔwo dzi kple tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu siaa. Le nyateƒe me la, abe ale si wòdze le nyati si va yi me ene la, Gbetakpɔxɔ, si ɖea gbeƒã Yehowa ƒe Fiaɖuƒea, lae nye magazine si womana wu le anyigba la katã dzi! Mɔnukpɔkpɔ gãtɔ siwo su mía si la dometɔ ɖekae nye be míagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya na ame bubuwo. Ðe nèle gbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm dzonɔamemetɔea?​—Mat. 28:19, 20.

16. Aleke nàɖee afia be ènye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dumevi nyui?

16 Eteƒe madidi o Mawu Fiaɖuƒea koe anye dziɖuɖu ɖeka kolia si anɔ anyigba la dzi ɖum. Fiaɖuƒe sia ƒe sewo koe afia mɔ amegbetɔwo. Ànye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dumevi nyui ɣemaɣia? Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàɖe esia afia. Le nyametsotso siwo katã nèwɔna gbe sia gbe me la, wɔ nu sia nu hena Yehowa ƒe kafukafu, eye nàto esia dzi aɖee afia be èle nu wɔm abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe dumevi nyui ene.​—1 Kor. 10:31.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a New World Translation of the Holy Scriptures.

b Le kpɔɖeŋu me, kpɔ October 2011 ƒe Nyɔ! axa 12-19 (yevugbe me tɔ July 2011, axa 24-27; August 2011, axa 10-13); kple February 2012 ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 3-9.

c Kpɔ March 15, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30-31.

d Kpɔ August 15, 2011 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 6-7, kple January 2011, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3-6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Ðe nèwɔna ɖe Biblia me nuxlɔ̃ame siwo wonaa mí ku ɖe Internet ŋu la dzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ðe nèkpɔa dzidzɔ ɖe tadedeagu vavãtɔa kple eƒe ŋutinya gbɔgblɔ ŋu abe Korax viwo enea?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ƒometadedeagu fiẽsi la ate ŋu akpe ɖe wò ŋutɔ kpakple wò lɔlɔ̃tɔwo ŋu be mianye Fiaɖuƒea ƒe dumevi nyuiwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe