INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 8/1 axa 4
  • Mawu Ƒe Ŋku Le Ŋuwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ƒe Ŋku Le Ŋuwò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo To Nɔviwòwo, Nya Ale Si Nɔnɔmea Le Na Wo, Eye Nàse Veve Ðe Wo Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Kpɔɖeŋu Drama aɖe si Ŋu Viɖe Le na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Di Mawu Ƒe Mɔfiame Le Nuwo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 8/1 axa 4

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE MAWU TSƆA ÐE LE EME NA WÒA?

Mawu Ƒe Ŋku Le Ŋuwò

‘Mawu ƒe ŋku le amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòle eƒe afɔɖeɖewo katã kpɔm.’—HIOB 34:21.

Vifofo aɖe le fefem kple viaŋutsuvi

Zi ale si ɖevia le sue la, zi nenemae edzilawo ƒe ŋku nɔa eŋu wu

NU SI TAE AME AÐEWO KEA ÐI: Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be ɣletinyigba siwo ƒe xexlẽme ade biliɔn 100 kloe ye le ɣletivihatsotso si me míaƒe anyigbaa le la ɖeɖe ko me. Esi ame geɖe bu ale si gbegbe míaƒe ɣletivihatsotsoa loloe ŋu la, wobia be, ‘Nu ka tae wòahiã be Wɔla ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋku nanɔ mí amegbetɔ siwo le nyaŋui le anyigba sue sia dzi la ŋu?’

NYA SI MAWU ƑE NYA LA GBLƆ: Menye ɖeko Yehowa Mawu tsɔ Biblia la na mí ko hegblẽ mí ɖi o. Ke boŋ egblɔ na mí kakaɖedzitɔe be: “Maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”​—Psalmo 32:8.

Bu Hagar, si nye Egipte nyɔnu aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 20 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe ŋutinyaa ŋu kpɔ. Hagar megava dea bubu eƒe aƒenɔ Sarai ŋu o, eya ta Sarai bɔbɔe ɖe anyi, eye Hagar si yi gbedadaƒo. Ðe Mawu gblẽ Hagar ɖi le esi wòwɔ vodada sia ta? Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔla kpɔe.” Mawudɔla ma fa akɔ na Hagar hegblɔ nɛ be: “Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti.” Esia ta Hagar gblɔ na Yehowa be: “Wòe nye Mawu nu sia nu kpɔla!”​—1 Mose 16:4-13.

“Mawu nu sia nu kpɔla” ƒe ŋku le wò hã ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me: Vidada lɔ̃ame ƒe ŋku nɔa via suewo ŋu, elabena zi ale si ɖevia le sue la, zi nenemae edzilawo ƒe ŋku nɔa eŋu wu. Nenema kee ne nu te ɖe mía dzi eye wɔna vɔ le mía ŋu la, ɣemaɣi tututue Mawu ƒe ŋku nɔa mía ŋu wu. Yehowa gblɔ be: “Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele ame si wogbã gudugudu, kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame siwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.”​—Yesaya 57:15.

Ke hã àbia be: ‘Aleke Mawu ƒe ŋku nɔa ŋunye? Ame si menye le gotagome ŋue wòléa ŋku ɖo loo, alo ame si menye le ememee wòkpɔna? Ðe wòsea nye nɔnɔmewo gɔme nama?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe