INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 11/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tsitretsitsi Li!
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nu Kae Nye Tsitretsitsi La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 11/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe ame siwo ku la agava nɔ agbe akea?

Wole ame siwo wofɔ ɖe tsitre la xɔm atuu le Paradisoa me

Ðikeke mele eme o be ame si gbɔ agbe dzɔ tso la ate ŋu agbɔ agbe kukuawo

Yehowa Mawu gbɔe agbe dzɔ tso. (Psalmo 36:9) Ne Mawue wɔ amegbetɔwo la, ke ɖe mesɔ be míaka ɖe edzi be Mawu ate ŋu agbɔ agbe ame siwo ku la oa? Biblia ka ɖe edzi na mí be nu ma tututue wòava wɔ le etsɔme. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15) Gake susu ka tae wòagbɔ agbe kukuawo ɖo?

Mía Wɔla la ɖoe le gɔmedzedzea me be amegbetɔwo nanɔ agbe le anyigba dzi tegbee. (1 Mose 1:31; 2:15-17) Eƒe tameɖoɖo ma metrɔ o. Ne ekpɔ ale si agbea le na mí fifia la, etena ɖe edzi, elabena agbea le kpuie eye eme yɔ fũu kple fukpekpe geɖe.—Xlẽ Hiob 14:1, 14, 15.

Afi kae ame siwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ agbe le?

Ðe Mawu wɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe le dziƒoa? Ao. Mawudɔlawoe Mawu wɔ be woanɔ agbe le dziƒo. Ke ewɔ amegbetɔwo ya be woanɔ agbe le anyigba dzi. (1 Mose 1:28; Hiob 38:4, 7) Esi nya mawo le susu me na wò la, bu ame siwo Yesu fɔ ɖe tsitre la ƒe ŋutinyaa ŋu kpɔ. Anyigba dzi afi siae ame siwo wòfɔ ɖe tsitre la va nɔ. Nenema kee wòanɔ le ame siwo woafɔ ɖe tsitre le etsɔme la dometɔ akpa gãtɔ gome; woagava nɔ agbe le anyigba dzi ake.—Xlẽ Yohanes 5:28, 29; 11:44.

Gake Mawu ɖoe be yeafɔ ame ʋɛ aɖewo ɖe tsitre ahana gbɔgbɔŋutilã wo ale be woanɔ agbe le dziƒo. (Luka 12:32; 1 Korintotɔwo 15:49, 50) Ame siwo woafɔ ayi dziƒo la anye fiawo le afi ma eye woa kple Kristo woaɖu anyigba la dzi.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe