INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 5 axa 5
  • Ðe Mawudɔla Aɖe Li Si Dzɔa Ŋuwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawudɔla Aɖe Li Si Dzɔa Ŋuwòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawudɔla Aɖe Dzɔa Ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 5 axa 5

NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWUDƆLAWO—WOLI ŊUTƆŊUTƆA? NU SI TA NYA SIA LE VEVIE

Ðe Mawudɔla Aɖe Li Si Dzɔa Ŋuwòa?

Biblia megblɔ be mawudɔla le ame sia ame si si dzɔa eŋu o. Enye nyateƒe be Yesu gblɔ kpɔ be: “Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi siawo [Kristo ƒe nusrɔ̃lawo] dometɔ ɖeka pɛ hã o, elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi.” (Mateo 18:10) Gake menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be mawudɔla le ame sia ame si si dzɔa eŋu o, ke boŋ be mawudɔlawo tsɔa ɖe le eme na yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe etɔxɛe. Eya ta mawusubɔla vavãwo mewɔa nu ɖewoɖewoe dea wo ɖokuiwo afɔku me kple susu be mawudɔlawo akpɔ yewo ta o.

Ðe esia fia be mawudɔlawo mekpena ɖe amegbetɔwo ŋu oa? Mefia nenema o. (Psalmo 91:11) Ame aɖewo ka ɖe edzi vevie be Mawu to mawudɔlawo dzi kpɔ yewo ta eye wòfia mɔ yewo. Kenneth si ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me se le eɖokui me nenema. Ðewohĩ eƒe nyaa le eme, togbɔ be míate ŋu agblɔe kaŋ o hã. Zi geɖe ne Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem la, wokpɔnɛ be mawudɔlawo kpena ɖe yewo ŋu. Ke hã esi ŋku mate ŋu akpɔ mawudɔlawo o ta la, míate ŋu agblɔ ale si tututu Mawu zãa wo tsɔ kpena ɖe amewo ŋui o. Gake megblẽ be míada akpe na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖe kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si ɖewohĩ wòna mí ta o.—Kolosetɔwo 3:15; Yakobo 1:17, 18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe