INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w17 March axa 32
  • Biblia Me Ŋkɔ Le Blema Anyize Aɖe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Ŋkɔ Le Blema Anyize Aɖe Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Susuhehe Yi Titina Ɣedzeƒe Dukɔwo Dzi
    Nyɔ!—2015
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
w17 March axa 32
Biblia me ŋkɔ aɖe dze le Kanaantɔwo ƒe asinuŋɔŋlɔ si le anyize aɖe si xɔ ƒe 3,000 dzi la me

Biblia Me Ŋkɔ Le Blema Anyize Aɖe Ŋu

Anyize si xɔ ƒe 3,000

Anyize aɖe si xɔ ƒe 3,000, si ƒe kakɛwo ŋu woke ɖo le to me le ƒe 2012 me la va nye nu si ŋu numekulawo trɔ woƒe susu ɖo vevie nyitsɔ laa. Nu kae ɖe dzesi le nu si ŋu woke ɖo la ŋu? Menye ze la ƒe kakɛawo ŋutɔwoe nye nu siwo ɖe dzesi o, ke boŋ nu si woŋlɔ ɖe wo dzi lae.

Esi blemaduwo nɔƒe kulawo te ŋu fɔ zea ƒe kakɛawo tsiã wòzu ze blibo azɔ la, wote ŋu xlẽ blema Kanaantɔwo ƒe asinuŋɔŋlɔ si le edzi. Nu si woŋlɔ ɖe edzie nye: “Esbaal Ben Beda,” si fia “Beda [viŋutsu] Esbaal.” Esiae nye zi gbãtɔ si blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe ŋkɔ sia ŋu le blemanuŋɔŋlɔ si woɖe ɖe nu dzi me.

Le nyateƒe me la, woyɔ Esbaal bubu aɖe hã le Biblia me—eyae nye Fia Saul viŋutsuwo dometɔ ɖeka. (1 Kron. 8:33; 9:39) Numekulagã Yosef Garfinkel, si hã kpɔ gome le zea ƒe kakɛawo kuku le toa me me la, gblɔ be: “Enyo ŋutɔ be míade dzesii be ŋkɔ Esbaal dze le Biblia me, eye ŋkɔ sia va le blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe nudzraɖoƒe hã azɔ, eye wonye ŋkɔ siwo wozã le Fia David ƒe dziɖuɣi ko.” Ame aɖewo susu be ɣemaɣi koŋue wozã ŋkɔ ma. Esia hã ganye kpeɖodzi bubu be nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo la ɖo kpe Biblia me nyawo dzi.

Le Biblia ƒe akpa bubu la, woyɔ ŋkɔ Esbaal be Is-Boset, si me wotsɔ “boset” ɖɔ li “baal” le. (2 Sam. 2:10) Nu ka tae? Numekulawo ɖe eme be: “Le Samuel ƒe agbalẽ evelia me la, edze abe nuŋlɔlaa medi be yeazã Esbaal, si he susu yi Kanaantɔwo ƒe ahom mawu Baal dzi o ene, ke hã, ŋkɔa ŋutɔŋutɔ . . . dze le Kronika Ƒe Agbalẽawo me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe