INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w19 December axa 15
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Aglãdzedze Le Dziƒonutowo Me
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
  • Mɔkpɔkpɔ Si Nyo Wu Na Luʋɔ la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
w19 December axa 15

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi Satana gblɔ na Xawa be ne eɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia la, maku o la, ɖe Satana di be Xawa nasusui be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo me, abe ale si ame geɖewo xɔe se egbea enea?

Satana le nu ƒom to da aɖe dzi le Xawa tem kpɔ

Edze ƒãa be menye nenemae o. Abosam megblɔ na Xawa be ne eɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo ƒe kutsetse la, eƒe ŋutilã koe aku gake nane si womekpɔna o si le eme (si ame aɖewo yɔna egbea be luʋɔ makumaku) la ayi edzi anɔ agbe le teƒe bubu aɖe o. Ke boŋ, esi Satana ƒo nu na Xawa to daa dzi la, egblɔ na Xawa be ne eɖu ati ma ƒe kutsetse la, ‘mele kuku ge akpɔ gbeɖe o.’ Nu si wòwɔnɛ ye nye be Xawa ayi edzi anɔ agbe si de ŋgɔ wu, eye mahiã be wòanɔ Mawu ƒe kpɔkplɔ te o.—1 Mose 2:17; 3:3-5.

Ne menye Eden-bɔa mee luʋɔ makumaku ƒe nufiafia si bɔ egbea la dzɔ tso o la, ke afi kae wòdzɔ tso? Míate ŋu agblɔe kaŋ o. Gake míenya be woɖe alakpasubɔsubɔ katã ɖa le anyigba dzi le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me. Esi wònye be Noa kple eƒe ƒomea koe tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me, eye wo katã wosubɔa Mawu le mɔ si sɔ nu ta la, ame aɖeke menɔ alakpanuwo fiam ɣemaɣi o.

Eya ta, anɔ eme be, Tsiɖɔɖɔa megbe ye luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa dze egɔme. Ðikeke mele eme o be, esime Mawu tɔtɔ gbe na amewo le Babel eye amewo ka hlẽ “ɖe anyigba blibo la katã dzi” la, nuŋububu si nye be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔwo me la nɔ susu me na wo wotsɔ dzoe. (1 Mose 11:8, 9) Ɣeyiɣi ka ke mee aʋatsodzixɔse sia ɖadze egɔme o, míate ŋu aka ɖe edzi be Satana Abosam, si nye “aʋatsokafofo” lae le megbe na nufiafia sia, eye edo dzidzɔ nɛ ŋutɔ be nufiafia sia kaka ɖe xexea me.—Yoh. 8:44.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe