Nyati Aɖe Si De Dzi Ƒo Na Nyɔnu Siwo Ŋu Wowɔ Ŋutasẽnuwo Ðo
“NYƆNU kple nyɔnuvi miliɔn geɖe le xexea me godoo siwo ŋu wowɔa nu manyomanyowo ɖo. Ðe nèle wo domea? Kpɔ ale si Mawu tsɔ ɖe le eme na wò eye wòdi vevie be nànɔ dedie, kple nu si wòawɔ be womagawɔ nu manyomanyo ɖe nyɔnuwo ŋu azɔ o.”
Alea wodze jw.org nyati aɖe si nye “Nyɔnuwo Ƒe Dedienɔnɔ—Nya Si Biblia Gblɔ” la gɔme. Link aɖe si le nyatia ƒe nuwuwu akpe ɖe ŋuwò nàhe eƒe PDF ɖe mɔ̃ dzi. Àte ŋu atae aŋee ɖe akpa ene me abe trakt ene. Nɔvinyɔnu Stacy si le Amerika gblɔ be: “Meta eƒe kɔpi aɖewo eye nye kple nɔvinyɔnu aɖe míetsɔe yi dɔwɔƒe aɖe si kpena ɖe nyɔnu siwo ŋu wosẽ ŋuta le ŋu le míaƒe hamea ƒe anyigbamama me.”
Dɔwɔla aɖe si le teƒea gblɔ be yewohiã geɖe ama na nyɔnuawo. Eya ta nɔvinyɔnuawo tsɔ agbalẽvi sia 40 kple jw.org kadodogbalẽvi 30 yi na wo. Emegbe la, teƒea dzikpɔla bia tso nɔvinyɔnuawo si be woawɔ ale si wosrɔ̃a Biblia kple amewo ƒe wɔwɔfia ne nyɔnuawo nakpɔ.
Stacy kple nɔvinyɔnu eve bubu yi ɖama agbalẽvi sia le dɔwɔƒe bubu si kpɔa nyɔnuwo dzi. Ameawo xɔ agbalẽvi atɔ̃ eye wobia be woatsɔ ɖewo ava kpee na yewo. Dɔwɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Agbalẽvi sia aɖe vi na nyɔnu siwo le afi sia.” Egblɔ kpee be: “Nu sia tututue míehiã.” Esi mía nɔviawo trɔ yi la, nyɔnuawo dometɔ geɖe va ƒo ƒu be yewoakpɔ ale si wosrɔ̃a Biblia kple amewo, eye wo dometɔ eve gblɔ be yewodi be yewoade kwasiɖanuwuwu kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me.
Nɔvinyɔnu Stacy gblɔ be: “Ale si amewo kpɔ dzidzɔ ɖe nyatia ŋu wɔ nuku na mí. Ne ètae heŋee nyuie tsɔ yi gbeadzi la, anye mɔ si dzi nàto atsɔ Fiaɖuƒe nya nyuia ayi na nyɔnu siwo ŋu wowɔ ŋutasẽnuwo ɖo. Ale si amewo kpɔ dzidzɔ ɖe nyati sia ŋu la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Míele mɔ kpɔm be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo dzem míele be nya nyuia naɖo ame siawo ƒomevi gbɔ la dzi.”