INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 7/8 axa 22-24
  • Nukae Mate Ŋu Awɔ tso Sukudɔdasi Geɖe Siwo le Ŋunye la Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Mate Ŋu Awɔ tso Sukudɔdasi Geɖe Siwo le Ŋunye la Ŋu?
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vovo Meli Oa?
  • Nukpɔsusu Nyui si Anɔ Asiwò ɖe Sukudɔdasi Ŋu
  • Ðoɖo si Dzi Nànɔ Wɔwɔm Ðo ƒe Asixɔxɔ
  • Wɔ Ðoɖo ɖe Wò Ɣeyiɣi Ŋu Nyuie!
  • Aleke Mawɔ Akpɔ Ɣeyiɣi na Nye Sukudɔdasiwo?
    Nyɔ!—2004
  • ‘Dɔwo Sɔ Gbɔ Ðe Dzinye Akpa!’
    Nyɔ!—2009
  • Kpekpewo Dede Ɣesiaɣi—Nu Vevi Aɖee
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Ðe Mate Ŋu Adze Agbagba Ðe Edzi Wu le Sukua?
    Nyɔ!—1998
Nyɔ!—1993
g93 7/8 axa 22-24

Sɔhɛwo Biana Be

Nukae Mate Ŋu Awɔ tso Sukudɔdasi Geɖe Siwo le Ŋunye la Ŋu?

Wogblɔ be “sukudɔdasi geɖee” nye nusiwo tea ɖeɖi sɔhɛwo ŋu vevie la dometɔ ɖeka

“Ne mèwɔ ɖoɖo nyui o la, ɣeyiɣi ko nàgblẽ anɔ tame bum le nusi nàwɔ ŋu”

‘VOVO mele mía ŋu boo o!’ Nyatoƒoe mae sukukɔkɔdela aɖewo to. Nuka gbɔe kuxi sia tso? Eyae nye ɣeyiɣi geɖe si sukudede kple sukudɔdasiwo xɔna le ame si. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Véronique gblɔ be: “Meyia suku le ŋdi ga 8:00 me kpãna le ɣetrɔ ga 5:30 me. Kaka maɖo aƒeme la, eƒoa fiẽ ga 6:30. Esesẽ loo. Mía dzilawo tsɔe be sukudede vivina. Womenya be sukudede tea ɖeɖi ame ŋu hegbãa lãme na ame o, eye ne míeva ɖo aƒeme hã la, sukudɔdasi hã gali míagawɔ.” Sandrine si xɔ ƒe 17 gblɔ kpee be: “Mezãa gaƒoƒo eve vaseɖe etɔ̃ fiẽ sia fiẽ kple kwasiɖanuwuwuwo tsɔ wɔa sukudɔdasiwoe.”

Véronique kple Sandrine wole France, afisi sukuviwo ƒe sukudeɣeyiɣiwo didi le le Europa. Nenema ke sukuvi siwo le dukɔ bubu geɖewo me hã kpɔnɛ be ɖeɖi tea yewo ŋu, nu tia kɔ na yewo eye nu bubu siwo xɔa yewoƒe ɣeyiɣi va glo yewo. Wogblɔ be “sukudɔdasi geɖee” nye nusiwo tea ɖeɖi sɔhɛwo ŋu vevie la dometɔ ɖeka.

Esi dɔkpɔkpɔ le sesẽm fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le xexeame ƒe teƒe geɖe ta la, sɔhɛ geɖewo kpɔe be hafi yewoakpɔ dɔ nyui awɔ le etsɔ me la, suku koe yewoade. Abe alesi Violaine si le suku kɔkɔ aɖe gblɔe ene be: “Dɔ nyui kpɔkpɔ va le sesẽm ale gbegbe be ɖevi siwo li egbea va kpɔe be nu ɖeka koe li yewoawɔ—YEWOASRƆ̃ NU!

Vovo Meli Oa?

Gake amesiwo kpɔa dzidzedze le suku nya be exɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. Eye ne Kristotɔ sɔhɛ nènye la, nu bubu geɖewo gali nàwɔ kple wò ɣeyiɣi: Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, Biblia sɔsrɔ̃, kple wò xɔse ŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo. (Yohanes 17:3; Romatɔwo 10:10; Hebritɔwo 10:24, 25) Biblia gagblɔ kpee be “nukoɣi li” si me nàɖe modzaka le. (Nyagblɔla 3:1, 4; 11:9) Ðewohĩ àdi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe modzaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme ŋu abe sɔhɛ bubuwo ene. Gake adze abe ɖe sukudɔdasi axɔ wò ɣeyiɣiwo katã eye màgakpɔ vovo kura gɔ̃ hã ɖe nusiwo le ŋuwò wɔwɔ ŋu o ene—eye vovo gɔ̃ hã manɔ ŋuwò be nàwɔ nusiwo nèdi be yeawɔ o.

Gake zi geɖe la, menye vovomanɔameŋu ɖeɖekoe nyea kuxia o. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be susu vevi eve siwo tae sukukɔkɔdelawo kpea fu le woƒe nusɔsrɔ̃ mee nye “ɣeyiɣia ŋudɔ mawɔmawɔ nyuie” kple “ɖoɖo nyui mawɔmawɔ.” Abe alesi sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Olivier de dzesii ene la, menye wò veviedodo nu le nusɔsrɔ̃ me ŋu koe wò ɖoɖo nyui mawɔmawɔ agblẽ nu le o. Egblɔ be: “Ne mewɔ ɖoɖo nyui o la, àgblẽ ɣeyiɣi geɖe anɔ tame bum le nusi nàwɔ ŋu.” Ekema aleke nàte ŋu awɔ ɖoɖo nyuie?

Nukpɔsusu Nyui si Anɔ Asiwò ɖe Sukudɔdasi Ŋu

Gbã la, ele be nàtsɔ susu nyui abu wò sukudɔdasiwoe. Biblia gblɔ na mí be: ‘Míade vovototo nusiwo hiã wu la dome.’ (Filipitɔwo 1:10) Eye ne àbu eŋu la, nukae le be wòanye nu vevitɔ na wò le agbe me? Ðe manye gbɔgbɔmenu siwo hiã be nàwɔ ye oa? Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: ‘Midi Fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Esia fia be ele be nàtsɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo, gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃, kple gbeƒãɖeɖe na ame bubuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.

Ðe esia fia be sukudɔdasi mehiã oa? Kura o. Gake abe Kristotɔ ene la, mele be taɖodzinu si ta nàde suku ɖo nanye be yeadzra ɖo ɖe ŋutilãmedɔ ŋu o. Ke boŋ ele be nàsrɔ̃ dɔ aɖe si akpe ɖe ŋuwò le dɔ si nàwɔ abe Mawu ƒe subɔla ene me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, adzra ɖokuiwò ɖo be nàkpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò dzi, kple ɖewohĩ wò ƒome dzi gbaɖegbe. (Tesalonikatɔwo I, 4:11, 12; Timoteo I, 5:8) Ne ele susu me na wò alea la, akpe ɖe ŋuwò nàdo vevie nu le suku. Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be nàdze agbagba geɖe be ŋusẽ nanɔ ŋuwò le gbɔgbɔ me.

Be woawɔ “ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo” le gbɔgbɔmegbanɔamedziwo, aƒemedɔwo, modzakaɖeɖe, kple sukudɔdasi me la manɔ bɔbɔe kura o. Gake anya wɔ.—Efesotɔwo 5:15, 16.

Ðoɖo si Dzi Nànɔ Wɔwɔm Ðo ƒe Asixɔxɔ

Mɔ siwo dzi nàwɔ ɣeyiɣiawo ŋuti dɔ le bliboe dometɔ ɖekae nye nàwɔ alesi nèsrɔ̃a nui ŋudɔ nyuie. Woɖo aɖaŋu nyui aɖewo le agbãle si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ta 18 me.a Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèwɔ ɖoɖo alo ɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ ɖe wò sukudɔdasiwo ŋua?—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:16.

Harry Maddox ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye How to Study me be: “Ðikeke mele eme o be kuxi siwo ta nu menya srɔ̃na o dometɔ ɖekae nye “nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo dzi mawɔmawɔ.” Ke wò hã ɖe? Ðe nèhea sukudɔdasi wɔwɔ ɖe megbe vaseɖe esime ewɔwɔ dzrowò hafia—alo ne èkpɔ vovo ɖe eŋu hafia? Nyagblɔla 11:4 xlɔ̃ nu mí be: “Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.”

Harry Maddox gblɔ kpee be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be woagblẽ ɣeyiɣi geɖe yakatsyɔ. Ne mèwɔ ɖoɖowɔɖi aɖeke si dzi nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖo o la, àtsɔ ɣeyiɣi si wòle be nàtsɔ asrɔ̃ nui la anɔ television kpɔm, anɔ magazinewo xlẽm, . . . alo anɔ nu bubu geɖe siwo sukuvi kuviatɔwo alɔ̃ faa awɔ tsɔ wu be woanɔ anyi be yewole nu srɔ̃m la wɔmee. Ne èwɔ ɖoɖo ɖi eye nèɖonɛ kplikpaa zɔna ɖe edzi la, ava mã wò godoo, eye eteƒe madidi hafi edzi wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wò eye nàva bui wò agbenɔnɔ ƒe akpa aɖee o.”

Ne èwɔ ɖoɖo ɖe wò sukudɔdasiwo ŋu eye nèmlã ɖokuiwò ɖe ewɔwɔ ŋu la, àkpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe nu bubuwo hã ŋu. Ne èwɔ ɖoɖo nyuie la, akpe ɖe ŋuwò be nada asɔ nyuie le sukudɔdasiwo wɔwɔ kple Kristotɔwo ƒe agba siwo le dziwò, abe hamea ƒe kpekpewo dede ene, la me.

Wɔ Ðoɖo ɖe Wò Ɣeyiɣi Ŋu Nyuie!

Ke nu bubu siwo wòle be nàwɔ abe aƒemedɔwo ene ya ɖe? Ðoɖowɔwɔ koe hiã. Dze agbagba nàwɔ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ŋudɔ:

Ŋlɔ nusiwo nàwɔ la ɖi. Stephanie Winston, si nye ɣeyiɣi ŋudɔwɔwɔ nyuie ŋuti aɖaŋuɖola gblɔ be anyo be kotokumegbalẽvi nanɔ ŋuwò ɣesiaɣi. Wɔ eŋudɔ tsɔ ŋlɔ “nusianu si va susu me na wò, dɔdasi, telefonxexlẽdzesi, dɔ si nàwɔ, kple afisiwo nàyi—elolo alo melolo o, ehiã alo mehiã o la ɖi.” Le gɔmedzedzea me la, nuawo asɔ gbɔ na wò ŋutɔ gake ne èzɔ ɖe aɖaŋu siwo gbɔna dzi la, àte ŋu awɔ ɖe edzi bɔbɔe.

Ŋlɔ esiwo le vevie wu gbã. Esia ana wò susu nanɔ nusiwo hiã be nàwɔ do ŋgɔ la ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, àte ŋu aɖe nusiwo mehiã tututu o alo esiwo màkpɔ vovo awɔ o la le eme.

Wɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Ẽ, wɔ nuŋlɔɖia wòanye nusiwo nèɖo be yeawɔ—ŋlɔ wo da ɖi. Ɣletigbalẽvi si wodea kotoku me alo nuŋlɔɖigbalẽvi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia nyuie. Ðoɖowɔɖi nyui si sɔ maxe mɔ ɖe wò vovoɣi nu o ke boŋ akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɣeyiɣia ŋuti dɔ nyuie.

Ðoe kplikpa. Kpɔe ɖa be ɣeyiɣi kawoe anyo nàtsɔ awɔ dɔ aɖewoe hã. Le kpɔɖeŋu me, àkpɔe be anyo ŋutɔ be yeawɔ sukudɔdasiwo do ŋgɔ le ŋkekea me esime yeƒe susu dze akɔ anyi nyuie wu.

Gake de dzesii be menye agbemenuwɔna ɖesiaɖe ŋue nàwɔ ɖoɖo ɖo o. Na mɔ nanɔ wò ɖoɖowɔɖia me be ɣeyiɣi nanɔ anyi na nusiwo mèle mɔ kpɔm na o kple nusiwo va hiã kpata la wɔwɔ. Wɔ tɔtrɔ ne ehiã gake dze agbagba nàwɔ ɖe wò ɖoɖowɔɖia dzi alesi gbegbe nàte ŋui. De dzesii: Anyo be ɣeyiɣi si nàɖo ɖe dɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ ŋu la nasɔ gbɔ wu alesi nèbui. Àte ŋu atrɔ ɖe nu bubu wɔwɔ ŋu ne èwɔe vɔ kaba.

Ðo ɣeyiɣi si nàwu enu na ɖokuiwò. Esia ana be màlala ʋuu vaseɖe esime ɣeyiɣia de vɔ hafi nàtsi dzi awɔe o. Ne sukudɔdasi le asiwò la, dze agbagba nàɖo ɣeyiɣi si dzi nàwu enu do ŋgɔ na ɣeyiɣi si woaɖo be miatsɔe vɛ.

Mlã ɖokuiwò be nàzɔ ɖe wò ɖoɖowɔɖia dzi. Le esi teƒe be nànɔ aƒeme asrɔ̃ nu ɖe dodokpɔ mamlea wɔwɔ ŋu la, ate ŋu adzrowò be nàyi xɔ̃wò aɖe gbɔ boŋ. Gake ne èwɔ kuvia le wò nusɔsrɔ̃ me la, màkpɔ dzidzedze nyui le wò nusɔsrɔ̃ me emegbe o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 9:6.) Azɔ ne èwɔ wò dɔdasia vɔ kaba la, àte ŋu awɔ wò ɣeyiɣi susɔea ŋudɔ atsɔ awɔ nusi nèdii. Nusi nyo wue nye be nàwɔ nusiwo hiã gbã, eye emegbe nàfe.

Ðoɖowɔwɔ ɖe nuwo ŋu kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu abia ɣeyiɣi, dzigbɔɖi, ɖokuimamlã geɖe, gake wogblɔ na Kristotɔwo be woaɖu wo ɖokui dzi le nusianu me. (Korintotɔwo I, 9:25) Ðoɖo dzi wɔwɔ ɣesiaɣi nye nɔnɔme nyui le gɔmeɖose sia dzi wɔwɔ me. Nusi ado tso emee nye be àkpɔ dzidzɔ le nusiwo nète ŋu wɔna ta, be yete ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe yeƒe agbe dzi, eye be ɣeyiɣi geɖe sua ye si yetsɔ wɔa nusiwo yedi be yeawɔ lae.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Wɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu eye nàzɔ ɖe edzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe