INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 6/8 axa 9-13
  • Nusiwo Teƒe Mekpɔ Esime Menye Aʋawɔwɔŋutinyaŋlɔla

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusiwo Teƒe Mekpɔ Esime Menye Aʋawɔwɔŋutinyaŋlɔla
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Siwo Mebia Ðokuinye le Aʋawɔwɔa Ta
  • Aʋawɔwɔwo Kple Dzɔgbevɔ̃e Siwo Wòahe Vɛ la Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ
  • Meyi Britania-Ƒukpowo Dzi
  • Wodze Europa Dzi
  • Aʋa si Woho le Vome
  • Patton ƒe Gbedodoɖa
  • Germaniatɔwo ƒe Tanana Kple Alesi Germania Va Nɔ Esi Aʋaa Ke
  • Dɔ Siwo Mewɔ le Asrafowo ƒe Blemanudzraɖoƒea
  • Mexɔ Dzudzɔ le Dɔ me eye Dzi Ðe Le Ƒonye
  • Agbenɔnɔ Yeye
  • Fia Siwo Dome Adikã Le La Ðo Ƒe Alafa 20 Lia Me
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Agbagbadzedze Be Manye ‘Dɔwɔla si Mehiã be ŋu Nakpee O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Yehowa Ðasefowo Dzi Nɔ Wo Ƒo le Nazitɔwo ƒe Ŋutasesẽnuwɔnawo Me
    Nyɔ!—1998
Nyɔ!—1993
g93 6/8 axa 9-13

Nusiwo Teƒe Mekpɔ Esime Menye Aʋawɔwɔŋutinyaŋlɔla

Ɣletiŋkeke lae nye August 25, 1944. Teƒe lae nye Paris, France.Esi míaƒe ʋua le mɔdodo gbadza si woyɔna be Champs Élysées dzi tom la, ele na mí be míaɖi le ʋua me enuenu ahabe ɖe ʋɔtruwo nu esime Nazitɔ tudalawo ƒe tukpewo nɔ mɔdodoa me tsom.

GBEMAGBEE amesiwo nɔ Paris ƒe ablɔɖe si wokpɔ tso Hitler ƒe aʋakɔwo si me le Xexemeʋa II me la dze egɔme, eye menɔ Amerikatɔ gbãtɔ siwo ge ɖe dua me la dome. France-ŋutsu kple nyɔnu sesẽwo ƒo zi va sɔ ɖe ablɔawo dzi be woado dzaa na mí abe ablɔɖenalawo ene. Míetsi amedzrodzeƒe dzeani aɖe, afisi Germania-srafomegãwo ʋu le afɔtsɔtsɔe ŋdi ma ko la dɔ.

Menɔ asrafo siwo nye aʋawɔwɔŋutinyaŋlɔlawo ƒe ƒuƒoƒo si yi Europa henɔ Amerika-srafoʋakɔ Etɔ̃lia, si nu Aʋafia George S. Patton, Jr. nɔ, ƒe aʋawɔwɔ ŋutinyawo ŋlɔm ɖi dome.

Nya Siwo Mebia Ðokuinye le Aʋawɔwɔa Ta

Esi wòsusɔ ŋkeke ʋee aɖewo ko míaɖo Paris la, míeku ʋu to mɔ xaxɛ siwo dzi woɖe Germaniatɔwo ƒe aʋawɔʋu gbagbã siwo wotɔ dzoe ɖa le eteƒe medidi o koe nye ma la dzi. Míeva tɔ ɖe avea me le teƒe aɖe si Amerika-srafowo xɔ hele eŋu dzɔm eteƒe medidi o koe nye ma. Germania-srafowo ƒe kukuwo kaka ʋayaʋaya ɖe anyigba. Nuŋɔŋlɔ ɖeka tɔgbe si le wo katã ƒe alidziblanu ŋue nye, “Mawu le mía dzi.” Gake Germania-srafo aɖe ŋlɔ kukuɖenya ɖe kpe aɖe si le teƒe ma la dzi be, “Kplɔla [Hitler], xɔ na mí!”

Nyagbɔgblɔ eve mawo wɔ dɔ ɖe nye susu dzi si nyemaŋlɔ be akpɔ o. Nazi-dziɖuɖua lɔ̃ ɖe edzi be Mawu li kple yewo, gake asrafo aɖe ƒo koko na ŋutasẽdziɖula Hitler be wòaxɔ na yewo. Mede dzesii be menye Germaniatɔwo ɖeɖeko ŋue nyagbɔgblɔ sia ku ɖo o. Eɖe dzesi le akpa eveawo siaa siwo le aʋa dziŋɔ sia wɔm la ŋu. Eyata mebia ɖokuinye be, ‘Ðe Mawu dea akpa aɖe dzi le aʋawɔwɔ mea? Ameka ƒe akpa dzie Mawu le?’

Aʋawɔwɔwo Kple Dzɔgbevɔ̃e Siwo Wòahe Vɛ la Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ

Wodzim le Butte, Montana, le ƒe 1917 me, si nye ƒe si me Amerikatɔwo ƒo wo ɖokui ɖe Xexemeʋa I wɔwɔ me. Esi mewu suku kɔkɔ si ame aɖe ɖo nu le ƒe 1936 me vɔ la, medze Stanford Yunivɛsiti dede gɔme le California. Gake mekpɔe be ƒe gbãtɔ me nusɔsrɔ̃a na kuvia ɖoam ne metsɔe sɔ kple nudzɔdzɔ ʋãme siwo le edzi yim le xexeame godoo la. Japan ho aʋa ɖe China ŋu, Mussolini ɖu Ethiopia dzi le aʋawɔwɔ me, eye Spaniatɔwo ƒe Dukɔmeviʋa nɔ edzi yim. Le aʋawɔwɔ ma me la, Nazitɔwo, Fasitɔwo, kple Kɔmiunistɔwo nɔ woƒe aʋawɔtuwo kple aʋawɔɖaŋuwo dom kpɔ be woatsɔ adzra ɖo ɖe Xexemeʋa II wɔwɔ ŋu, esi Dukɔwo ƒe Nubabla menɔ naneke wɔm tso eŋu o.

Le suku kɔkɔa dede ƒe eve megbe la, medzudzɔ hetiae boŋ be matsɔ ga si wodzra ɖo hena nye sukudede la ƒe susɔe azɔ mɔ ayi Europa kple Afrika eye fofonye hã lɔ̃ ɖe edzi nam. Meɖo Germaniatɔwo ƒe tɔdziʋu si nye Deutschland la hetso Atlantik-ƒua le ƒe 1938 ƒe nuwuwu lɔƒo, eye mehe nya geɖe kple Germaniatɔ ɖekakpui siwo nye asrafowo nɔ ʋua me la be Hitler kple eƒe Germaniatɔwo ƒe ŋusẽ mate ŋu anɔ te ɖe Britania kple France ƒe fiaɖuƒewo nu ne wodo go o. Le Paris la, amewo tsi dzodzodzoe le Hitler ƒe ŋɔdzidodo, dadawo, kple ŋugbedodo yeyewo ta. Gake gbesiagbenuwɔnawo yi edzi abe tsã ene. Esi meɖi tsa yi Tangier le Afrika la, ɣeaɖewoɣi mesea aʋawɔwɔ ƒe ɖiɖi le Spania, si ŋu dukɔmeviʋa gblẽ nu le la le Gibraltar-ƒudomenyigba la dzi.

Esi metrɔ gbɔ va United States le ƒe 1939 me la, mekpɔ nu dziŋɔ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le míaƒe ɣeyiɣia me la do ŋgɔ. Esi Japantɔwo dze Pearl-ʋudzeƒe dzi le ƒe 1941 ƒe December me, si wɔe be United States hã ge ɖe Xexemeʋa II wɔwɔ me la, mege ɖe Asrafowo ƒe Ʋukudɔa me abe dumevi dzro ko ene. Le ƒe 1942 me esime menɔ Alaska la, dɔwɔƒe si kpɔa amexɔxɔ sesẽe ɖe asrafodɔ me gbɔ la mia asim.

Meyi Britania-Ƒukpowo Dzi

Esi meɖi tsa yi aƒe la, wozi dzinye sesẽe ɖe asrafodɔa me eye mewɔ dɔ le Amerika ƒe ɖeka. Emegbe meɖo tɔdziʋu yi England eye míaƒe tɔdziʋu siwo nɔ ha me ho le United States ƒe Ɣedzeƒeƒugoa ŋu le ƒe 1944 ƒe adame. Aʋawɔwɔ gbãtɔ si me nye hã menɔ míewɔ la dzɔ le Atlantik-ƒua ƒe anyiehe gome esime Germaniatɔwo ƒe ƒugɔmeʋawɔʋuwo nyrɔ̃ tɔdziʋu si nɔ mía tɔ ŋgɔ tututu la, eye míaƒe tɔdziʋu siwo nɔ ha me nɔ yiyim la kaka, eye tso afima vaseɖe esime míeɖo Liverpool la, tɔdziʋu ɖesiaɖe kpɔ eya ŋutɔ ƒe nyawo gbɔ.

Esime míenɔ lalam le England le nudzraɖoƒe aɖe hena míaƒe dɔdasiwo xɔxɔ la, woƒo asrafoawo nu ƒu hena nuƒo aɖe si asrafowo ƒe osɔfo aɖe aƒo la sese. Eɖe fu nam be asrafowo ƒe osɔfowo ƒoe ɖe amewo nu be woawɔ aʋa kple woawo ŋutɔwo ƒe subɔsubɔha me tɔ siwo le akpa siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, evɔ wokpɔtɔ nɔ gbɔgblɔm be Mawu le yewoƒe akpa dzi le aʋawɔwɔa me. Edze ƒã be Mawu mate ŋu ade akpa evea dzi o.

Le ƒe 1944 ƒe adame la, Amerika- kple Britania-srafowo va li kɔ ɖe Britania-ƒudomekpoawo dzi kple woƒe aʋawɔnuwo. Aʋafia Patton (eyae nye ma le ete) si wonya nyuie le eƒe kalẽwɔwɔ ƒe aʋawɔɖaŋu si ŋudɔ wòwɔ le Siciliatɔwo kple Anyihe Afrikatɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me la ƒo dzideƒonamenuƒo kpui si ɖe ɖikeke ɖesiaɖe ɖa le asrafoawo ƒe susu me le nusi wɔ ge wova la ŋuti—si nye be woatsɔ aʋawɔnu siwo le wo si la awu futɔ geɖe siwo woate ŋui vaseɖe esime woaɖu wo dzi. Patton nɔ abe egbegbe yivuwɔla ene: ekɔkɔ, ebla aʋakpa heɖɔ gakuku, eye wòdo aʋawu si woɖo atsyɔ̃ na—atsyɔ̃nu siwo le abe ɣletiviwo ene la le dzo dam le eƒe aʋawu ŋu. Eƒoa nya hã ɖe ame nu vevie hegblɔa nya gbegblẽ ale gbegbe eye wòwɔa mawusubɔsubɔnu—edoa gbe ɖa hafi dzea aʋawɔwɔ gɔme.

Le Patton ƒe “Asrafowo ƒe Gbedodoɖa” si wòwɔ le January 1, 1944 me la, eɖe kuku be: “Mía Fofowo ƒe Mawu, si to anyigba kple atsiaƒu dzi na míeɖu aʋa dzi kpɔ la, míeɖe kuku na wò be nàyi edzi ana wò mɔfiame si ʋãa ame la mí le míaƒe aʋawɔwɔ gãtɔ kekeake sia me. . . . Aƒetɔ na míakpɔ dziɖuɖu.”

Wodze Europa Dzi

Le June 6, 1944 dzi la, dukɔ siwo bla bu ho aʋa ɖe Germania ŋu la tso Eŋlisiawo ƒe tsimɔa kple aʋawɔʋu gbogbotɔ kekeake siwo wokpɔ kpɔ le xexeame, heva ɖi go ɖe Normandy ƒe ƒuta afisi Germania-srafowo ate ŋu adze wo dzi le. Ƒuta afisi míeƒu asaɖa anyi ɖo la melolo na mí o, gake míaƒe Asrafoʋakɔ Etɔ̃lia va ɖi anyi le ŋkeke 30 megbe. Le zã me la míege ɖe do siwo míeɖe ɖe anyigba la me esime Germaniatɔwo ƒe yameʋuwo nɔ bomb dam ɖe teƒea vevie.

Le July 25 dzi la dukɔ siwo bla nu ho aʋa ɖe Germania ŋu la ʋu tso ƒuta afisi woƒu asaɖa anyi ɖo la heɖo ta ŋgɔ eye le kwasiɖa ɖeka megbe la woɖe asi le míaƒe Asrafoʋakɔ Etɔ̃lia ŋuti eye woyi ŋgɔ hege ɖe Britania ƒe Ƒukpoafã la dzi. Emegbe míeho ɖo ta ɣedzeƒekpa dzi heɖe Germania-srafo siwo nɔ sisim la ɖe nu va ɖo Seine-tɔsisia gbɔ le Paris. Le September me lɔƒo la, Patton ƒe aʋawɔʋuwo kple eƒe aʋakɔwo yi ɖe Franse ƒe ɣedzeƒekpa dzi ʋĩ ke, le esi woho aʋa si ɖe dzesi wu ɖesiaɖe le egbegbe ŋutinya me la dometɔ ɖeka vɔ megbe. Míetso aseye be aʋa la ke vɔ.

Gake nudidi mawo ƒe ɖeke meva eme o esi wolɔ aʋawɔnuwo kple asrafo akpa gãtɔ yi ɖakpe ɖe Britaniatɔwo ƒe Aʋafiagã Montgomery ƒe asrafowo ŋu le aʋakpeƒe si le anyiehe. Afimae wodze Germaniatɔwo ƒe aʋalɔgo si le Holland dzi le keŋkeŋ. Gake afɔku va dzɔ esime dukɔ siwo bla nu ho ɖe Germania ŋu ƒe yamesrafowo va dze ɖe Germaniatɔwo ƒe aʋawɔʋu sesẽ eve dome le manyamanya me eye wosi wo keŋkeŋ. Dukɔ siwo bla nu ho aʋa ɖe Germania ŋu ƒe aʋalɔgo susɔeawo de zɔ ɖe ge ayi ŋgɔ do kpoe, eye womete ŋu dze woƒe futɔwo dzi abe alesi wosusui ene o.

Aʋa si Woho le Vome

Hitler kple eƒe aʋafiawo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ gaƒo woƒe amewo nu ƒu henɔ ame yeyewo yɔm be woava kpe ɖe yewo ŋu eye wonɔ aʋawɔʋu gbogbo aɖewo nu ƒom ƒu le adzame le afisi Amerika-srafowo mede ha le o. Nazitɔwo ƒe aʋahoho si wona ŋkɔe be Vomeʋahoho la dze egɔme le December 16 ƒe zã doviviti tsiɖitsiɖi aɖe me. Woɖoe be yewoatsɔ Germaniatɔwo ƒe aʋawɔʋu adze dukɔ siwo bla nu ho aʋa ɖe Germania ŋu la ƒe aʋakɔ me ɖe akpa eve vaseɖe keke Anyieheƒua nu ne yewoaxɔ woƒe aʋawɔnudzraɖoƒe gãtɔa le wo si.

Germania-ʋawɔʋuwo do ɖe Amerika-srafowo dzi le vome eye eteƒe medidi hafi woɖe to ɖe wo le Bastogne o. Asrafoʋakɔ Etɔ̃lia si le Aʋafia Patton ƒe kpɔkplɔ te la trɔ heɖo ta teƒe bubu afɔtsɔtsɔe, eye esi míezɔ mɔ didi aɖe vɔ megbe la, míeva ɖo teƒe si míadze aʋawɔʋuawo ƒe hatsotso gbogboawo dzi sesẽe. Gake le tsi si ɖo yibɔ henɔ dzadzam kwasiɖa ɖeka kloe ta la, míete ŋu wɔ yamesrafowo ŋudɔ o.

Patton ƒe Gbedodoɖa

Le December 22 lia dzi la, nane dzɔ si ʋãm vevie be mawɔ tiatia le gbɔgbɔ me. Kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ na ema la, aʋafia Patton na eƒe asrafowo ƒe osɔfomegã ŋlɔ gbedodoɖa ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi si woava zã emegbe le Germaniatɔwo ƒe aʋakpeƒe si le Rhine-tɔsisia ƒe ɣetoƒe gome. Gake do ŋgɔ la, Patton na womã gbedodoɖaa ƒe tata 350,000 na Asrafoʋakɔ Etɔ̃lia me tɔ ɖesiaɖe le gaƒoƒo ʋee aɖewo ko me. Eɖe kuku na Fofo la be ‘wòatsi tsidzadza gbogbo siawo nu’ eye ‘wòana yame nakɔ, ne míawɔ aʋa’ bena Amerika-srafowo nate ŋu ‘agbã woƒe futɔwo ƒe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ, eye nàɖo Wò dzɔdzɔenyenye anyi le amewo kple dukɔwo dome.’

Nukutɔe la, yame kɔ zi ɖeka le zã ma me eye wòyi edzi kɔ keŋ vaseɖe ŋkeke atɔ̃ siwo kplɔe ɖo la me. Esia na mɔ dukɔ siwo bla nu ho aʋa ɖe Germania ŋu ƒe asrafowo kple yameʋu siwo daa bɔmb la be woadze Nazitɔwo ƒe aʋawɔʋu siwo le ha me le yiyim la katã dzi eye wosi wo hetsrɔ̃ wo. Hitler ƒe aʋawɔʋu mamleawo ƒe nuwuwue nye ma, eye eƒe aʋakɔ siwo ka hlẽ la dze megbe dede gɔme.

Patton kpɔ dzidzɔ hegblɔ be, “mana woagata gbedodoɖa mawo ƒe xexlẽme 100,000. Aƒetɔ la le mía dzi eye ele be míana wòanya nusiwo hiã mí.” Gake mebia ɖokuinye be, “ɖe xexeame makɔ le December 23 lia dzi ne womã gbedodoɖa ma alo womemãe oa?’ Yame ƒe nɔnɔme ŋuti nyatakalawo ɖe eme be ya fafɛ aɖe nɔ ƒoƒom tso Russia ƒe gbegbe heva klo tsia ɖa.

Germaniatɔwo ƒe Tanana Kple Alesi Germania Va Nɔ Esi Aʋaa Ke

Dukɔ siwo bla nu ho aʋa ɖe Germania ŋu ƒe aʋahoho le ƒe 1945 ƒe adame la he Hitler ƒe fiaɖuƒea va eƒe nuwuwui eye wona ta le May 7, 1945 dzi. Gbemagbee meva do ɖe Germania-kɔƒedu aɖe me le Rhineland afisi medo go Lilly, amesi ʋu tso Belgium le aʋawɔwɔa ta si va nye srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ la le. Le November 1945 me la, woɖe asi le ŋunye le asrafodɔa me eye meva ge ɖe Amerika-srafowo ƒe Germania xɔxɔ ƒe ŋutinyaŋlɔdɔwɔƒea me. Le December me la, Frankfurt-dumegã wɔ mía kple Lilly ƒe srɔ̃ɖeɖea.

Ŋutinyaŋlɔdɔwɔƒea ƒe dɔe nye be woaŋlɔ nu tso dua xɔxɔ ŋuti. Wova zã Germania-ʋafia alafa geɖe siwo wolé le aʋa me hena aʋaŋutinyaŋɔŋlɔ le Germaniatɔwo ƒe akpa dzi. Menɔ Germania ƒe atɔ̃ wɔ dɔ abe ŋutinyadzraɖoƒedzikpɔlagã ene eye emegbe meʋu yi Amerika kple mía vi eveawo, Gary kple Lizette.

Esi meva srã dzinyelawo kpɔ vɔ megbe la, meva ŋlɔ ŋkɔ ɖe Montana Yunivɛsiti me. Mebui be nye hadede kple asrafowo ƒe nuwuƒee nye ema. Gake le 1954 ƒe adame esi meyina ɖaseɖigbalẽ gãtɔ kekeake xɔ ge le amegbetɔŋutinunya me la, nye asrafo hati eve aɖewo va na nyanyam be wole ame dim be wòanye dɔdzikpɔla le Amerika-srafowo ƒe Aʋawɔtuwo kple Aɖituwo Dzraɖoƒe si le Oklahoma la. Meŋlɔ dɔbiagbalẽ, woxɔm eye míeʋu yi afima.

Dɔ Siwo Mewɔ le Asrafowo ƒe Blemanudzraɖoƒea

Megava le asrafowo ƒe ŋutinya ŋɔŋlɔ ƒe dɔ wɔm ake. Meƒo ɖokuinye ɖe numekuku wɔwɔ, blemanuwo didi, ɖeɖefiawo wɔwɔ, tsaɖiɖiwo, nuƒowo ƒoƒo, blematomenuwo kuku kple asrafowo kple ŋutinya me ŋkekenyuiwo ɖuɖu me. Mewɔ ɖoɖo ɖe ŋkekenyui si woɖu si me ŋutsuwo kple sɔwo do awu le abe alesi wònɔ le blemaŋutinya me ene ŋu eye wokpɔ gome le dukplɔla ɖoɖo ƒe asaɖabɔbɔ me le Washington D. C. le ƒe 1973 me. Metu ɖeɖefiawɔkpata aɖe si me woɖe ŋutinya me kple dukɔwo ƒe aflagawo kple aʋalɔgowo ƒe aflagawo fia le. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, aʋawɔtuwo ƒe blemanudzraɖoƒea va keke ta tso xɔŋgo ɖeka ko dzi va zu asrafowo ƒe blemanudzraɖoƒe gãtɔ kekeake le dukɔa me.

Le ɣeyiɣi ma me la, mía viwo nɔ tsitsim. Esi mía viŋutsu Gary wu suku kɔkɔ dede nu la ekpɔe be mɔfiafia aɖeke mele yeƒe agbe ŋu o. Eva ge ɖe Ƒudzisrafodɔ me eye wòwɔ dɔ le Vietnam-ʋa la me. Esi wòva nɔ ƒu godo ƒe eve megbe la míeda akpe be egagbɔ va aƒe dedie. Eme kɔ ƒã be aʋawɔwɔ mete ŋu he ŋutifafa vɛ o. Ke boŋ nusi teƒe kpɔm míele gbesiagbee nye dukɔ siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔa me ƒe aʋawɔwɔ kple wo nɔewo esime woƒe dukɔmeviwo le kukum le dɔwuame kple dɔléle ta.

Mexɔ Dzudzɔ le Dɔ me eye Dzi Ðe Le Ƒonye

Mlɔeba le dɔwɔwɔ kple asrafowo ƒe 33 megbe la, metso nya me be ɣeyiɣia de be maxɔ dzudzɔ le dɔ me. Asrafowo ƒe gbeɖelagã kple nye dɔwɔhatiwo ɖu dzudzɔxɔxɔ le dɔ me ƒe ŋkeke tɔxɛ aɖe nam eye Oklahoma-dua dzi ɖula ɖe gbeƒã ŋkeke aɖe koŋ le nye ŋkɔ me si nye July 20, 1979. Mexɔ kafukafulɛtawo le akpa si mewɔ le aʋawɔwɔ ŋutinya ŋɔŋlɔ kple blemaŋutinya dzadzraɖo me ta.

Ðe wòle be makpɔ dzidzɔ ŋutɔ hafi. Gake ne mebu nye tsã ɣeyiɣiawo ŋuti la, nye mekpɔa dzidzɔ o. Le esi teƒe be dɔ si mewɔ naɖe aʋawɔwɔ ƒe nu dziŋɔ ŋutɔŋutɔ si wònye la ɖa la, woɖoe koŋ be wòakafui ahahe susu ayi blemakɔnuwo, aʋawɔwuwo, akɔtadzesiwo, aʋawɔnuwo, aɖaŋuwo, kɔnuwo, azãɖuɖuwo, asrafozɔlizɔzɔ, kple ɖeɖefiawo dzii. Aʋafia Dwight D. Eisenhower, amesi va zu Amerika ƒe dukplɔlagã 34 lia kura gɔ̃ hã gblɔ be: “Nusi ŋutɔŋutɔ aʋawɔwɔ nyee nye dzo, dɔwuame kple dɔvɔ̃ . . . meva lé fu aʋawɔwɔ. Aʋawɔwɔ mewɔa naneke wònyona o.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva srɔ̃e be Eisenhower dada nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka—esi nye xɔse aɖe si va le ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye to srɔ̃nye ƒe Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo dzi. Eva zu Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃ le ƒe 1979 me ɣleti ade do ŋgɔ na nye dzudzɔxɔxɔ le dɔ me. Mekpɔe be ewɔ tɔtrɔwo. Enye dada nɛ eye wònye eƒe didi vevie be yeagblɔ nusi yesrɔ̃ la na ame bubuwo ale gbegbe be mía viŋutsua kple srɔ̃a Karin dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye le ƒe ɖeka megbe la wova zu Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃wo.

Gake nye ya menɔ ɖi kem. Be woagblɔ be Mawu ava de nu amegbetɔwo ƒe nyawo me eye wòahe xexe sia ava nuwuwui ahahe xexe yeye si me aʋawɔwɔ mele o vɛ la nye nya si dzi xɔxɔ se sesẽ nam. Gake nye hã meva dze nusɔsrɔ̃ kple Ðasefowo gɔme kple susu be matsɔ akpɔ ɖa be gɔmeɖokpe nyui aɖe le woƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo ŋu hã. Le nusiwo menya kple numekuku ƒe hehe siwo mexɔ ta la, mebui be eteƒe madidi hafi mate vodadawo kple nusiwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la kpɔkpɔ le woƒe dzixɔsewo ŋu o.

Agbenɔnɔ Yeye

Azɔ esi nye Biblia nusɔsrɔ̃a nɔ ŋgɔ yim la, eteƒe medidi hafi meva kpɔ alesi metrae dze sii o. Nye ɖikekewo nu nɔ yiyim vivivi esi menɔ mawusubɔsubɔ ƒe numanyamanya ɖem ɖa esi na mete ŋu va kpɔe nyateƒe be kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be yeahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ vɛ la ŋu. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Eye gbɔdzɔe kae nye si wònye esi mesrɔ̃e be vɔ̃ɖinyenye kple madzɔmadzɔnyenye si bɔ le ameƒomea me la li le esi Satana nye xexe sia me dziɖula, ke menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae o ta! (Yohanes 14:30; Korintotɔwo II, 4:4) Eyata Yehowa Mawu medea akpa aɖeke dzi le dukɔwo ƒe aʋawɔwɔ me o, gake etsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo.—Yohanes 3:16

Le ƒe 1983 me la mexɔ nyɔnyrɔ̃ le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe si wowɔ le Billings, Montana la me eye meto ema me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Mía kple vinyeŋutsu Gary míele subɔsubɔm abe hamemegãwo ene le míaƒe hame vovovoawo me. Mía kple Lilly míeda akpe geɖe na Yehowa be wòto eƒe Nya kple Ðasefowo dzi ʋu míaƒe dziwo be míase Biblia me nyateƒewo kple afɔku dziŋɔ siwo de dzesi dzidzime sia la gɔme. (Mateo 24:3-14; Yohanes I, 2:17)—Abe alesi Gillett Griswold gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Paristɔwo ka hlẽ esi Germaniatɔ tudalawo de asi tu dada me ɖe amewo dome, August 1944 (U.S. National Archives photo)

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]

U.S. National Archives photo

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Germania-ʋawɔʋu siwo wogbã hetɔ dzoe, France, 1944

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Department of Defense

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mía kple srɔ̃nye kpakple vinyenyɔnu le ƒe 1947 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe