Nukata Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
Etso Nyɔ! Ƒe Nuŋlɔla Si Le Germany Gbɔ
“NUKATA”—nya kpui aɖe ko wònye, gake ehiã na ŋuɖoɖo. Le kpɔɖeŋu me, amewo di eŋuɖoɖo esi wokpɔe woŋlɔe ɖe pepa kakɛ aɖe dzi tsɔ kpe ɖe seƒoƒo kple fefenu siwo woli kɔe ɖe suku aɖe godo ŋu le Dunblane, Scotland, le March 1996 me. Ŋkeke ʋee aɖewo do ŋgɔ la, ŋutsu aɖe ge ɖe afima da tu ɖevi 16 kple woƒe nufiala woku. Ede abi ame bubu geɖe ŋu eye emegbe wòda tu eɖokui. Edze ƒã be fulélee yɔe fũ—ɖe eɖokui ŋu, ɖe ame bubuwo ŋu, kple ɖe amesiwo katã dome wòle ŋu. Biabia ɖekae le susu me na dzila siwo nɔ nu xam kple xɔlɔ̃wo kpakple ame miliɔn geɖe siwo le xexeame katã be, ‘Nukatae? Nukata ɖevi maɖifɔwo kuna alea?’
Anɔ me eme be wò hã èkpɔe be xexeame yɔ fũ kple fuléle dzodzro manyatalenu. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ wolé fu wò ŋutɔ hã le susu aɖe ta. Ðewohĩ wò hã èbia nya sia be, ‘Nukatae?’—ate ŋu anye be èbia nenema zi geɖe.
Fuléle Nyuitɔ Kple Manyomanyoa
Woɖe “lé fu” kple “fuléle” gɔme be enye “nane tsitsri ɖikaɖika kple asaƒoƒo na nu keŋkeŋ.” Le nyateƒe me la, eɖea vi be ‘woatsri’ nusiwo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu alo ate ŋu agblẽ amewo ƒe ƒomedodowo me la ‘ɖikaɖika’ eye ‘woaƒo asa na wo keŋkeŋ.’ Ne fuléle sia tɔgbe le amesiame me la, xexeame anye teƒe nyui ŋutɔŋutɔ si ame anɔ. Nublanuitɔe la, amegbetɔwo léa fu nusiwo mele be woalé fui hafi o le susu gbegblẽwo ta.
Agbalẽ aɖe ƒe numeɖeɖe ɖee fia be nazãbubu, numanyamanya, alo nyateƒe si womegblɔ le ame aɖe ŋu o dzie fuléle si gblẽa nu nɔa te ɖo eye zi geɖe la, “vɔvɔ̃, dziku, alo nuveviwɔame ƒe susue” na wòhona. Esi fuléle sia menɔ te ɖe nu nyui aɖeke dzi o ta la, ehea nu vɔ̃ɖi vɛ eye ena wobiaa nya sia enuenu be, ‘Nukatae?’
Mí katã míenya amesiwo ƒe nɔnɔmewo alo numãmewo te ŋu kua dzi na mí ɣeaɖewoɣi eye nuwɔwɔ kpli wo sesẽna na mí. Gake ele vovo be nu nave ame; didi be woawɔ nuvevi amewo hã nye nu bubu kura. Eyata asesẽ na mí be míase alesi ame ate ŋu alé fuléle ƒe seselelãmewo ɖi ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒo blibo, siwo nyea amesiwo medze sii gɔ̃ hã o zi geɖe, ŋu la gɔme. Ðewohĩ womelɔ̃ ɖe eƒe dunyahehe ƒe susuwo dzi o, wonye subɔsubɔha bubu me tɔwo, alo wonye gbe bubu dolawo, gake ɖe ema nye susu si ta woalé fu woa?
Gake fuléle sia tɔgbe li! Le Afrika la, fuléle na Hutu kple Tutsi tɔwo wu wo nɔewo le Rwanda le ƒe 1994 me, si na nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe bia be: “Aleke wɔ fuléle nɔ dukɔ sue sia me alea gbegbe?” Le Titinaɣedzeƒe la, fulélee naa Arab kple Israel zãzɛnyahelawo dzea amewo dzi ŋɔdzitɔe. Le Europa la, fulélee na tsã Yugoslavia me mã kakɛkakɛe. Eye le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe nya nu la, “fulélehabɔbɔ siwo ade 250” le vovototo dede ameƒomeviwo me ŋu nyawo kakam le United States ɖeɖe dzaa. Nukata fuléle bɔ alea gbegbe? Nukatae?
Fuléle xɔ aƒe ɖe amewo me vevie ale gbegbe be ne wolé vu dzre siwo wòhe vɛ vɔ hã la, ekpɔtɔ nɔa anyi. Nuka hãe míate ŋu agblɔ be eyatae wòsesẽ be woana ŋutifafa nanɔ anyi eye woadzudzɔ tudada le dukɔ siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le kple esiwo me ŋɔdzidonamelawo wɔ fu amewo le la me? Nuka hã gbɔe nusi dzɔ esime woɖoe le ŋutifafa nubabla si te wode asii le ƒe 1995 ƒe nuwuwu le Paris me be Sarajevo-dugã la nagawɔ ɖeka anɔ Bosnia kple Herzegovina-Croat Dziɖuɖua te megbe la tso? Serbtɔ siwo nɔ afima te sisi le dugã la kple eƒe gbɔtoduwo me le vɔvɔ̃ be woava tso ɖe yewo ŋu ta. Esi Time nɔ nya ta kam be amewo ha amewo ƒe nuwo henɔ dzo tɔm xɔ siwo wogblẽ ɖi la, eƒo eta be: “Wona Sarajevo gawɔ ɖeka; gake menye emetɔwoe wɔ ɖeka o.”
Alakpaŋutifafa koe ŋutifafa si le amesiwo lé fu wo nɔewo dome nyena, eye eƒe vimaɖemaɖe le ko abe ga manyomanyo ene. Esi menye nu vavã aɖekee le megbe nɛ o ta la, eme ate ŋu agblẽ ne kuxi suetɔ kekeake do mo ɖa. Gake fuléle bɔ ɖe xexeame akpa eye lɔlɔ̃ megabɔ kura o. Nukatae?
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Nazãbubu, numanyamanya, alo nyateƒe si womegblɔ le ame aɖe ŋu o dzie fuléle si gblẽa nu nɔa te ɖo