Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Papa ƒe Nuvɔ̃tsɔtsɔkewo
L’Osservatore Romano ka nya ta be Papa John Paul II ɖe gbeƒã tso ƒe 2000 ŋu be enye Ƒe Kɔkɔe eye etsɔ amesiwo katã aɖi tsã ade Rome la ƒe nuvɔ̃wo ke wo, wònye ƒe akpe ɖeka la ƒe azãɖuɖu. Nuvɔ̃tsɔtsɔke nye Katolikotɔwo ƒe nuwɔna aɖe si me woɖea ame tsoa nuvɔ̃ ŋuti tohehe me le. Vatican ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be: “Dɔ nyui ɖesiaɖe si woawɔ le amenuveve me dze na teƒeɖoɖo.” Gake nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke gblɔ be nuwɔna sia fɔ nyabiabia vevi aɖewo ɖe te, wo dometɔ aɖewoe nye, “Ne wowɔ Mawu ƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke wònye amenuveve si míedze na o ŋudɔ ɖe amesiame nu la, ke nukata wògahiã be Sɔlemeha la nagatsɔ nuvɔ̃wo anɔ kekem?” eye “Ne Sɔlemeha la ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake keŋkeŋ la, ke nukata wogatsia dzi ɖe nuvɔ̃tsɔtsɔke si mekɔa ame ŋu keŋkeŋ o la ŋu?”
Dɔléle si Meɖea Dzesi Fiana O
Toronto Star si nye nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be ƒumasẽmasẽdɔ nye dɔléle si meɖea dzesi aɖeke fiana o, “si de Amerikatɔ siwo wu miliɔn 28 kple Canadatɔ siwo ade miliɔn 1.4 ƒe agbe afɔku me.” Edzea ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa dzi, “edzea ame dzi ne ƒu me nugbagbevi xoxowo le kukum kabakaba wu yeyetɔwo ƒe xɔxɔ ɖe wo teƒe.” Amesiwo ŋu dɔlélea le makpɔ dzesi aɖeke o, vaseɖe esime woƒe ƒu ŋe hafi. Eŋutinunyalawo xɔe se be numaɖumaɖu nyuie si me ƒewuivi kple kɔledzi lãmesẽfefewɔla siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ƒo wo ɖokui ɖo “le nu gblẽm le woƒe ƒu siwo ŋu wòle be woana ŋusẽ nanɔ ɖoɖom be woalé wo ɖe te le woƒe tsitsime la ŋu. Zi geɖe la, sɔhɛ siwo ɖea woƒe nuɖuɖuwo dzi kpɔtɔna gbea nuɖuɖu siwo ana be ŋusẽ naɖo woƒe ƒuwo ŋu la ɖuɖu.” Nyatakakaa gblɔ be “kaka ame naxɔ ƒe 18 la, eƒe ƒuwo ƒe sesẽme ɖoa afisi wòle be woasẽ ase ɖo ƒe alafa memama 90; ame tsitsiwo ƒe ƒu dzudzɔa tsitsi ne woxɔ ƒe 30.” Nyatakaka la kafui be be amewo ƒe ƒuwo nasẽ nyuie la, ele be amesiame ‘naɖu nusiwo me calcium kple vitamin D le ƒe agbɔsɔsɔme si sɔ, woade ka me edziedzi, eye woaƒo asa na atamanono kple ahatsunono.’
Yameʋuɖola Siwo Hea Masɔmasɔ Vɛ
Magazine si nye Business Traveler International gblɔ be: “Dzikudodo le yameʋu me”—si nye yameʋuɖolawo ƒe nuwɔna siwo gbɔa eme—“dzi ɖe edzi zi gbɔ zi 4 le ƒe atɔ̃ siwo va yi me.” Nuka gbɔe dzidziɖedzi wɔnuku sia tso? Nuteɖeamedzi gbɔ koŋue wòtso. Yameʋuwo ƒe megbetsitsi alo flitete ɖe mɔzɔzɔwo me, agbɔsɔsɔ ɖe yameʋu me akpa, kple vɔvɔ̃ na yameʋu ɖoɖoe nye nusiwo nana wotsia dzimaɖi, si hã ate ŋu ahe dzikudodo vɛ. Stuart Howard si le Dukɔwo Dome Mɔzɔnyawo Gbɔkpɔha me gblɔ be: “Menye nenemae yameʋuɖoɖo nɔna o, ɖe wònana be yamemɔzɔzɔ tsɔna eye fuɖename aɖeke menɔa eme o.” Yameʋumedɔwɔla vevi aɖe bui be sedede ɖe atamanono nu le yameʋu me hã nye nu bubu si hea dzikudodo le yameʋu me vɛ. Nyatakakaa gblɔ be “atamanola siwo de vovo ge do kpoe gbɔe nudzɔdzɔ siwo hea masɔmasɔ vɛ le yameʋuɖolawo dome ƒe akpa si wu afã tso” le yameʋu aɖe me le ƒe 1997 me. Ahanonoe nye nu bubu si gbɔ masɔmasɔa tsona, si ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu ate ŋu asẽ ɖe edzi ne wole yamenutome ʋĩ. Nukae nyatakaka la kafu ne mɔzɔla aɖe le toɣli ɖem? “Mègado ɣli yɔ ʋuamedɔwɔlawo o. Ke boŋ tso le wò zikpui dzi nàyi aɖaɖe kuxia dzi na ʋuamedɔwɔlawo aɖaŋutɔe.” Egaɖo aɖaŋu hã be: “Be nàɖe to ɖa le amewo ƒe dzikudoname nuwɔnawo ŋu la, anyo be nàtsɔ agbalẽ si nàxlẽ alo hadzidzi fadziname aɖe ɖe asi” si nàƒo le kotokumekasɛtƒomɔ̃ aɖe dzi.
Ameɖiɖi ƒe Asixɔxɔ
Ame geɖe wu va le tɔtrɔm ɖe dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu be woaɖe ga home si wogblẽna ɖe ameɖiɖi ŋu dzi akpɔtɔ. United States Dukɔ ƒe Kunuwɔnyawo Gbɔkpɔha gblɔ be, le mama dedie nu la, wozã ga home si nye $4,600 ɖe kunuwɔwɔ ɖeka ŋu le dukɔa me le ƒe 1996 me. Gake Chicago Sun-Times gblɔ be, “wozã ga home si nye $500 va ɖo $2,000 ɖe dzotɔtɔ ame kuku ŋu, eye esia nɔ te ɖe nugo si ƒomevi wozã tsɔ tɔ dzo ame kukua kple kplu si ƒomevi me wokɔ afiawo ɖo la dzi.” Azɔ hã la, dzotɔtɔ ame kuku mehiã anyigba ƒeƒlẽ le ameɖibɔ me kple ŋkuɖodzikpe ɖoɖo, si ate ŋu ana woagazã ga home si wozã ɖe kunuwɔwɔ ŋu ƒe alafa memama 40 akpee o. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be le ƒe 1997 me le United States la, amesiwo katã ku ƒe alafa memama 23.6 ye wotɔ dzoe eye wokpɔ mɔ be xexlẽmea adzi ɖe edzi aɖo alafa memama 42 le ƒe ewo siwo gbɔna me.
Blema Nu Kukuwo ƒe Susɔeawo Ðo Afɔku Me
New Scientist ka nya ta be, blema nu kukuwo ƒe susɔeawo nɔƒe siwo li ƒe akpe geɖe enye esia ɖo afɔku me le fiafiwo, nudomegblẽlawo, kple modzakaɖetsaɖila siwo ƒe zazɛ̃nyahehe gbɔ eme si me. Magazine la gblɔ be “anyigbaŋutinunyalawo di be yewoatsɔ blema nu kukuwo ƒe susɔeawo dometɔ vevitɔwo kekeake ada ɖe blemanudzraɖoƒewo alo axe mɔ na amedzrowo be womegava afisi wole la o.” Gake ame bubuwo susui be enye ame ɖesiaɖe ƒe gomenɔamesi be woakpɔ blema nu kukuwo ƒe susɔe siawo le afisi woku ɖo. Le agbagbadzedze be woakpɔ kuxia gbɔ me la, Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Srɔ̃a Nu tso Nugbagbe Siwo Nɔ Anyi Kpɔ Ŋu dze egɔme le Blema nu kukuwo ƒe susɔeawo ƒe nɔƒe siwo ɖo afɔku me la ŋlɔm ɖi le xexeame katã. Gake vaseɖe fifia la, teƒe si anɔ abe 50 ene koe woŋlɔ ɖi.
Ðe Aɖudɔdala aɖe Wɔa Dɔ Na Ame Vevesese Manɔmeea?
Aɖudɔléla geɖewo adi be yewoakpɔe aɖudɔdalawo ƒe doŋɔgavi si wozãna tso gbaɖegbe ke nazu tsigãdzinu. Magazine si nye FDA Consumer gblɔ be míate ŋu agblɔ le go aɖewo me be eteƒe madidi o esia ava eme. Nyitsɔ laa la, United States ƒe Nuɖuɖu Kple Atike Nyawo Gbɔkpɔha da asi ɖe erbium: YAG laser, si nye tomenu aɖe si mebɔ o dzi be woatsɔ aho aɖu na amewo. Magazine la gblɔ be, le esi teƒe be woaho aɖu siwo nyunyɔ kple gavi sue sia la, fifia aɖudɔdalawo ate ŋu azã laser atsɔ aho aɖui, vevietɔ to teƒea gbɔgbɔ kple ya dzi. Viɖe geɖe le laser la zazã me wu gavi sue si wozãna tsɔ hoa aɖui zazã. Viɖeawo dometɔ ɖekae nye be, laser tsɔtsɔ aho aɖu na ame mena wosea veve o. Efia be aɖudɔléla geɖewo magahiã vevesesenutsitike alo ado eƒe abui o. Evelia nye be, esi megahiã be aɖudɔdala nalala vaseɖe esime amewo ƒe nume naku atri hafi wòadze dɔ gɔme o ta la, woate ŋu adze dɔ gɔme enumake. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ana be gavi si wotsɔ ɖea do ɖe aɖu me ƒe totro sesĩe si nana teƒea ʋuʋuna ƒe dzikudoname hã nu nayi. Gake nu vevi ɖeka si mede ame dzi le eŋu o enye be womate ŋu azã laser la atsɔ awɔ dɔ le aɖu siwo me woxe va yi la ŋu o.
Nukliaɖuɖɔ
New Scientist magazine ka nya ta be, tso ƒe 1960 ƒe ƒeawo me ke la, xexeame nukliaŋusẽdɔwɔƒe tsɔ nukliaɖuɖɔ si wu metrik tɔn 200,000 sɔŋ ƒu gbe. Eye wole kɔlili tɔn 10,000 dzi kpee ƒe sia ƒe. Afikae gbeɖuɖɔ wuame siawo yina? Magazine la gblɔ be, “wodzraa akpa gãtɔ ɖe nuklia-ŋusẽnamɔ̃ nɔƒewo.” Evɔ ɖe wotrɔ asi le teƒe siawo ŋu be aɖiɖuɖɔawo nanɔ afisia ƒe aɖewo ko hafi. Eyata ɣeyiɣi aɖe ava esi wòahiã be woalɔ nukliaɖuɖɔ siawo ayi teƒe siwo woate ŋu anɔ eteƒe nadidi. Gake kuxiae nye be dukɔ aɖeke mete ŋu kpɔ dzidzedze le aɖiɖuɖɔ siawo dzadzraɖo ɖe tomenudzraɖoƒe aɖe le afisi magblẽ nu le amewo ŋu le o. New Scientist magazine la gblɔ be, emetsonue nye be “nukliadɔwɔƒea ƒe mɔ̃ si wòtre la ɖe eya ŋutɔ.”
Asiwɔwɔ ɖe Nya Dzi be Woaɖo Ŋku Nya Siwo Sɔ Dzi
Newsweek ka nya ta be: “Numekuku yeye si wowɔ ɖee fia be zi geɖe la, asiwɔwɔ ɖe nya dzi kpena ɖe nuƒolawo ŋu be woɖoa ŋku nya siwo le woƒe susu ƒe nudzraɖoƒe la dzi.” Wozãa asiwɔwɔ ɖe nya dzi zi geɖe tsɔ ɖɔa nane ƒe lolome alo eƒe dzedzeme, gake “wozãa asiwɔwɔ ɖe yame le ɖekawɔwɔ me kple nya siwo gblɔm ame le,” tsɔ ɖea nu bubu fiana. Robert Krauss, si nye susuŋutinufialagã le Columbia Yunivɛsiti gblɔ be asiwɔwɔ ɖe nya dzi sia “kpena ɖe amewo ŋu woɖoa ŋku nya siwo woŋlɔ be dzi tso woƒe susu me” heʋua go nusi wòyɔ be “susumenya tɔxɛwo.” Numekulawo tsɔ ŋkuɖoɖo nu dzi sia sɔ kple nusiwo be ɖe susu me na ame siwo do ƒome kple nane ƒe ʋeʋẽ, nuɖɔɖɔkpɔ, alo gbeɖiɖi aɖe si nana wogaɖoa ŋku nudzɔdzɔ aɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, Brian Butterworth si nye lãmekaŋutinunyala gblɔ be, alesi ami ʋeʋĩ aɖe ƒe ʋeʋẽ lilili ate ŋu ana nàɖo ŋku mamawò dzi la, nenema ke asiwɔwɔ ɖe nya dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ‘nàɖo ŋku nya aɖe dzi.’
Dɔwɔwɔ me Fɔkuwo
Franse nyadzɔdzɔgbalẽ Le Monde ka nya ta be, le xexeame katã la, ame 3,000 ye kuna gbesiagbe le afɔku siwo dzɔna le dɔwɔƒewo me. Dukɔwo Dome Dɔwɔnyawo Gbɔkpɔha gblɔ be, dɔwɔla siwo ade miliɔn 250 ye xɔa abi ƒe sia ƒe, si me amesiwo wu miliɔn ɖeka kuna le. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be, “amesiwo kuna le dɔwɔwɔ me fɔkuwo me sɔ gbɔ wu amesiwo kuna ƒe sia ƒe le ʋufɔkuwo (si nye ame 990,000), aʋawɔwɔwo (si nye ame 502,000), ŋutasẽnuwɔna bubuwo (si nye ame 563,000), kple AIDS (si nye ame 312,000) me le mama dedie nu.”
Numekansa ƒe Bɔbɔ
The Indian Express ka nya ta be amesiwo dzi numekansa dze le Delhi, India, sɔ gbɔ wu esi dzɔna le Los Angeles, California, zi gbɔ zi ene. Fifi laa la, ŋutsu siwo katã kansa lé yeyee le Delhi ƒe alafa memama 18.1 nye numekansa—edzi ɖe edzi tso alafa memama 10 le ƒe 1995 me. Nusiwo gbɔ koŋ numekansa tsoe nye atama, bidis (si nye Indiatɔwo ƒe sigaret), kple pan masala (si nye atama, betel-ne, kple nu bubu siwo wotsaka tu), si woblana ɖe aŋgba me heɖuna. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ tso sukuvi gbogbo siwo ƒo wo ɖokui ɖe pan masala zazã me, siwo ŋu womebui ɖo o be enye nusi ŋu vɔvɔ̃ le. Eŋutinunyala aɖe xlɔ̃ nu be India bliboa katã ɖo ta “numekansa ƒe dɔvɔ̃ aɖe gbɔ.”