INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 32
  • Fukpekpe 10 La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fukpekpe 10 La
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Fuwɔame Ewolia
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ku Yibɔ La—Dɔvɔ̃ si Do le Europa le Titinaɣeyiɣiwo Me
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 32
Nil-tɔsisia trɔ zu ʋu, esiae nye fukpekpe gbãtɔ

ŊUTINYA 32

Fukpekpe 10 La

KPƆ nɔnɔmetataawo ɖa. Wo dometɔ ɖesiaɖe fia fukpekpe, si Yehowa he va Egipte dzie. Le nɔnɔmetata gbãtɔ me la, àkpɔ be Aron tsɔ eƒe kpo la le Nil-tɔsisia dzi ƒomee. Esi wòƒo edzi la, tsi, si le tɔsisia me la trɔ zu ʋu. Lãwo ku, eye tɔsisi la de asi ʋeʋẽ me.

Farao le asi nyem tsɔ le akpɔkplɔwo nyam ɖa le eƒe aba dzi le fukpekpe evelia me

Eyome Yehowa na akpɔkplɔwo do tso Nil-tɔsisia me. Wole afisiafi—le abolokpowo me, le aboloƒogbawo me, kple ameawo ƒe abawo dzi—afisiafi. Esi akpɔkplɔawo ku la, Egiptetɔwo lɔ wo li kɔ gagãwoe, eye wonɔ ʋeʋẽm kũ le anyigba la dzi.

Emegbe Aron tsɔ eƒe atikplɔ la ƒo anyigba, eye ke trɔ zu mũwo. Nusiawo nye nudzodzoevi sue, siwo ɖua ame. Mũawoe nye fukpekpe etɔ̃lia, si va Egipte-nyigba la dzi.

Muwo le nyɔnu aɖe ɖum le fukpekpe etɔ̃lia me

Fukpekpe mamlɛawo wɔ fu Egiptetɔwo ɖeɖeko, mewɔ fu Israel-viwo ya o. Fukpekpe enelia nye nudzodzoe gagã, siwo nyẽ tsyɔ Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo dzi. Fukpekpe atɔ̃lia dze lãwo dzi. Egiptetɔwo ƒe nyiwo kple alẽwo kpakple gbɔ̃ geɖewo ku.

Eye Mose kple Aron woku dzofiwo, eye wohlẽ wo ɖe ya me. Esia he ƒoƒoe vɔ̃wo va amewo kple lãwo dzie. Esiae nye fukpekpe adelia.

Emegbe la, Mose do eƒe asi ɖe dzi, eye Yehowa ɖo dziɖegbe kple kpetsi ɖa. Emae nye kpetsi vɔ̃ɖitɔ kekeake, si dza le Egipte kpɔ.

Togbatowo le fu ɖem na Egiptetɔwo vevie le fukpekpe enelia me
Egiptetɔwo ƒe lãwo ku le fukpekpe atɔ̃lia me

Fukpekpe enyilia nye ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe. Ʋetsuviwo ƒe agbɔsɔsɔ ma meva kpɔ do ŋgɔ alo do megbe na ɣemaɣi o. Woɖu nusianu, si kpetsia metsrɔ̃ o la.

Fukpekpe asiekelia nye viviti. Viviti tsiɖitsiɖi tsyɔ anyigba la dzi hena ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, gake kekeli nɔ afisi Israel-viwo nɔ la.

Mlɔeba la, Mawu gblɔ na eƒe amewo be woahlẽ gbɔ̃vi alo alẽvi ƒe ʋu ɖe woƒe ʋɔtrutiwo ŋu. Emegbe Mawu ƒe dɔla va to Egipte yi. Esi mawudɔla la kpɔ ʋua la, mewu ame aɖeke le aƒe ma me o. Gake Mawu ƒe dɔla la wu amegbetɔ kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo le aƒe, siwo katã ƒe ʋɔtrutiwo ŋuti ʋu mele o la me. Esiae nye fukpekpe 10 lia.

Le fukpekpe mamlɛ sia megbe la, Farao gblɔ na Israel-viwo be woadzo. Mawu ƒe amewo katã nɔ klalo be yewoadzo, eye le zã ma ke me la, wodze woƒe mɔzɔzɔ la gɔme hedzo le Egipte.

Mose II, ta 7 vaseɖe 12.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe