INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sj axa 6-7
  • Míaƒe Nukpɔsusu Le Etsɔ Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Nukpɔsusu Le Etsɔ Me Ŋu
  • Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woɖe ɖe Vovo tso Xexeame Gbɔ
  • Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
    Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
  • Ɣeyiɣi si Me Amewo Katã Alɔ̃ Wo Nɔewo
    Nyɔ!—1998
  • Fiaɖuƒe si “Matsrɔ̃ Gbeɖegbeɖe O”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Fukpekpe Nu Ayi Kpuie!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Suku kple Yehowa Ðasefowo
sj axa 6-7

Míaƒe Nukpɔsusu Le Etsɔ Me Ŋu

Biblia me nyagblɔɖi aɖe si wɔa dɔ ɖe míaƒe nukpɔsusu ku ɖe agbe ŋu dzi vevie lae nye esi le Nyaɖeɖefia 21:3 kple 4. Egblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi [kple ameƒomea], . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”

Enuenu la Biblia ƒo nu tso xexeme si nyo wu si Mawu awɔ la ŋuti. “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13; Psalmo 37:9-11, 29; Yesaya 11:6-9; 35:5, 6.

Yehowa Ðasefowo xɔe se be ŋugbedodo sia ƒe emevava ɖeɖekoe nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu, abe alesi Yesu ɖee fia ene esime wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Míexɔe se be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ. (Yesaya 9:5, 6) Eya ɖeka koe nye dziɖuɖu si ate ŋu aɖe nɔnɔme siwo katã hea xaxa vɛ na amegbetɔ la ɖa eye wòahe ŋutifafa mavɔ vɛ.

Wogblɔ nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava awɔ na egbegbe dziɖuɖuwo katã la ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi bubu me bena: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Esi míeka ɖe edzi be tɔtrɔ sia tu aƒe ŋutɔ ta la, míaƒe sɔhɛwo xɔe se be enye nusi sɔ ɖe nɔnɔmeawo nu be yewoadzra ɖo hena agbemeŋkekewo katã ƒe dɔ si wɔ ɖeka kple míaƒe xɔse be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ la. Míaƒe taɖodzinu vevitɔ enye be míagblɔ etsɔ me nyui si gbɔna la ŋuti nya na amewo. Míele mɔ kpɔm be nuxaxa kple fukpekpe siwo li fifia la nu ayi eye míatsi agbe be míase vivi le yayra siwo Mawu dzra ɖo ɖi na amesiwo subɔna Eyama la me. Mawu ƒe ŋugbedodo si ŋu kakaɖedzi le enye be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

Woɖe ɖe Vovo tso Xexeame Gbɔ

Abe alesi woakpɔ mɔe ene la, etsɔ me ŋuti nukpɔsusu sia wɔ dɔ ɖedzesi aɖe ɖe Kristotɔ gbãtɔawo dzi. Ena wova zu amesiwo ɖe dzesi, amesiwo to vovo tso xexeame gbɔ. Abe alesi ŋutinyaŋlɔla E. G. Hardy de dzesie le eƒe agbalẽ Christianity and the Roman Government me ene la: “Kristotɔawo nye amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexeme si ƒo xlã wo la me; dziƒotɔwoe wonye; fiaɖuƒe si wokpɔa mɔ na la mele xexe sia me o. Eyata tso gɔmedzedzea me ke la nu si womedena dukɔa ƒe nyawo me o la va nye nu ɖedzesi aɖe le Kristotɔnyenye me.”

Yesu na eme kɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe ɖeɖe ɖe vovo la anye nu vevi aɖe si aɖe dzesi le wo ŋu. Egblɔ be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 17:16; 15:19, New World Translation) Le wɔwɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi me la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewomanye “xexeame ƒe akpa aɖeke o.” Ema mefia be míele gbɔgblɔm be ele be míazu saɖagaxɔmenɔlawo eye kadodo aɖeke manɔ mía kple xexeame dome o. Míetsɔ ɖe le eme vevie na ame bubu siwo le nutoa me kple sukuawo me la ƒe nyonyo. Mía viwo di be yewoakpe asi ɖe sukuxɔ me nuwɔnawo ŋu wòanye kpekpeɖeŋu.

Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, míexɔe se be Biblia la na eme kɔ ƒã be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la [si] me.” (Yohanes I, 5:19; Yohanes 12:31; Korintotɔwo II, 4:4) Le esia ta la dɔ gbegblẽ si xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu awɔ ɖe mía viwo dzi la ɖea fu na mí. Zi geɖe la xexeame kafua agbenɔnɔ siwo míexɔ se be womenyo o. Eye wokpɔa ŋusẽ ɖe sukuawo dzi. Eyata Yehowa Ðasefowo dina be yewoƒe viwo naƒo asa na ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ mawo alesi woate ŋui.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Xexeame va yina . . . ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðevi Ðasefowo di be yewoakpe asi ɖe sukuxɔ me nuwɔnawo ŋu alesi yewoate ŋui

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe