INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 7 axa 10
  • Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyawo Nade Pɛpɛpɛ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 7 axa 10

NUSƆSRƆ̃ 7

Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu

Mawunyakpukpui

Luka 1:3

NU SI NÀWƆ: Zã kpeɖodzinya siwo ŋu kakaɖedzi le nàtsɔ akpe ɖe wò nyaselawo ŋu woaƒo nya ta nyuie.

ALE SI NÀWƆE:

  • Wɔ nyatsoƒe siwo ŋu kakaɖedzi le ŋu dɔ. Tu wò nyawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, xlẽ nyawo tso eme tẽe le afi si wòanya wɔ le. Ne èɖe kpeɖodzinyaa tso dzɔdzɔmeŋutinunya, nyadzɔdzɔwo, nuteƒekpɔkpɔwo, alo nyatsoƒe bubu aɖe la, ku nu me do ŋgɔ nàkpɔe ɖa be kakaɖedzi le eŋu eye wòde pɛpɛpɛ hã.

  • Wɔ nyatsoƒewo ŋu dɔ nyuie. Ðe ŋɔŋlɔa me wòasɔ ɖe nya siwo ƒo xlãe nu, wòasɔ ɖe Biblia me gbedeasi bliboa nu, eye wòawɔ ɖeka kple ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ ƒe nufiafiawo. (Mat. 24:45) Ne èle kpeɖodzinya siwo metso Biblia me o zãm la, zã wo woasɔ ɖe nɔnɔme siwo me wozã wo le la nu pɛpɛpɛ, mègatrɔ gɔmesese si le wo ŋu alo agblɔ nya aɖe si to vovo na nu si tututu nuŋlɔlaa di be yeafia o.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Mègaɖe ami ɖe nyateƒenyawo alo nàyɔ nuwo ƒe xexlẽme wòagbɔ ale si tututu wòle la ŋu o. Ðɔ ŋu ɖo be “ame aɖewo” nagava zu “ame akpa gãtɔ” o, “le go aɖewo me” nagava zu “ɣeawokatãɣi” o, eye “ɖewohĩ” nagava zu “anɔ eme be” o.

  • Na woade ŋugble le kpeɖodziawo ŋu. Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe alo he susu yi ŋɔŋlɔ aɖe dzi vɔ la, bia nyawo aɖaŋutɔe alo nàwɔ kpɔɖeŋu aɖe si ana wò nyaselawo ŋutɔ naƒo nya ta.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Ne èle dzadzram ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, bu nya siwo amewo ate ŋu abia wò la ŋu eye nàku nu me be nànya ale si nàɖo wo ŋui. Ne wò nyaselaa bia nya aɖe wò eye mènya ŋuɖoɖoa o la, gblɔ nɛ be yeaku nu me tso nyaa ŋu ava ɖo eŋu nɛ emegbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe