June
Kwasiɖa, June 1
Xaxa geɖewo me to ge míala hafi ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.—Dɔw. 14:22.
Yehowa yra Kristotɔ gbãtɔwo le esi wotrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ta. Woti wo yome zi geɖe, eye ɣeaɖewoɣia, woti wo yome esime womesusu kura be adzɔ o. Bu nu si dzɔ ɖe Barnaba kple apostolo Paulo dzi esime wonɔ gbeƒã ɖem le Listra nutoa me ŋu kpɔ. Esi wova ɖoa, amewo xɔ wo nyuie kple dzidzɔ heɖo to wo. Gake emegbea, tsitretsiɖeŋulawo ‘ƒoe ɖe amehaawo nu,’ eye ame mawo siwo xɔ wo nyuie gbãa dometɔ aɖewo ƒu kpe Paulo wòku afã kple afã. (Dɔw. 14:19) Gake Barnaba kple Paulo yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le teƒe bubu. Nu kae do tso woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me? Wowɔ “nusrɔ̃la geɖewo,” eye woƒe nyawo kple kpɔɖeŋu de dzi ƒo na wo nɔvi xɔsetɔwo. (Dɔw. 14:21, 22) Togbɔ be Barnaba kple Paulo menɔ mɔ kpɔm na yometitia o hãa, womena ta o, eye esia ɖe vi na ame geɖe. Ne míawo hã míena ta o, ke boŋ míeyi dɔ si Yehowa de mía si dzia, ayra mí. w23.04 16-17 ¶13-14
Dzoɖa, June 2
Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa; eye nàlé to ɖe nye kokoƒoƒo be nàkpe ɖe ŋunye la ŋu. Mayɔ wò le nye xaxagbe, elabena àtɔ nam.—Ps. 86:6, 7.
Le Fia David ƒe agbemeŋkekewo katã mea, eƒe futɔwo nɔ agbagba dzem be yewoawui, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa enuenu be wòakpe ɖe ye ŋu. David ka ɖe edzi be Yehowa sea yeƒe gbedodoɖawo eye wòɖoa wo ŋu. Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi nenema. Biblia na míekpɔe be Yehowa ate ŋu ana nunya kple ŋusẽ si míehiã be míate ŋu ado dzia mí. Ate ŋu ato mía nɔvi Kristotɔwo alo ame siwo menye esubɔlawo o gɔ̃ hã dzi akpe ɖe mía ŋu le mɔ aɖe nu. Yehowa maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu abe ale si míekpɔ mɔe ene ɣesiaɣi o. Ke hã, míenya be aɖo wo ŋu le mɔ aɖe nu godoo. Ana nu si míehiãa mí le ɣeyiɣi si tututu míehiãe dzi. Eya ta yi edzi nànɔ gbe dom ɖa le xɔse me, eye nàka ɖe edzi be Yehowa alé be na wò fifia eye ‘wòatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo’ le xexe yeyea me.—Ps. 145:16. w23.05 8 ¶4; 13 ¶17-18
Braɖa, June 3
Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na Yehowa ɖe nyui siwo katã wòwɔ nam la ta?—Ps. 116:12.
Anyo be nàde ŋugble le nu nyui siwo ado tso eme ne èɖo wò taɖodzinua gbɔ ŋu. Nu nyui kawo ŋue wòle be wò susu nanɔ? Ne wò taɖodzinue nye Biblia xexlẽ alo gbedodoɖaa, bu ale si esia ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli ŋu. (Ps. 145:18, 19) Ne èɖoe be yeatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe ɖoa, de ŋugble le ale si wòana wò kple ame bubuwo dome nanɔ kplikplikpli ŋu. (Kol. 3:14) Anyo be nàŋlɔ susu siwo katã ta nèdi be yeaɖo taɖodzinu ma gbɔa ɖi, eye nànɔ wò nuŋlɔɖia me tom edziedzi. Azɔ hã, de ha kple ame siwo ade dzi ƒo na wò nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. (Lod. 13:20) Ɣeaɖewoɣia, didia menɔa mía me be míawɔ nu si míeɖo tame be míawɔa dzi o. Ne edzɔ alea, ɖe wòfia be wɔna aɖeke megali oa? Kura o. Ne didia mele mía me o hãa, míate ŋu adze agbagba aɖe afɔ atsɔ aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Togbɔ be esia manɔ bɔbɔe o hãa, ne èku kutri ɖo wò taɖodzinua gbɔa, àkpɔ dzidzɔ. w23.05 27-28 ¶5-8
Kuɖa, June 4
Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.—Gal. 6:7.
Esi míenya be nu siwo míewɔna me tsonu ava mía dzi taa, esia aʋã mí be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me, míaɖɔ míaƒe vodadawo ɖo, eye míaƒo asa na vodada mawo ke wɔwɔ. Ne míewɔe alea, akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aƒu agbedua. Ne mètso nya me nyuie o, evɔ màte ŋu atrɔe hã oa, nu kae nàte ŋu awɔ? Mègagblẽ ɣeyiɣi anɔ ɖokuiwò ta ʋlim alo anɔ fɔ bum ame bubuwo alo ɖokuiwò o. Ke boŋ lɔ̃ ɖe edzi be yeda vo eye nàdze agbagba awɔ tɔwò sinua le nɔnɔmea me. Ne wò dzitsinya le fɔ bum wò le vodada aɖe si nèwɔ taa, do gbe ɖa na Yehowa, gblɔ wò vodadaa nɛ, eye nàɖe kuku nɛ be wòatsɔe ake wò. (Ps. 25:11; 51:3, 4) Ðe kuku na ame siwo dzi nànya dze agɔ le, eye ne ehiãa, bia hamemetsitsiwo woakpe ɖe ŋuwò. (Yak. 5:14, 15) Srɔ̃ nu tso wò vodadawo me, eye nàdze agbagba aƒo asa na vodada mawo ke wɔwɔ. Ne èwɔe alea, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ nublanui na wò eye wòakpe ɖe ŋuwò.—Ps. 103:8-13. w23.08 28-29 ¶8-9
Yawoɖa, June 5
Yehoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume le ŋkeke siwo katã me nunɔla Yehoyada fia nui la me.—2 Fia. 12:2.
Yehoyada ƒe kpɔɖeŋu nyuia ɖe vi na Fia Yehoas wòzu ame nyui. Esia wɔe be Yehoas dina be yeawɔ nu si dze Yehowa ŋu. Gake le Yehoyada ƒe ku megbea, Yehoas va nɔ to ɖom Yuda-megã siwo nye xɔsegbelawo. (2 Kron. 24:4, 17, 18) Esia te ɖe Yehowa dzi vevie eye wòdɔa “nyagblɔɖilawo ɖe wo be woatrɔ wo ɖe ye ŋu . . . , gake womeɖo to o.” Womeɖo to Yehoyada ƒe vi Zakariya o, evɔ enye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kple nunɔla eye wo kple Yehoas wonye tasivinyruivi. Le nyateƒe mea, Fia Yehoas na wowu Zakariya. (2 Kron. 22:11; 24:19-22) Yehoas meyi edzi vɔ̃ Yehowa o. Yehowa gblɔe ɖi do ŋgɔ be: “Ame siwo doa vlom la, mado vlo wo.” (1 Sam. 2:30) Nya sia va eme esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ sue aɖe va ɖu Yehoas ƒe aʋakɔ “gbogbo aɖewo” dzi eye ‘wode abi Yehoas ŋu vevie.’ (2 Kron. 24:24, 25) Eya ŋutɔ ŋume aɖewo wui le esi wòwu Zakariya ta. w23.06 18-19 ¶16-17
Fiɖa, June 6
Tsã la, mienye viviti, ke azɔ miezu kekeli.—Ef. 5:8.
Apostolo Paulo nɔ Efeso eye wònɔ gbeƒã ɖem nya nyuia nɔ nu fiam amewo. (Dɔw. 19:1, 8-10; 20:20, 21) Elɔ̃ nɔviawo vevie, eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Efesotɔ siwo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa na la nɔ alakpasubɔsubɔ me kpɔ eye woxɔ alakpanya geɖe hã dzi se ɣemaɣi. Efesotɔwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ me ale gbegbe be megakpea ŋu na wo o. Wogblɔa nya ƒaƒãwo kple gbegblẽnyawo le woƒe fefewɔƒewo kple woƒe subɔsubɔwɔnawo me faa. (Ef. 5:3) “Naneke megakpea ŋu” na dua me nɔla akpa gãtɔ o, si fia be “womegasea veve ɖe naneke ŋu o.” (Ef. 4:17-19) Hafi Efesotɔ siawo nava srɔ̃ Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo la, woƒe dzitsinya mebua fɔ wo ne wowɔ nu si mesɔ o. Eya tae mewɔ nuku o be Paulo gblɔ be “woƒe tamesusu do viviti, eye wole adzɔge na agbe si tso Mawu gbɔ.” Gake Efesotɔ aɖewo do le viviti ma me. w24.03 20 ¶2, 4; 21 ¶5-6
Memleɖa, June 7
Ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu. . . . Nu mati kɔ na wo o.—Yes. 40:31.
Dɔ si Yehowa de Gideon si be wòanye ʋɔnudrɔ̃laa nye dɔ sesẽ. Esi Midiantɔwo si le aʋa si wowɔ le zã me nua, Gideon ti wo yome tso Yezreel Balia me kaka va ɖo Yordan-tɔsisia to. (Ʋɔn. 7:22) Ðe Gideon dzudzɔ wo yome titi esi wòɖo tɔa toa? Kura o! Togbɔ be ɖeɖi te eya kple ame 300-awo ŋu hãa, wotso tɔa eye woyi edzi ti Midiantɔawo yome va se ɖe esime wotu wo, eye woɖu wo dzi. (Ʋɔn. 8:4-12.) Gideon ka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ ye, eye Yehowa do ŋusẽe hã. (Ʋɔn. 6:14, 34) Gbe ɖekaa, Gideon kple eŋumewo ƒu du ti Midian-fia eve siwo nɔ kposɔwo dzi yome. (Ʋɔn. 8:12, 21) Gake Mawu kpe ɖe Israel-vi siawo ŋu wotu wo eye woɖu wo dzi le aʋa me. Hamemetsitsiwo hã ate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa, ‘ame si ŋu ɖeɖi metena o,’ ŋu. Ana ŋusẽ si wohiã la wo ɣesiaɣi.—Yes. 40:28, 29. w23.06 6, 7 ¶14, 16
Kwasiɖa, June 8
[Yehowa] maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o.—5 Mose 31:6.
Aleke kee woɖate mí kpɔe o, míaƒe dzi ate ŋu ali ke sesĩe. Eya ta ka ɖe Yehowa dzi. Bu Barak ŋu kpɔ. Esi wòka ɖe Yehowa dzi hewɔ eƒe mɔfiamewo dzi taa, nuwo dze edzi nɛ. Ɣemaɣia, Israel-viwo medzra ɖo ɖe aʋa ŋu o elabe aʋawɔnuwo menɔ wo si o. Gake Yehowa gblɔ na Barak be wòayi aɖakpe aʋa kple Kanaantɔwo ƒe aʋafia Sisera kple eƒe aʋakɔ siwo si aʋawɔnu gbogbowo le. (Ʋɔn. 5:8) Nyɔnu nyagblɔɖila Debora gblɔ na Barak be wòaɖi abu aɖakpe Sisera kple eƒe aʋatasiaɖam 900-awo le sɔsɔeƒe. Togbɔ be esia ana wòasesẽ na Israel-viwo be woawɔ aʋa kple Sisera ƒe aʋatasiaɖam siwo le du dzi hãa, Barak ɖo to. Esime Barak kple eƒe asrafowo nɔ ɖiɖim le Tabor Toa dzia, Yehowa na tsi gã aɖe dza. Esia wɔe be Sisera kple eƒe aʋatasiaɖamwo ɖo ba, eye Yehowa to esia dzi na Barak kple Israel-viwo ɖu wo dzi. (Ʋɔn. 4:1-7, 10, 13-16) Nenema kee ne míeka ɖe Yehowa dzi eye míewɔ ɖe mɔfiame siwo wònana mí to eƒe habɔbɔa dzi la dzia, nuwo adze edzi na mí. w23.07 19 ¶17-18
Dzoɖa, June 9
Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.—Mat. 24:13.
Hafi míate ŋu akpɔ ɖeɖea, ele vevie be míagbɔ dzi ɖi. Ehiã be míakpɔ Mawu sinu dzigbɔɖitɔe, abe ale si esubɔla wɔnuteƒewo wɔe le blema ene. (Heb. 6:11, 12) Biblia tsɔ míaƒe nɔnɔmea sɔ kple agbledela tɔ. (Yak. 5:7, 8.) Agbledela kua kutri ƒãa nuku eye wòdea tsii, gake menya ɣeyiɣi si tututu wòatsi o. Eya ta agbledelaa lalana dzigbɔɖitɔe eye wòkana ɖe edzi be yeaŋe nu. Nenema kee ehiã be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me togbɔ be ‘míenya ŋkeke si dzi míaƒe Aƒetɔ la ava o’ hã. (Mat. 24:42) Míelalana dzigbɔɖitɔe, elabe míeka ɖe edzi be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, Yehowa awɔ ŋugbe siwo katã wòdoa dzi. Ne míeva le dzi tsim fũu akpaa, ɖeɖi ate mía ŋu eye vivivia, míatra ɖa tso Yehowa gbɔ. Ate ŋu awɔe hã be míava vu ɖe nu siwo míesusu be ana agbea nadze edzi na mí fifia ŋu. Gake ne míegbɔa dzi ɖia, míate ŋu ado dzi va se ɖe nuwuwu eye míakpɔ ɖeɖe.—Mika 7:7. w23.08 22 ¶7
Braɖa, June 10
Afɔbidɛawo ƒe akpa aɖewo nye gayibɔ kple tsu tsaka.—Dan. 2:42.
Ne míetsɔ nyagblɔɖi si le Daniel 2:41-43 sɔ kple nyagblɔɖi bubu siwo le Daniel ƒe agbalẽa kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mea, míate ŋu aƒo nya ta be afɔbayaawo le tsitre ɖi na Anglo-Amerika, si nye xexemeŋusẽ si le dzi ɖum egbea. Daniel gblɔ tso xexemeŋusẽ sia ŋu be eƒe “akpa aɖe asesẽ, eye eƒe akpa aɖe masesẽ o.” Nu ka tae eƒe akpa aɖe masesẽ o? Nu si tae nye be ame tsɛ siwo le fiaɖuƒe ma te siwo le tsitre ɖi na tsu la, ƒe nuwɔnawo wɔe be metea ŋu zãa eƒe gayibɔŋusẽa bliboe o. Míesrɔ̃ nyateƒenya vevi geɖe tso legba si Daniel ɖɔa ŋu. Gbãa, Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ɖee fia be ŋusẽ le ye si. Le kpɔɖeŋu me, Britain kple Amerika wɔ akpa vevi aɖe be wote ŋu ɖu Xexemeʋa Gbãtɔ kple Evelia dzi. Gake xexemeŋusẽ sia metea ŋu zãa eƒe ŋusẽa bliboe o eye mate ŋu azãe bliboe hã o, le esi dukɔmeviawo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu eye wotsona ɖe dziɖuɖua ŋu ta. Evelia, xexemeŋusẽ siae nye mamlɛtɔ si aɖu dzi hafi Mawu Fiaɖuƒea nava ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã ɖa. w23.08 10-11 ¶12-13
Kuɖa, June 11
Meyɔ Yehowa le nye xaxawo me, eye mele ɣlidodo dzi na nye Mawu be wòaxɔ nam. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me.—Ps. 18:6.
Kuxi siwo va David dzi na be wòtsi dzimaɖi ɣeaɖewoɣi. (Ps. 18:4, 5) Ke hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple beléname na eƒe dzi dze eme. Ðeko wòle abe ɖe Yehowa kplɔ exɔlɔ̃a si dzi nu te ɖo la yi “gbeɖuƒe damawo” kple “gbɔɖemeƒe tɔwo nu” ene. Esia wɔe be ŋusẽ gaɖo eŋu wòyi edzi subɔ Yehowa kple dzidzɔ. (Ps. 18:28-32; 23:2) Nenema kee egbea, togbɔ be míele xaxa geɖewo me tom hãa, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o tae míetsrɔ̃ o ɖo.” (Kony. 3:22; Kol. 1:11) Futɔ sesẽwo tso ɖe David ŋu, eye eƒe agbe ɖo afɔku me zi geɖe. Ke hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na wòse le eɖokui me be yele dedie. David de dzesii be Yehowa nɔ kpli ye le nɔnɔme ɖe sia ɖe me, eye esia do ŋusẽe. Eya ta ete ŋu dzi ha be: “[Yehowa ɖem] tso nu siwo katã vɔ̃m mele la me.” (Ps. 34:4) Togbɔ be nu dziŋɔwo dzɔ ɖe David dzi hãa, eɖu vɔvɔ̃ dzi elabe enya be Yehowa lɔ̃ ye. w24.01 30 ¶15-17
Yawoɖa, June 12
Ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ ɖe edzi o.—Lod. 1:10.
Srɔ̃ nu tso nu gbegblẽ siwo Yehoas wɔa me. Esi Nunɔlagã Yehoyada kua, Yehoas va nɔ ha gbegblẽwo dem. (2 Kron. 24:17, 18) Eva nɔ ha dem kple Yuda-megã siwo melɔ̃ Yehowa o eye wòɖoa to wo. Le nyateƒe mea, mele be Yehoas nanɔ ha dem kple ame mawo hafi o. Ewɔ ɖe aɖaŋu gbegblẽ si woɖo nɛ dzi. Esi tasia ƒe vi Zakariya nɔ agbagba dzem be yeaɖɔe ɖoa, ena wowui. (2 Kron. 24:20, 21; Mat. 23:35) Ewɔ nublanui ŋutɔ! Medze agbagba kura o. Yehoas si wɔ nu nyui le gɔmedzedzea, va zu xɔsegbela kple amewula. Mlɔebaa, eya ŋutɔ ƒe subɔviwo wui. (2 Kron. 24:22-25) Ne ɖe wòɖo to Yehowa eye wòwɔ ɖe ame siwo lɔ̃ Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzia, anye ne nuwo meva yi nɛ nenema o! w23.09 9 ¶6
Fiɖa, June 13
Mègavɔ̃ o.—Luka 5:10.
Yesu nya be apostolo Petro ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe. Eya ta egblɔ nɛ dɔmenyotɔe be “mègavɔ̃ o.” Ale si Yesu ka ɖe Petro dzia wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esia wɔe be emegbea, eya kple nɔvia Andrea ɖe asi le lãɖeɖedɔa ŋu eye wodze Mesia la yome. Yehowa yra wo ɖe esia ta. (Marko 1:16-18) Esi Petro va dze Kristo yomea, ekpɔ nu geɖe teƒe. Ekpɔ eteƒe Yesu da dɔ na dɔnɔwo, nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mat. 8:14-17; Marko 5:37, 41, 42) Azɔ hã woɖe akpa si Yesu ava wɔ le Fiaɖuƒea me fia Petro le ŋutega me; maŋlɔ nudzɔdzɔ ma be akpɔ gbeɖe o. (Marko 9:1-8; 2 Pet. 1:16-18) Ɛ̃, ne ɖe Petro medze Yesu yome oa, anye ne makpɔ nu siawo dometɔ aɖeke teƒe o. Dzi anya dzɔ Petro ŋutɔ be yemeɖe mɔ yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple ale si yebua ye ɖokui be yemedze o wɔe be mɔnukpɔkpɔ gã ma gbegbe to ye ŋu o! w23.09 21 ¶4-5
Memleɖa, June 14
Yesu gblɔ nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be va se ɖe zi adre o, ke boŋ va se ɖe zi blaadre vɔ adre.”—Mat. 18:22.
Apostolo Petro gblɔ le eƒe agbalẽ gbãtɔa me be ‘míalɔ̃ mía nɔviwo vevie.’ Ne míelɔ̃ mía nɔviwo alea, míatsɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋu ake wo, metsɔ le zi gbɔ zi ale si wowɔe ɖe mía ŋu me o, elabe “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” (1 Pet. 4:8) Petro anya ɖo ŋku nu si Yesu fiae ƒe aɖewo va yi tso tsɔtsɔke ŋua dzi. Ɣemaɣia, Petro susui be ne yetsɔ ke ye nɔvi “va se ɖe zi adre” la, ke yenyo dɔme ŋutɔ. (Mat. 18:21) Gake Yesu fiae be ele be wòatsɔ ake “va se ɖe zi blaadre vɔ adre,” si fia be seɖoƒe mele tsɔtsɔke ŋu o. Nufiame ma yi na míawo hã. (Mat. 18:21, 22) Ne ele sesẽm na wò be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia, dzi megaɖe le ƒowò o! Esi míede blibo o taa, esesẽna ɣeaɖewoɣi be míatsɔ ake. Nu vevitɔ si nàwɔ fifiae nye be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui atsɔ ake nɔviwòa, eye nàwɔ ŋutifafa kplii. w23.09 29 ¶12
Kwasiɖa, June 15
Medo ɣli yɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.—Yona 2:2.
Esi Yona nɔ tɔmelãa ƒe dɔmea, etrɔ dzi me eye wòka ɖe edzi be Yehowa aɖo to yeƒe gbedodoɖa eye wòakpe ɖe ye ŋu. Yehowa xɔ na Yona heɖee tso tɔmelãa ƒe dɔme. Esi wòva dze goa, elɔ̃ azɔ be yeawɔ dɔ si wòde ye si. (Yona 2:10–3:4) Ne èle xaxawo me tomaa, ɖe wòsesẽna na wò be nàdo gbe ɖaa? Alo ɖe esia wɔnɛ be nusɔsrɔ̃ megadzroa wò oa? Ðo ŋku edzi be Yehowa se nu si me tom nèlea gɔme nyuie. Eya ta ne èdo gbe ɖa nɛ kpuie gɔ̃ hãa, ka ɖe edzi be ana nu si tututu nèhiã la wò. (Ef. 3:20) Ne wò nɔnɔmea maɖe mɔ be nàsrɔ̃ nu alo axlẽ nu oa, àte ŋu aɖo to Biblia alo míaƒe agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi. Àte ŋu aƒo míaƒe hawo alo akpɔ video siwo le jw.org. Yehowa le klalo be yeaɖo wò gbedodoɖa ŋu ado ŋusẽ wò, eye ate ŋu ato Biblia kple nu siwo eƒe habɔbɔa naa mí dzi awɔ esia. w23.10 13 ¶6; 14 ¶9
Dzoɖa, June 16
Gbɔgbɔ kɔkɔe la na wòdze ƒãa be, zi ale si agbadɔ gbãtɔ la gakpɔtɔ li la, womeɖe mɔ si yi kɔkɔeƒe emetɔ la fia o.—Heb. 9:8.
Avɔgbadɔa kple gbedoxɔ si wotu emegbe le Yerusalem la ƒe nɔnɔmewo sɔ. Dometsotso eve ye nɔ eme—“Kɔkɔeƒe la” kple “Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la.” Xɔmetsovɔ gã aɖee ma teƒe eveawo dome. (Heb. 9:2-5; 2 Mose 26:31-33) Nu siwo le Kɔkɔeƒe lae nye sikakaɖiti, dzudzɔdomlekpui kple ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃. ‘Nunɔla siwo wosi ami na’ koe kpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒea awɔ woƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe la. (4 Mose 3:3, 7, 10) Nu si le Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe lae nye nubablaɖakaa, si fia be Yehowa le wo dome. (2 Mose 25:21, 22) Nunɔlagã la koe kpɔ mɔ ato xɔmetsovɔa ŋu age ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea ƒe sia ƒe le Avuléŋkekea dzi. (3 Mose 16:2, 17) Etsɔa lãwo ƒe ʋu gena ɖe afi ma tsɔ léa avu ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple dukɔ bliboa ƒe nu vɔ̃wo ta. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Yehowa na nu si avɔgbadɔa ƒe akpa vovovoawo le tsitre ɖi naa me va kɔ.—Heb. 9:6, 7. w23.10 27 ¶12
Braɖa, June 17
[Milɔ̃] mia nɔewo.—Yoh. 15:17.
Wode se na mí zi geɖe le Mawu ƒe Nyaa me be ‘míalɔ̃ mía nɔewo.’ (Yoh. 15:12; Rom. 13:8; 1 Tes. 4:9; 1 Pet. 1:22; 1 Yoh. 4:11) Gake dzi mee lɔlɔ̃ tsona, eye amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ míaƒe dzi me o. Ke aleke míawɔ ana mía nɔvi Kristotɔwo nakpɔe be míelɔ̃ yewo? Eyae nye to míaƒe nyawo kple nuwɔnawo dzi. Míate ŋu ato nuwɔna vovovowo dzi aɖee afia mía nɔvi Kristotɔwo be míelɔ̃ wo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Mito nyateƒe na mia nɔewo.” (Zak. 8:16) “Minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.” (Marko 9:50) “Mitre mia nɔewo bubu.” (Rom. 12:10) “Mixɔ mia nɔewo.” (Rom. 15:7) “Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” (Kol. 3:13) “Miyi edzi miakpe ɖe mia nɔewo ŋu.” (Gal. 6:2) ‘Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo.’ (1 Tes. 4:18) “Miyi edzi . . . mianɔ mia nɔewo tum ɖo.” (1 Tes. 5:11) “Mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta.”—Yak. 5:16. w23.11 9 ¶7-8
Kuɖa, June 18
Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me.—Rom. 12:12.
Nyametsotso vovovowo dzea ŋgɔ mí gbe sia gbe, siwo bia xɔse geɖe. Le kpɔɖeŋu me, míetsoa nya me le modzakaɖeɖe, sukudede, srɔ̃ɖeɖe, vidzidzi, dɔwɔɖui, kple ame siwo míade ha kplii ŋu. Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe nye nyametsotsowo ɖenɛ fiana be meka ɖe edzi be xexe sia maganɔ anyi wòadidi o, ke boŋ Mawu ƒe xexe yeyea ava xɔ ɖe eteƒe kpuiea? Alo ɖe nye nuwɔna sɔ kple ame siwo nɔa agbe abe ku koe nye nu sia nu ƒe nuwuwu ene tɔa?’ (Mat. 6:19, 20; Luka 12:16-21) Ne míexɔ edzi se bliboe be xexe yeyea tu aƒea, míatso nya me nyuie. Míedoa go nɔnɔme sesẽ aɖewo hã siwo bia xɔse sẽŋu. Ate ŋu anye yometiti, dɔléle vɔ̃ɖi aɖe, alo nu bubu aɖe si aɖe dzi le mía ƒo. Ne nɔnɔme siawo va mía dzia, míedzea agbagba be míado dzi. Gake zi geɖea, wo nu meyina kaba o. Esia taa, míehiã xɔse sẽŋu be míate ŋu ado dzi ayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ.—1 Pet. 1:6, 7. w23.04 27 ¶4-5
Yawoɖa, June 19
Minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.—1 Tes. 5:17.
Yehowa di be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe ate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòana woaɖe mɔ na ye le dɔme be yeate ŋu ade takpekpe. Aleke Yehowa aɖo gbedodoɖa ma ŋui? Ate ŋu ana dzi naɖo nɔvia ƒo wòabia mɔ le eƒe dɔtɔ gbɔ. Gake ele be nɔvia ŋutɔ hã naɖe afɔ ayi dɔtɔa gbɔ ava bia mɔ. Eye ne dɔtɔa gbea, ɖewohĩ ahiã be wòagayi ake. Ate ŋu ahiã be wòawɔ ɖoɖo awɔ dɔ ɖe dɔwɔvi bubu aɖe teƒe ale be dɔwɔvi ma hã nawɔ dɔ ɖe ye teƒe le takpekpeŋkekea dzi alo agblɔ na dɔtɔa be yelɔ̃ be womaxe ŋkeke si yeayi takpekpea ƒe fe na ye o. Yehowa di be míanɔ gbe dom ɖa tso míaƒe hiahiãwo ŋu edziedzi. Yesu gblɔ be “minɔ ebiabia dzi,” si fia be menye nu sia nu si míebia ye woana mí enumake o. (Luka 11:9) Eya ta mègana ta o! Yi edzi nànɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe. (Luka 18:1-7) Ne míewɔe alea, míele eɖem fia Yehowa be nu si biam míelea le vevie na mí. Eye eɖenɛ fiana hã be míexɔe se be akpe ɖe mía ŋu. w23.11 22 ¶10-11
Fiɖa, June 20
Mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o.—Rom. 5:5.
Yehowa do ŋugbe na exɔlɔ̃ Abraham be yeato eƒe dzidzimevi dzi ayra anyigbadzidukɔwo katã. (1 Mose 15:5; 22:18) Esi Abraham xɔ Mawu dzi se bliboe taa, eka ɖe edzi be eƒe ŋugbedodoa ava eme. Gake esi Abraham xɔ ƒe 100 eye srɔ̃a xɔ ƒe 90 gɔ̃ hã, vi menɔ wo si o. (1 Mose 21:1-7) Ke hã, Biblia gblɔ be: ‘Le mɔkpɔkpɔ ta la, Abraham xɔe se be yeazu dukɔ geɖewo fofo le nya si wogblɔ ɖi la nu.’ (Rom. 4:18) Míenya be nu si Abraham nɔ mɔ kpɔm na la va eme. Wodzi ŋutsuvi nɛ, si ŋkɔe nye Isak. Nu kae na Abraham ka ɖe edzi be Yehowa awɔ ɖe ŋugbe si wòdoa dzi? Abraham nya Yehowa nyuie eya ta ‘eka ɖe edzi bliboe be nu si ŋugbe wòdoa’ ava eme. (Rom. 4:21) Le xɔse si Abraham ɖe fia taa, eƒe nu dze Yehowa ŋu eye wòbui ame dzɔdzɔe.—Yak. 2:23. w23.12 8 ¶1-2
Memleɖa, June 21
Ame si wɔa nuteƒe le nu suetɔ me la, wɔa nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ me la, wɔa nu madzɔmadzɔ le nu geɖewo hã me.—Luka 16:10.
Ðekakpui si dzi woate ŋu aka ɖo léa fɔ ɖe eƒe dɔdeasiwo katã ŋu. Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo le esia me. Mewɔ nu ɖekematsɔlemetɔe alo ɖewoɖewoe o. Ke boŋ elé fɔ ɖe dɔ siwo katã Yehowa de esia ŋu wɔ nyuie, esiwo wɔwɔ sesẽ nɛ gɔ̃ hã. Elɔ̃ amewo, vevietɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe wo ta. (Yoh. 13:1) Srɔ̃ Yesu eye nàlé fɔ ɖe dɔ siwo wode asiwò ŋu. Ne mènya ale si nàwɔ dɔ aɖe oa, mègawɔe ɖewoɖewoe o, ke boŋ bɔbɔ ɖokuiwò nàbia kpekpeɖeŋu tso nɔvi siwo kpɔ nuteƒe gbɔ. (Rom. 12:11) Dze agbagba nàwɔe ade goe “abe Yehowa ye [nèle] ewɔm na ene, ke menye na amewo o.” (Kol. 3:23) Esi mède blibo o taa, àda vo ya. Gake ne edzɔ alea, lɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi, eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã.—Lod. 11:2. w23.12 26 ¶8
Kwasiɖa, June 22
Woayra ŋutsu si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.—Yer. 17:7.
Dzi dzɔa mí ne míexɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo. Ame siwo si mɔnukpɔkpɔ gã sia su la alɔ̃ ɖe nya si hakpala David gblɔ dzi. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si [wò Yehowa] nètia eye nèhee vɛ be wòanɔ wò xɔxɔnuwo.” (Ps. 65:4) Menye ame sia ame koe Yehowa hena vaa eƒe ƒomea me o. Ehea ame siwo ŋutɔ tiae be yewoate ɖe eŋu la vaa eɖokui gbɔ. (Yak. 4:8) Esi nèɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèxɔ nyɔnyrɔ la, àte ŋu aka ɖe edzi be ‘adudu yayra akɔ ɖe dziwò va se ɖe esime naneke magahiã wò o.’ (Mal. 3:10; Yer. 17: 8) Gake gɔmedzedze koe nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Àdi be yeadze agbagba ɖe sia ɖe be yeawɔ ɖe adzɔgbe si yeɖe la dzi, ne tetekpɔwo va dziwò gɔ̃ hã. (Nyagb. 5:4, 5) Fifia esi nèva zu Yesu yomedzela la, ele be nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu eye nàwɔ ɖe eƒe sededewo dzi pɛpɛpɛ ale si wòanya wɔe.—Mat. 28:19, 20; 1 Pet. 2:21. w24.03 8 ¶1-3
Dzoɖa, June 23
Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu.—1 Mose 2:24.
Ke ne wò kple srɔ̃wò mietea ŋu vona ɖe mia nɔewo ŋu ɖoa dze kpɔa dzidzɔ o ɖe? Ne nenemaea, nu kae miate ŋu awɔ? Bu nakedzo ŋu kpɔ. Ne wodo dzoa tetia, enu mesẽna enumake o. Ele be woanɔ nake dem dzoa me vivivi anɔ etum ɖo. Nenema kee miate ŋu adze nuwo wɔwɔ ɖekae gɔme vivivi, ɖewohĩ miniti ʋɛ aɖewo gbe sia gbe. Midze agbagba miawɔ nu si ado dzidzɔ na mi ame evea. (Yak. 3:18) Ne miedze egɔme vivivia, miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo anɔ sesẽm ɖe edzi. Bubudede ame nɔewo ŋu le vevie le srɔ̃ɖeɖe me. Ele abe ya si kpena ɖe dzo ŋu wòbina nyuie ene. Ya manɔmeea, dzoa atsi kaba ŋutɔ. Nenema kee ne srɔ̃tɔwo medea bubu wo nɔewo ŋu oa, woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo ate ŋu atsi bɔbɔe. Gake ne atsu kple asi dzea agbagba wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu bubutɔea, woƒe lɔlɔ̃ ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi. Ðo ŋku edzi be menye ale si nèsusu be yedea bubu ye srɔ̃ ŋue nye nyaa o. Ke boŋ nya lae nye be ɖe srɔ̃wò sena le eɖokui me be èdea bubu ye ŋua? w23.05 22 ¶9; 24 ¶14-15
Braɖa, June 24
Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.—Ps. 94:19.
Biblia ƒo nu tso ale si futɔwo kple nɔnɔme aɖewo na vɔvɔ̃ ɖo mawusubɔla wɔnuteƒewo eye wotsi dzodzodzoe la ŋu. (Ps. 18:4; 55:1, 5) Egbea hã, míaƒe sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, ƒometɔwo alo dziɖuɖua ate ŋu atsi tre ɖe mía ŋu. Ðewohĩ dɔléle aɖe si le mía ŋu ate ŋu awɔe be míanɔ vɔvɔ̃m be míava ku. Ne edzɔ alea, míate ŋu ase le mía ɖokui me be wɔna vɔ le mía ŋu. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu le nɔnɔme siawo me? Efaa akɔ na mí eye wònana míekpɔa gbɔdzɔe. Eya ta nɔ gbe dom ɖa eye nànɔ Biblia xlẽm edziedzi. (Ps. 77:1, 12-14) Ne èwɔnɛ alea, ke Yehowae anye ame gbãtɔ si ŋu nàte ɖo ne nu te ɖe dziwò. Gblɔ nu si ŋu nètsi dzi ɖo kple nu si tae vɔvɔ̃ ɖo wòa nɛ. Eyome xlẽ Biblia, elabe Yehowa ato edzi afa akɔ na wò.—Ps. 119:28. w24.01 24-25 ¶14-16
Kuɖa, June 25
Mawue nye ame si doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu.—Flp. 2:13.
Ele vevie be nàɖoe kplikpaa be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ, elabe esia aʋã wò be nàɖo egbɔ. Eye ne míeku kutri vevie la, míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Eya ta nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖoe kplikpaa be yeaɖo taɖodzinua gbɔ? Do gbe ɖa be didi si le mewò be yeaɖo taɖodzinua gbɔa nu nasẽ. Yehowa ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ado ŋusẽ wò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Ɣeaɖewoɣia, míeɖoa taɖodzinu aɖewo le esi míekpɔe be ehiã ta, eye enyo be míawɔe nenema. Gake didi be míaɖo egbɔ ya nu mesẽna o. De ŋugble le nu si Yehowa wɔ na wò ŋu. (Ps. 143:5) Apostolo Paulo de ŋugble le ale si Yehowa ve enui ŋu eye esia ʋãe wòwɔ dɔ geɖe na eyama. (1 Kor. 15:9, 10; 1 Tim. 1:12-14) Nenema kee ne wò hã èdea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na wò ŋua, esia aʋã wò be nàɖoe kplikpaa aɖo wò taɖodzinua gbɔ.—Ps. 116:12. w23.05 27 ¶3-5
Yawoɖa, June 26
Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ.—Ps. 113:1.
Mía Fofo si le dziƒo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne míekafu eƒe ŋkɔ. (Ps. 119:108) Gake ɖe esia fia be mía Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le abe amegbetɔ madeblibo siwo dina be woakafu yewo ne yewoase le yewo ɖokui me be yewo hã yewole vevie enea? Kura o. Ne míekafua mía Fofo si le dziƒoa, míeɖenɛ fiana be nya si Satana tsɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋua nye alakpa. Satana ƒe nyae nye be amegbetɔ aɖeke mate ŋu aʋli Mawu ƒe ŋkɔa ta nuteƒewɔwɔtɔe o, eye mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu o. Egblɔ be ne nɔnɔmeawo sesẽ na mía, mí katã míatrɔ megbe ade Mawu eye míawɔ nu siwo aɖe vi na míawo ŋutɔwo. (Hiob 1:9-11; 2:4) Gake Hiob wɔ nuteƒe tsɔ ɖee fia be Satana nye alakpatɔ. Ke wò ya ɖe? Mɔnukpɔkpɔ su mía dometɔ ɖe sia ɖe si be míanɔ mía Fofo si le dziƒo ƒe akpa dzi aʋli eƒe ŋkɔa ta eye míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. (Lod. 27:11) Ele be esia wɔwɔ nanye dzidzɔ gã aɖe na mí. w24.02 8-9 ¶3-5
Fiɖa, June 27
Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se, ne wòadze edzi na mi.—2 Kron. 20:20.
Ƒe aɖewo le Mose kple Yosua ƒe ku megbea, Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo be woafia mɔ yeƒe amewo. Eye le fiawo ŋɔlia, Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo be woafia mɔ yeƒe amewo. Fia siwo nye nuteƒewɔlawo ɖo to nyagblɔɖilawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo. Le kpɔɖeŋu me, Fia David bɔbɔ eɖokui eye wòlɔ̃ faa nyagblɔɖila Natan ɖɔe ɖo. (2 Sam. 12:7, 13; 1 Kron. 17:3, 4) Fia Yehosafat wɔ ɖe nyagblɔɖila Yahaziel ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi eye wòde dzi ƒo na Yuda nɔlawo be ‘woaxɔ Mawu ƒe nyagblɔɖilawo dzi se.’ (2 Kron. 20:14, 15) Esi Fia Hizkiya ɖo xaxa mea, etrɔ ɖe nyagblɔɖila Yesaya ŋu. (Yes. 37:1-6) Ɣesiaɣi si fiawo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzia, eyraa wo eye wòkpɔa eƒe dukɔa hã ta. (2 Kron. 20:29, 30; 32:22) Edze kɔtɛe be Yehowa le nyagblɔɖilawo zãm tsɔ le mɔ fiam eƒe amewo. w24.02 21 ¶8
Memleɖa, June 28
Migade ha kpli wo o.—Ef. 5:7.
Satana dina be míade ha kple ame siwo ana wòasesẽ na mí be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi. Ele be míawo míaganɔ ŋudzɔ geɖe wu, elabe menye ame siwo míekpɔna ŋkume kple ŋkume koe míedea ha kplii o, ke boŋ míedea ha kple amewo le Internet dzi hã. Ele be míatsri xexea ƒe nuŋububu si nye be naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu o. Míenya nyuie be nu mawo mesɔ o. (Ef. 4:19, 20) Anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Ðe medzea agbagba ƒoa asa na hadede kplikplikpli kple dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo kple ame bubu siwo mewɔna ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi oa? Ðe dzi nɔa ƒonye mewɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ne esia na amewo susui be nye nya me le kpaɖii akpa gɔ̃ hã?’ Abe ale si wòdze le 2 Timoteo 2:20-22 ene la, ele be míakpɔ nyuie le ame siwo míadze xɔ̃e le Kristo hamea me gɔ̃ hã ŋu. Nu si tae nye be, menye ame sia amee ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa o. w24.03 22-23 ¶11-12
Kwasiɖa, June 29
Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe.—Yak. 5:11.
Aleke nèsusuna be Yehowa le? Togbɔ be míate ŋu akpɔ Yehowa o hãa, Biblia ɖɔe le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be Yehowa nye “míaƒe ɣe kple míaƒe akpoxɔnu,” eye enye “dzo si fiãa nu.” (Ps. 84:11; Heb. 12:29) Ezekiel zã safir-kpe, sika kple klosalo tsaka siwo le dzo dam, kpakple anyieʋɔ tsɔ ɖɔ Yehowa ƒe dzedzeme. (Eze. 1:26-28) Esi míate ŋu akpɔ Yehowa o taa, ate ŋu asesẽ na mí be míaxɔe ase be elɔ̃ mí. Ame aɖewo meka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu alɔ̃ yewo o, le nu siwo me woto le agbe me ta. Yehowa nya ale si míesena le mía ɖokui me, eye esea egɔme na mí. Edi be yeakpe ɖe mía ŋu, esia tae wòɖe eƒe amenyenye fia mí le eƒe Nyaa me. Yehowa nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Lɔlɔ̃e nye eƒe amenyenye ƒe akpa vevitɔ, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu si wòwɔna dzi. Mawu ƒe lɔlɔ̃a de to eye wòkeke ta ale gbegbe be elɔ̃a ame siwo melɔ̃e o gɔ̃ hã.—Mat. 5:44, 45. w24.01 26 ¶1-3
Dzoɖa, June 30
Eƒoa nu kpli wo le alilikpo dodo me.—Ps. 99:7.
Yehowa ɖo Mose be wòakplɔ Israel-viwo adzo le Egipte, eye eɖo kpe esia dzi na wo esi wòna alilikpo dodo wo be wòakplɔ wo le ŋkeke me, eye wòaklẽ na wo abe dzobibi ene le zã me. (2 Mose 13:21) Mose kplɔ alilikpoa ɖo eye alilikpoa kplɔ eya kple Israel-viwo yi Ƒudzĩa nu. Esi Israel-viwo kpɔ be Ƒudzĩa nɔ yewo ŋgɔ evɔ Egiptetɔwo ƒe asrafowo hã le yewo megbe gbɔnaa, wovɔ̃. Gake menye vodadae Mose wɔ kura o. Ðe Yehowa ɖoe koŋ na Mose kplɔ wo yi afi ma. (2 Mose 14:2) Eyome eto nukumɔ aɖe dzi xɔ na wo. (2 Mose 14:26-28) Le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo mea, Mose yi edzi ka ɖe edzi be Yehowa nɔ alilikpo dodoa zãm tsɔ nɔ mɔ fiam eƒe amewo le gbea dzi. (2 Mose 33:7, 9, 10) Yehowa ƒoa nu kple Mose le alilikpo dodoa me eye Mose gblɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo na dukɔa. Israel-viwo kpɔe kɔtɛ be Yehowa gbɔe mɔfiame siwo nam Mose nɔ la tso. w24.02 21 ¶4-5