Blemakɔnuléleɖeasi ƒe Takeke
BLEMAKƆNULÉLEÐEASI—ƒe ʋee aɖewo ko va yi la, ame ʋee aɖewo ƒe ƒuƒoƒo ko wònye nɔ Protestant-ha me. Gake nuwo va trɔ ale gbegbe! Bruce B. Lawrence si nye mawusubɔsubɔ ŋuti numedzrola la ŋlɔe be ƒe 30 va yi la, ame ʋee aɖewo koe akpɔe be kaka ƒe alafa 20 lia nawu nu la, blemakɔnuléleɖeasia ava zu nya vevi si woaʋli le nyadzɔdzɔwo me ahawɔ numekuku le eŋu le yunivɛsiti.
Gake nu mae dzɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe nyatakaka le ŋutasesẽ le gbɔlɔlɔ me, amewuwu, fuɖeɖe ŋuti tsitretsiɖeŋuhawo, subɔsubɔhawo ƒe nyaƒoɖeamenuhawo ƒe dunyahenuwɔnawo, kple dzotɔtɔ agbalẽ siwo wobu busunyagbalẽwoe le dutoƒo ŋu ɖoa ŋku blemakɔnuléɖeasilawo ƒe nuwɔnawo dzi na mí ɣesiaɣi. Mondo Economico si nye Italytɔwo ƒe gaŋutiɖoɖogbalẽ si wotana kwasiɖa ɖesiaɖe la gblɔ be blemakɔnuléleɖeasi le “zi dem nuwo me” le afisiafi kloe “le Mawu ƒe ŋkɔ me.”
Woƒoa nu tso blemakɔnuléɖeasilawo ŋu zi geɖe be wowɔa nu wògbɔa eme eye wohea zãzɛnya, woɖoa nugbe hedzea amewo dzi ŋɔdzitɔe. Habɔbɔwo abe Comunione e Liberazione si le Roma Katolikoha me, Gush Emunim si le Yuda-subɔsubɔ me, kple Kristotɔwo ƒe Ƒuƒoƒo si le Dziehe Amerika Protestant-ha me ene ƒe takeke na vɔvɔ̃ ɖo amewo. Nukata blemakɔnuléleɖeasi le ta kekem? Nukae henɛ vɛ? Ðe wòanye “Mawu ƒe hlɔ̃biabia” abe alesi Fransetɔ hadomegbenɔnɔŋutinunyala Gilles Kepel gblɔe enea?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Blemakɔnuléɖeasilae nye amesi gbe asiɖeɖe le blema mawusubɔsubɔdzidzenu xoxowo ŋu. Míadzro “blemakɔnuléleɖeasi” ƒe gɔmesese me nyuie wu le nyati si kplɔe ɖo me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Nina Berman/Sipa Press