Asixɔxɔ Dede Subɔsubɔ Kɔkɔea ƒe Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu
MELE be míabu subɔsubɔdɔ kɔkɔe siwo wodea mía si la nu tsɛe o. Esi blema Yuda ƒe nunɔlawo metsɔ ɖeke le mɔnukpɔkpɔ siwo nɔ wo si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me me o la, eka mo na wo vevie. (Maleaxi 1:6-14) Eye esime Israel-viwo ƒoe ɖe Nasiretɔwo nu be woagade asixɔxɔ subɔsubɔ kɔkɔe ƒe agbanɔamedzi siwo woxɔ ŋu o la, Yehowa gbe nya na Israel-vi nuvɔ̃me mawo. (Amos 2:11-16) Kristotɔ vavãwo hã le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm, eye wobunɛ dɔ vevii. (Romatɔwo 12:1) Subɔsubɔdɔ kɔkɔe sia mã ɖe akpa vovovo, eye wo katã le vevie.
Esime Yesu ganɔ anyigba dzi kple eyomedzelawo la, ena hehe wo be woanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖelawo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woƒe gbedasia aɖo anyigba ƒe seƒe ke. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Gbeƒãɖeɖedɔ sia gava hiã kpata wu le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwuŋkekewo me.
Yehowa Ðasefowo katã le dɔ sia wɔm. Enye dzidzɔ na ame akpe alafa geɖe be yewonye mɔɖelawo le dɔa wɔm. Le xexeame godoo ƒe dɔa ƒe akpa veviwo wɔwɔ ta la, ame akpe geɖe tsɔ wo ɖokui na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔwɔ le Betel, le mɔzɔzɔdɔa me hezu nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo, alo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Nukae wòabia tso amesiwo di be yewoakpɔtɔ anɔ subɔsubɔdɔ tɔxɛ sia wɔwɔ dzi la si?
Ne Ƒomegbanɔamedzi Sesẽwo Do Mo Ða
Hafi woadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔwɔ gɔme la, zi geɖe ehiã be woawɔ asitɔtrɔ le nɔnɔmewo ŋu. Menye amesiamee ate ŋu awɔe o. Ðewohĩ agba aɖewo siwo Ŋɔŋlɔawo abia be woatsɔ awɔe be manya wɔ o. Gake nukae amesiwo le subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm xoxo awɔ ne ƒomegbanɔamedzi siwo gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata, abe dzila tsitsi gbɔ kpɔkpɔ ene, dze ŋgɔ wo? Mɔfiame siwo hiã la le Biblia ƒe gɔmeɖose kple aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna me.
Ele be míaƒe agbenɔnɔ bliboa katã nanɔ te ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzi. (Nyagblɔla 12:13; Marko 12:28-30) Ele be míade asixɔxɔ nu kɔkɔe siwo wotsɔ de mía si la ŋu. (Luka 1:74, 75; Hebritɔwo 12:16) Ɣeaɖeɣi Yesu gblɔ na ŋutsu aɖe si wòle na be wòatrɔ eƒe taɖodzinuwo la be wòaƒo eɖokui ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea me bliboe. Edze ƒã be ŋutsu sia nɔ susu wɔm be yeatutu dɔ ma ada ɖe ŋgɔ vaseɖe esime ye fofo naku hafi. (Luka 9:59, 60) Gake Yesu ɖee fia be amesiwo gblɔna be yewotsɔ nusianu ɖe adzɔgbe na Mawu eyata ‘womegawɔa naneke na wo fofo alo wo dada o’ la ƒe nukpɔsusu menyo o. (Marko 7:9-13) Apostolo Paulo hã ɖee fia be beléle na ‘ame ŋutɔ ƒe ƒometɔwo,’ siwo dome dzilawo kple tɔgbui kpakple mamawo le la nye agbanɔamedzi vevi.—Timoteo I, 5:3-8.
Ðe nya sia fia be ne nusiwo gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata do mo ɖa la, amesiwo le subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔm la nagblẽ woƒe dɔwo ɖi ava zu amedzikpɔlawoa? Ele be woabu nu geɖe ŋu le nya la ŋu ɖoɖo me. Ame ŋutɔ ƒe nyae. (Galatiatɔwo 6:5) Ame geɖe kpɔe be togbɔ be yewolɔ̃ yewoƒe dɔdasia hã la, anyo be yewoava nɔ yewo dzilawo gbɔ ana kpekpeɖeŋu si hiã la wo. Nukata? Anye hiahiã sesẽ aɖee, eye ɖewohĩ ƒometɔ bubu aɖeke meli ana kpekpeɖeŋu o, alo hame si le nutoa me mate ŋu awɔ nusi hiã o. Ame aɖewo va nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm ganɔ kpekpeɖeŋua nam. Esi ame aɖewo kpɔ ƒomenya la gbɔ vɔ la, wogate ŋu dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa gɔme ake. Gake ame geɖe te ŋu kpɔ nya la gbɔ le mɔ bubuwo nu.
Woƒe Agbanɔamedzia Tsɔtsɔ
Esi hiahiã sesẽwo dze ŋgɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔla aɖewo la, wote ŋu kpɔ hiahiãawo gbɔ si mehiã be woaɖe asi le woƒe dɔwo ŋu o. Kpɔ kpɔɖeŋu geɖeawo dometɔ ʋee aɖewo ɖa.
Atsu kple asi aɖe si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la dze Betel-dɔ wɔwɔ gɔme le ƒe 1978 me esime wowɔ nutome sue kple nutome gã dɔwo va yi. Teokrasi habɔbɔa ƒe agbanɔamedzi kpekpe ŋutɔ aɖee nɔviŋutsua ƒe dɔ nye. Evɔ edzilawo hã hiã kpekpeɖeŋu. Srɔ̃tɔ Betel-dɔwɔla siawo yina ɖasrãa edzilawo kpɔna zi etɔ̃ alo zi ene ƒe sia ƒe—si ade kilometa 3,500 yiyi kple gbɔgbɔ—ɖakpɔa wo gbɔ. Woawo ŋutɔ tu aƒe be woatsɔ akpɔ dzilaawo ƒe hiahiãwo gbɔ. Wozɔ mɔ zi geɖe yi ɖakpɔ dɔlénya sesẽwo gbɔ. Anɔ ƒe 20 sɔŋ la, wozã woƒe mɔkeɣiwo katã kloe ɖe agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ ŋu. Wolɔ̃ wo dzilawo hedea bubu wo ŋu, gake wobua woƒe subɔsubɔ tɔxɛa ƒe mɔnukpɔkpɔwo hã nu xɔasiwoe.
Nɔviŋutsu bubu aɖe nɔ mɔzɔzɔdɔa wɔm ƒe 36 sɔŋ esime wòva do go nya aɖe si eya ŋutɔ gblɔ be enye sesẽtɔwo kekeake le yeƒe agbe me dometɔ ɖeka. Ehiã be lɔ̃xoa si xɔ ƒe 85, eye wònye Yehowa subɔla nuteƒewɔla la nanɔ ame aɖe si alé be nɛ gbɔ. Ɣemaɣi la, lɔ̃xoa ƒe viwo katã susu be made yewodzi be wòava nɔ yewogbɔ o. Ƒometɔawo dometɔ ɖeka gblɔ na dzikpɔla mɔzɔla la be ele be eya kple srɔ̃a naɖe asi le dɔ ma ŋu ava xɔ ɖe ƒomea teƒe alé be na lɔ̃xoa. Gake srɔ̃tɔawo meɖe asi le woƒe subɔsubɔdɔ xɔasiwo ŋu loo alo ŋe aɖaba ƒu wo dadaa hã ƒe nuhiahiãwo dzi o. Le ƒe asieke si kplɔe ɖo ƒe akpa gãtɔ me la, woawo gbɔe wònɔ. Gbã la, wonɔ ʋu si wowɔ wònye xɔdɔme me, eye emegbe wova nɔ xɔ siwo nutome suea me tɔwo dina na wo me. Nɔviŋutsua, si nye nutome gã dzikpɔla ɣemaɣi la, zɔa mɔ ɣeyiɣi didi ɖakpɔa eƒe dɔdasiwo gbɔ, eye srɔ̃a nɔa dadaa gbɔ léa be nɛ ɣeyiɣiawo katã. Kwasiɖa ɖesiaɖe ne wowɔ kpekpewo vɔ le Kwasiɖagbe la, srɔ̃ŋutsua zɔa mɔ legbee vaa wo gbɔ. Ame geɖe siwo nya nu tso woƒe nɔnɔmea ŋu la kpɔ ŋudzedze deto ɖe agbagba si dzem srɔ̃tɔ siawo le ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eʋã dzi na ƒomea me tɔ bubuwo be yewoana kpekpeɖeŋu. Esi srɔ̃tɔ mawo siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe lé woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ tɔxɛ ƒe mɔnukpɔkpɔa me ɖe asi ta la, Yehowa ƒe ame akpe geɖe kpɔtɔ le viɖe kpɔm tso woƒe subɔsubɔdɔ me.
Amesiwo Ŋu Ƒometɔwo Kpe Asi Ðo
Ne ƒometɔ geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ŋu la, ɖewohĩ woakpe asi ɖe eŋu ale be wo dometɔ aɖewo ya teti akpɔ gome le dɔa wɔwɔ me.
Ƒometɔwo ƒe asikpekpeɖeŋu alea kpe ɖe atsu kple asi Canadatɔ siwo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔm le Ɣetoɖoƒe Afrika ŋu. Womenɔ anyi nɔ mɔ kpɔm be naneke madzɔ o vaseɖe esime nya sesẽ aɖe dzɔ hafi o. Hafi woayi ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le mɔkpɔkpɔ me be yewoate ŋu ayi dutadɔ gbe la, srɔ̃ŋutsua kple eyomevi ŋutsu woɖo dze tso alesi woalé be na wo dada ne wòdzɔ be edze dɔ alo tsi teƒe ɖeka ŋu. Tsea ɖe lɔlɔ̃ na wo dada kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe asixɔxɔ ŋu fia gblɔ be: “Ƒome kple viwo le asinye fifia. Nyemate ŋu ayi didiƒe awɔ nusiwo nàte ŋu awɔ o. Eyata ne nane dzɔ ɖe Dada dzi la, malé be nɛ.”
Atsu kple asi aɖe siwo le subɔsubɔm le Anyiehe Amerika xɔ kpekpeɖeŋu geɖe tso srɔ̃anyɔnu ƒe ƒometɔwo gbɔ le beléle na nyɔnua dada tsitsi me. Srɔ̃nyɔnua nɔvinyɔnu kple srɔ̃a wolé be na dadaa vaseɖe esime nɔvianyɔnua dze dɔ si kplɔe yi ku me. Nukae va dzɔ? Bene woagatsi dzi o la, nɔvianyɔnu srɔ̃ ŋlɔ bena: “Zi alesi mía kple ɖeviawo míele agbe ko la, mahiã be miaɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu gbeɖe o.” Wogaxɔ kpekpeɖeŋu bubu esime nɔvinyɔnua yomevi nyɔnu bubu kple srɔ̃a wodzo le woƒe aƒeme ɖanɔ afisi wo dada le bene yewoate ŋu alé be nɛ, eye wolé be nɛ vaseɖe eƒe kugbe. Asikpekpeɖeameŋu ƒe gbɔgbɔ nyui ka gbegbee nye si! Wo katã wole asi kpem ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu.
Dzila Siwo Naa Nu Yehowa Faa
Zi geɖe la, dzilawo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖedzesi fiana ɖe subɔsubɔ kɔkɔe ŋu. Woawo ŋutɔ ƒe viwo nye woƒe nunɔamesi xɔasitɔwo kekeake si woate ŋu atsɔ ade bubu Yehowa ŋu dometɔ ɖeka. (Lododowo 3:9) Dzila Kristotɔ geɖe dea dzi ƒo na wo viwo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Eye wo dometɔ aɖewo sena le wo ɖokui me abe Xana, amesi tsɔ viaŋutsu Samuel na Yehowa be ‘wòawɔ eƒe subɔsubɔdɔ ɖaa’ ene, si fia be le “eƒe agbe me ŋkekewo katã me.”—Samuel I, 1:22, 28.
Dzila siawo dometɔ ɖeka ŋlɔ na vianyɔnu le Afrika be: “Míeda akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ nyui si su asiwò ta. Naneke meli míagakpɔ mɔ na wu esia o.” Eye egagblɔ ɣeaɖeɣi be: “Enye nyateƒe be ele be míado dzi ana mía dome naklã, gake dzidzɔ gã wònye ne míekpɔ alesi Yehowa le be lém na wòe!”
Esi dutanyanyuigblɔla aɖe si le Ecuador nɔ ŋugble dem le nusiwo katã do mo ɖa le kpekpeɖeŋu si hiã la nana edzila tsitsiwo me ŋu la, eŋlɔ be: “Ewɔ nam be kpekpeɖeŋu gãtɔ kekeake si mía kple srɔ̃nye míexɔe nye fofonye ƒe gbedodoɖawo. Dada gblɔ na mí le eƒe ku megbe be: ‘Ŋkeke aɖeke meli si fofowò medoa gbe ɖa na Yehowa be wòana miakpɔtɔ anɔ miaƒe dɔa wɔm o.’”
Evivi srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo siwo le California, U.S.A., nu be yewovi ŋutsuwo dometɔ ɖeka le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Viŋutsu ma kple srɔ̃a wonɔ Spain esime dadaa ku. Woƒe ƒomea me tɔ bubuwo kpɔe be ele be woawɔ ɖoɖo siwo hiã hena fofoa dzi kpɔkpɔ. Le esi woawo ƒe ŋku biã ɖe ŋutilãmedɔ wɔwɔ kple wo viwo dzi kpɔkpɔ ŋu ta la, ewɔ na wo be yewo mate ŋu atsɔ agba ma o. Ke boŋ woƒoe ɖe srɔ̃tɔ siawo siwo nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛ wɔm nu be woagbɔ va aƒe ava lé be na fofoa. Gake togbɔ be fofoa xɔ ƒe 79 hã la, egale lãmesẽ me kokoko, eye ele ŋute le gbɔgbɔ me hã. Le ƒomea me tɔwo ƒe kpekpe aɖe me esi amesiame gblɔ eƒe susu vɔ la, fofoa tsi tre gblɔ kple kakaɖedzi be: “Medi be woatrɔ ayi Spain ayi woƒe dɔ dzi.” Wotrɔ yi, gake woawo hã na kpekpeɖeŋui le mɔ ɖevi aɖewo nu. Fifia wole nutome sue dɔa wɔm le Spain. Tso ƒome ƒe kpekpe ma dzi la, ƒomea me tɔ bubuwo va kpɔ ŋudzedze ɖe nusi srɔ̃tɔ dutadɔwɔla siawo le wɔwɔm ŋu. Le ƒe aɖewo megbe la, viŋutsuawo dometɔ bubu kplɔ fofoa va eƒeme eye wòkpɔ edzi vaseɖe eƒe kugbe.
Le Pennsylvania, U.S.A. la, nɔviŋutsu amesiamina aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa anɔ ƒe 40 sɔŋ la xɔ ƒe 90 kple edzivɔ esime srɔ̃a dze dɔ vevie heku. Viŋutsu ɖeka kple vinyɔnu etɔ̃e nɔ esi tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmevi gbogbo aɖewo ŋu. Vianyɔnuviwo dometɔ ɖeka nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm ƒe 40 kple edzivɔe nye ma, eye woa kple srɔ̃aŋutsu wowɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa, mɔzɔzɔdɔa, kple Betel-dɔa kpɔ. Vinyɔnu sia na kpekpeɖeŋu wowɔ ɖoɖo be woatsɔ beléle si sɔ la na fofoa. Nɔvi siwo le afima hã na kpekpeɖeŋu wokplɔnɛ yia kpekpeawoe le Fiaɖuƒe Akpata me. Emegbe esi vinyɔnu sia srɔ̃ ku la, ebia fofoa be edi be yeadzo le Betel ava kpɔ edzi hã. Edea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu, eye ekpɔe be woate ŋu akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ bubuwo nu. Eyata eɖo eŋu be: “Nu ma anye nu vloetɔ kekeake si nàwɔ, eye agavloe wu ne mena nèwɔe.”
Hame Siwo Naa Kpekpeɖeŋu
Hame aɖewo na kpekpeɖeŋu le beléle na amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm la dzilawo ale gbegbe. Wokpɔa ŋudzedze gã ɖe amesiwo zã ƒe geɖe le dɔ sia wɔwɔ me ŋu. Togbɔ be hame siawo mate ŋu axɔ agba siwo Ŋɔŋlɔawo bia be woawo natsɔ le wo si o hã la, wowɔa nu geɖe be agba sia nanɔ wodzoe alesi dze ale be mahiã be vi siawo naɖe asi le woƒe dɔdasi tɔxɛawo ŋu o.
Atsu kple asi Germanytɔ aɖewo le dutadɔ si ƒe akpa gãtɔ nye mɔzɔzɔdɔa wɔm anɔ ƒe 17 sɔŋ esi srɔ̃ŋutsua dada si tsi la ƒe nuhiahiãwo va do gã ɖe edzi. Wozãa woƒe mɔkeɣiwo ƒe sia ƒe tsɔ kpɔa edzi. Ðasefo siwo le nutoa me hã na kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe. Emegbe esi srɔ̃tɔ siawo siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wɔm la va ŋutsua dada gbɔ le ɣeyiɣi sesẽ aɖe me la, afima hamemegãwo wɔ ɖoɖo be yewoakpe kple wo. Wonya nusi srɔ̃tɔ siawo nɔ wɔwɔm edziedzi na wo dada nyuie. Wode dzesi asixɔxɔ si le subɔsubɔdɔ tɔxɛ si wɔm srɔ̃tɔawo le ŋu hã. Eyata hamemegãawo gblɔ ɖoɖo si wowɔ be yewoatsɔ alé be na dadaa kpuie eye wogagblɔ be: “Miate ŋu alé be nɛ wu nusi wɔm miele o; míakpe ɖe mia ŋu bene miate ŋu anɔ miaƒe dɔ gbe le Spain.” Hamemegã siawo le dɔ sia dzi ƒe adre enye si va yi.
Nenema ke nɔviŋutsu aɖe si le subɔsubɔm le Senegal tso ƒe 1967 me ke la xɔ amelɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu geɖe tso hame si me fofoa le gbɔ. Esi nya sesẽ aɖe dzɔ la, srɔ̃ŋutsua srɔ̃ si lɔ̃a ame lɔ̃ kpe asi ɖe eŋu ale be eya ɖeka zɔ mɔ yi United States be yeakpe ɖe ye dzilawo ŋu. Eva kpɔe be ehiã be yeatsi anyi ɣleti geɖe. Nɔnɔmea sesẽ, gake esi wòwɔ nusi wòate ŋui vɔ la, hamea va de nu eme ale be wòte ŋu yi eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi. Ƒe 18 sɔŋ la, hamea na amelɔlɔ̃ ƒe kpekpeɖeŋu le mɔ gbogbo aɖewo nu, gbã na fofoa (togbɔ be megakpɔa wo dometɔ geɖe dzea sii o hã) eye emegbe na dadaa. Ðe ema ɖe agba le viŋutsua dzia? Ao; ezɔa mɔ zi geɖe tso Senegal eye wòzãa eƒe mɔkeɣiwo tsɔ naa kpekpeɖeŋu si wòate ŋui. Gake enye dzidzɔ na hame ma me tɔ geɖe be yewo hã yewole eme na be srɔ̃tɔ kutrikula aɖewo kpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm le Senegal.
Yesu gblɔ be amesiwo katã agblẽ nusianu ɖi le nyanyuia ta la ava kpɔ nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, kple viwo alafa geɖe. (Marko 10:29, 30) Nu ma le eme vam nyateƒe le Yehowa subɔlawo dome. Atsu kple asi aɖe siwo le subɔsubɔm fifia le Benin, Ɣetoɖoƒe Afrika, kpɔ nusia teƒe le mɔ tɔxɛ aɖe nu esime Ðasefo eve aɖewo siwo le wo dzilawo ƒe hamea me gblɔ na wo be womegatsi dzi ɖe wo dzilawo ŋu o. Wogblɔ kpee be: “Mia dzilawo nye míawo hã mía dzilawo.”
Ẽ, mɔ geɖe li siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be míedea asixɔxɔ subɔsubɔ kɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu. Ðe mɔ aɖewo li siwo dzi nàte ŋu ato agawɔe geɖe wua?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Wotsɔ wo ɖokui na ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔwɔ