Ame Geɖe Gblɔna be Xɔse Le Yewo Si
NYƆNU aɖe si doa vevie mawusubɔsubɔ le Brazil gblɔ be: “Yesu nye ame nyui aɖe ŋutɔ! Enyo ale gbegbe!” Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu ake ɖi le ŋusẽ si Yesu ƒe ŋkɔa kpɔ ɖe amewo dzi ŋu o. Le ŋutinya katã me la, amewo lɔ̃ faa kpe fu heku na eyama.
Apostolo Petro kple Yohanes ɖe gbeƒã ‘le Yesu ƒe ŋkɔa me’ le Yerusalem. Le ema ta, wolé wo eye woƒo wo. Ke hã ‘wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume kple dzidzɔ be wobu yewo be yewodze bena woado ŋukpe yewo le eƒe ŋkɔ la ta.’—Dɔwɔwɔwo 5:28, 41.
Antipa hã nye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ bubu si de asixɔxɔ Yesu ƒe ŋkɔa ŋu. Yesu yɔe le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛa si nye Nyaɖeɖefia me be, ‘nye ɖaseɖila nuteƒewɔla, amesi wowu le mia xa, le afisi Satana le la.’ (Nyaɖeɖefia 2:13) Abe Kristotɔ bubu siwo nɔ Pergamo ene la, Antipa gbe be yemagbe nu le Kristo dzixɔxɔse ŋu o. Antipa lé Yesu ƒe ŋkɔa me ɖe asi sesĩe vaseɖe ku me ke gɔ̃ hã!
Anɔ abe ƒe blaatɔ̃ ene megbe, le ƒe 155 M.Ŋ. me la, ame aɖe si gblɔ be Kristotɔe yenye si ŋkɔe nye Polycarp dze ŋgɔ dodokpɔ ma ƒomevi esime woɖe gbe nɛ be wòado vlo Kristo. Nya si wòtsɔ ɖo eŋui ye nye: “Metsɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade subɔ Eyama, eye Medze agɔ aɖeke le dzinye o. Aleke wɔ magblɔ busunya ɖe Fianye, amesi ɖem la ŋu?” Le esi Polycarp gbe be yemagbe nu le Kristo gbɔ o ta la, wotɔ dzoe ɖe ati ŋu.
Apostoloawo, Antipa kple ame bubuwo lɔ̃ faa be yewoaku atsɔ aɖo kpe yewoƒe ɖaseɖiɖi le Kristo ŋu la dzii! Ke amesiwo li egbea hã ɖe?
Yesu ƒe Ŋkɔ la Egbea
Yesu ƒe ŋkɔ gakpɔtɔ le seselelãme sesẽwo nyɔm ɖe amewo me. Le Latin Amerika la, sɔlemeha siwo gblɔna be yewoxɔ Yesu dzi se la dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe siawo me. Le kɔƒedu suetɔwo kekeake me kura gɔ̃ hã, Gbɔgbɔha ɖeka ya teti li. Le ɣeyiɣi ma ke me la, alesi sɔlemeha siawo le wo ɖokui ƒom ɖe dunyahehe me hã le dzidzim ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le Brazil la, sɔlemeha siawo me tɔ 31 ye le woƒe Sewɔtakpekpewo me.
Le subɔsubɔha yeye aɖe hã me le United States la, Yesu ye xɔ nɔƒe vevitɔ. Emetɔwo yɔa wo ɖokui be Ŋugbedodo Dziwɔlawo. Time magazine ka nya ta le ƒe 1997 me be woƒe kpekpewo delawo ƒe xexlẽme dzi ɖe dzi tso 4,200 le ƒe 1991 me va ɖo miliɔn 1.1 le ƒe 1996 me. Woƒe hadzidziwo dometɔ ɖeka me nyawo gblɔ be: “O dziɖuɖukpɔkpɔ le Yesu, Ðenyela, me tegbee.”
Ke hã menye seselelãme siwo katã Yesu ƒe ŋkɔ nyɔ lae nyo o. Wowɔ aʋawo le eƒe ŋkɔ me edziedzi. Wotsrɔ̃ Yudatɔwo, wu trɔ̃subɔlawo, wɔ funyafunya amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo, lã woƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo ɖa, eye wobla wo ɖe ati ŋu hetɔ dzo wo—esiawo katã le Yesu ƒe ŋkɔ me. Eye mawunyagbɔgblɔ si zu asitsatsa le ŋkeke siawo me la nye nu gbegblẽ si ŋu ame geɖe nya nu le nyuie. Esia katã nye ɖiƒoƒo Yesu ƒe ŋkɔ kple nusi wòle tsitre ɖi na la ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu!
Gawu la, efɔ nyabiabia vevi aɖewo ɖe te: Nukae Yesu ƒe ŋkɔa dzixɔxɔse fia? Eye nukae nye Yehowa Ðasefowo ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.