INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 12/1 axa 4-7
  • Ŋkɔ si Kplɔa Ame Yia Xɔse Vavãtɔ Gbɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkɔ si Kplɔa Ame Yia Xɔse Vavãtɔ Gbɔe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Yesu ƒe Ŋkɔ Le Tsitre Ði Na
  • Yesu Dzixɔsee loo alo Kaisaro Dzixɔsee?
  • Kristotɔ Gbãtɔwo Sɔsrɔ̃ Egbea
  • Nusi Yesu ƒe Ŋkɔa Dzixɔxɔse Fia
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Yesu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 12/1 axa 4-7

Ŋkɔ si Kplɔa Ame Yia Xɔse Vavãtɔ Gbɔe

NYƆNU aɖe gblɔ na Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka be: “Miexɔ Yesu kple eƒe ʋu si ɖea ame la dzi se o.” Ŋutsu aɖe gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Mieyɔa mia ɖokui be Yehowa Ðasefowo, gake Yesu ƒe ɖasefoe nye ya menye.”

Nukpɔsusu si nye be Yehowa Ðasefowo mexɔ Yesu dzi se o alo be wometsɔa gãnyenye si de edeƒe nɛ o la bɔ. Gake aleke nya la ŋutɔŋutɔ le?

Enye nyateƒe be Yehowa Ðasefowo lɔ̃a Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, zazã vevie ŋutɔ.a Itamar, si nye Ðasefo le Brazil, gblɔ be: “Mawu ƒe ŋkɔ nyanyae he tɔtrɔ si ɖedzesi va nye agbe mee. Esi mexlẽe zi gbãtɔ la, ɖeko wòwɔ abe ɖe menyɔ tso alɔ̃ me ʋĩ ene. Ŋkɔ Yehowa la ʋuʋum eye wòʋãm; ewɔ dɔ de luʋɔnye ƒe gogloeƒe ke.” Ke hã egblɔ kpee be: “Dzinye yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na Yesu hã.”

Nyateƒee, Yehowa Ðasefowo nya nyuie be hafi yewoakpɔ agbe mavɔ la, ele be yewoaxɔ Yesu, ‘Mawu ƒe Vi la ƒe ŋkɔ dzi ase.’ (Yohanes I, 5:13) Gake nukae nyagbɔgblɔ ‘le Yesu ƒe ŋkɔ me’ fia?

Nusi Yesu ƒe Ŋkɔ Le Tsitre Ði Na

Nyagbɔgblɔ “le Yesu ƒe ŋkɔ me” kple esia tɔgbewo dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Yeyea,” katã me. Le nyateƒe me la, nya “ŋkɔ” si wozã tsɔ fia akpa si Yesu wɔna la dze wu zi gbɔ zi 80, zi 30 le Dɔwɔwɔ ƒe agbalẽa ɖeɖeko me. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo na nyɔnyrɔ le Yesu ƒe ŋkɔ me, da dɔ le eƒe ŋkɔ me, fia nu le eƒe ŋkɔ me, bia kpekpeɖeŋu le eƒe ŋkɔ me, kpe fu le eƒe ŋkɔ ta, eye wodo eƒe ŋkɔ ɖe dzi.—Dɔwɔwɔwo 2:38; 3:16; 5:28; 9:14, 16; 19:17.

Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be wolɔ̃a Helagbe me nya “ŋkɔ” zazã le Biblia me “tsɔ fiaa nusiwo katã ŋkɔ si ƒe nya gblɔm wole le tsitre ɖi na, dziɖuŋusẽ, nɔnɔme, ɖoƒe, gãnyenye, ŋusẽ, nyonyo, kple esia tɔgbewo, kpakple nusianu si ŋkɔ la tsi tre ɖi na.” Eyata Yesu ƒe ŋkɔ le tsitre ɖi na gãnyenye kple dziɖuŋusẽ gã si Yehowa Mawu tsɔ de asi nɛ. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.” (Mateo 28:18) Esi Petro kple Yohanes da dɔ na tekunɔ aɖe vɔ megbe la, Yuda subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo bia wo be: “Ŋusẽ ka nu alo ŋkɔ ka dzie miewɔ nusia le mahã?” Ɣemaɣie Petro ɖe dziɖuŋusẽ gã si Yesu ƒe ŋkɔa tsi tre ɖi na la fia esime wòna wonya be “Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, . . . le eya me amesia le tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eƒe lãme sẽ.”—Dɔwɔwɔwo 3:1-10; 4:5-10.

Yesu Dzixɔsee loo alo Kaisaro Dzixɔsee?

Gake Yesu ƒe ŋkɔa dzixɔxɔse sia ɖeɖefia manɔ bɔbɔe o. Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, ‘dukɔwo katã alé fu’ eƒe nusrɔ̃lawo ‘le eƒe ŋkɔa ŋuti.’ (Mateo 24:9) Nukatae? Elabena Yesu ƒe ŋkɔ le tsitre ɖi na nɔƒe si le esi si nye Dziɖula si Mawu tia, fiawo dzi Fia, amesi te dukɔwo katã abɔbɔ ɖo le ɖokuibɔbɔ me, si nye nusi womele klalo hedi be yewoawɔ o.—Psalmo 2:1-7.

Yesu ƒe ŋkekea me subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo hã medi be yewoabɔbɔ ɖe Yesu te o. Wogbe Mawu ƒe Vi la esi wogblɔ be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.” (Yohanes 19:13-15) Ðe eteƒe la, woxɔ Kaisaro ƒe ŋkɔ—eƒe ŋusẽ kple dziɖuɖu—kple eƒe fiaɖuƒegã la ƒe dziɖuɖua dzi se. Woɖoe kura gɔ̃ hã be woawu Yesu ale be yewo nɔƒewo nakpɔtɔ anɔ yewo si.—Yohanes 11:47-53.

Le ƒe alafa siwo kplɔ Yesu ƒe kua ɖo megbe me la, amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ geɖe srɔ̃ nɔnɔme aɖe si ɖi Yudatɔwo ƒe kplɔlawo tɔ. Yeaɖi Kristotɔ siawo xɔ Dukɔa ƒe ŋusẽ kple eƒe dziɖuɖu la dzi se eye woƒo wo ɖokui ɖe eƒe aʋawo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 11 lia me la, esi sɔlemeha la ƒo aʋawɔla siwo si dɔwɔɖui mele o nu ƒu de militia Christi, alo Kristotɔ aʋawɔlawo me la, “sɔlemeha la ŋutɔ boŋ xɔ aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ la le xexemedziɖuɖu siwo nɔ Kristodukɔa me si tsɔ na eƒe Kristotɔ aʋawɔlawo.” (The Oxford History of Christianity) Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be papa ƒe asiƒuakɔnya aɖewo na atitsogaʋawɔlawo dometɔ akpa gãtɔ susui be ne yewowɔ atitsogaʋawo la, ke enye “ɖoɖo le yewo kple Mawu dome eye kakaɖedzi le yewo si be yewoava nɔ Paradiso me.”

Ame aɖewo aʋli nya be woate ŋu awɔ nuteƒe na Yesu eye le ɣemaɣi ke me la, woakpɔ gome le dunyahenyawo kpakple le dukɔwo ƒe aʋawo hã me. Woase le wo ɖokui me be enye Kristotɔ ƒe dɔdasi be wòaho aʋa ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋuti le afisiafi si wòle eye be esia abia aʋawɔwɔ ne eva hiã. Gake ɖe Kristotɔ gbãtɔwo hã bui nenemaa?

Nyati aɖe si le The Christian Century magazine me gblɔ be: “Kristotɔ gbãtɔwo menɔ asrafowo dome o.” Eɖe eme be vaseɖe ƒe 170-180 M.Ŋ. ƒe ƒeawo me la, kpeɖodzi aɖeke meli si fia be Kristotɔwo nɔ asrafowo dome o. Nyatia gblɔ kpee be: “Ʋeʋeʋe Kristotɔwo va ɖe asi le woƒe tsitretsitsi ɖe asrafo zuzu ŋuti.”

Nukawoe do tso eme? The Christian Century me nyatia gblɔ be: “Ne woagblɔe la, nu bubu aɖeke mete ŋu klo bubu le Kristotɔnyenye ŋu de eƒe nuwɔwɔ abe amesiwo menye Kristotɔwo o ene le aʋawɔwɔ me nu o. Le go aɖe me la, Kristotɔ mawo xɔ Xɔla fatu la dzi se evɔ le go bubu me la, woƒe asikpekpe ɖe sɔlemehawo alo dukɔmevinyenye ʋawo ŋu gblẽ nu le xɔse la ŋu ŋutɔ.”

Kristotɔ Gbãtɔwo Sɔsrɔ̃ Egbea

Ðe Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋu nyui la? Yehowa Ðasefowo ɖee fia le ƒe alafa sia me be woate ŋui. Esi Holocaust Educational Digest ƒe nuŋɔŋlɔmetola nɔ nu ƒom tso wo ŋu la, egblɔ be: “Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖeke mayi aʋa gbeaɖekegbe o. . . . Ne xɔse sia mee amesiame si le ŋusẽnɔƒe le xexeame le la, anye ne [Xexemeʋa II] madzɔ gbeɖegbeɖe o.”

Míate ŋu agblɔ nya sia ke le aʋa siwo wɔm wole le nuto vovovowo me le ŋkeke siawo me, abe esi wowɔ le Dziehe Ireland ene, hã ŋu. Ƒe aɖewo va yi la, Yehowa Ðasefo aɖe nɔ gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme le Protestanttɔwo ƒe nuto aɖe me le Belfast dugã me. Esi aƒemenɔla aɖe va nya be Katolikotɔe Ðasefoa nye tsã la, ebiae be: “Esime nènye Katolikotɔ tsã la, ɖe nède IRA [Ireland Dukɔa ƒe Asrafowo] dzia?” Ðasefoa de dzesii be ŋutsua ate ŋu awɔ nu vevi ye elabena ɖeko woɖe asi le eŋu teti tso game esi wodee xɔ le tu tsɔtsɔ be yeawu Katolikotɔ aɖe ta. Eyata Ðasefoa ɖo eŋu be: “Nyemeganye Katolikotɔ fifia o. Yehowa Ðasefoe menye. Abe Kristotɔ vavã ene la, nyemawu ame aɖeke na dziɖuɖu aɖeke alo na ame aɖeke gbeɖe o.” Esi aƒemenɔla la se nya sia la, ena asi nɔviŋutsua hegblɔ be: “Amewuwu ɖesiaɖe mesɔ o. Dɔ nyui wɔmee miele. Milé eme ɖe asi.”

Nusi Yesu ƒe Ŋkɔa Dzixɔxɔse Fia

Gake Yesu ƒe ŋkɔa dzixɔxɔse fia nu geɖe wu aʋawɔwɔ tsitsri ko. Efia wɔwɔ ɖe Kristo ƒe sewo dzi. Yesu gblɔ bena: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi,” eye eƒe seawo dometɔ ɖekae nye be ‘míalɔ̃ mía nɔewo.’ (Yohanes 15:14, 17) Lɔlɔ̃ nana wowɔa nyui na ame bubuwo. Eɖea ameƒomevinyenye ƒe vovototo, subɔsubɔ, kple hadome ƒe nazãbubu ɖesiaɖe ɖa. Yesu wɔ alesi míawɔe ƒe kpɔɖeŋu fia.

Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me lé fu Samariatɔwo vevie. Gake Yesu ƒo nu kple Samaria-nyɔnu aɖe, eye esia na nyɔnua kple ame geɖe va xɔ eƒe ŋkɔa dzi se. (Yohanes 4:39) Yesu gblɔ hã bena yeƒe nusrɔ̃lawo anye yeƒe ɖasefowo “le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Menye Yudatɔwo gbɔ koe eƒe gbedasi si naa agbe la atsi o. Le esia ta wona Petro yi ɖe Roma-ʋafia Kornelio gbɔ. Togbɔ be mele sea nu be Yudatɔ aɖeke nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔ o hã la, Mawu ɖee fia Petro be ‘megayɔ ame aɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o.’—Dɔwɔwɔwo 10:28.

Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, Yehowa Ðasefowo kpena ɖe amesiame ŋu—metsɔ le amesi ƒomevi wonye, ha si me tɔ wonye, alo be wonye gatɔwo alo hiãtɔwo me o—be woasrɔ̃ nu tso ɖeɖe si ava le Yesu ƒe ŋkɔa me la ŋuti. Yesu ƒe ŋkɔa dzixɔxɔsee ʋãa wo be ‘woaʋu eme le gaglãgbe bena Yesu ye nye Aƒetɔ la.’ (Romatɔwo 10:8, 9) Míele dzi dem ƒo na wò be nàxɔ woƒe kpekpeɖeŋu ale be wò hã nàte ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ŋkɔa dzixɔxɔse.

Ele be Yesu ƒe ŋkɔa natu vɔvɔ̃, bubu, kple toɖoɖo vavãtɔ ɖe mía me. Apostolo Paulo gblɔ bena: “Amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.” (Filipitɔwo 2:10, 11) Togbɔ be anyigbadzinɔlawo ƒe akpa gãtɔ malɔ̃ be yewoabɔbɔ ɖe Yesu ƒe dziɖuɖu te o hã la, Biblia ɖee fia be ɣeyiɣia de be amesiame nawɔe alea alo be woatsrɔ̃. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Eyata fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míawɔ Yesu ƒe seawo katã dzi atsɔ aɖee fia be míexɔ eƒe ŋkɔa dzi se.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Divine Name That Will Endure Forever si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta le ƒe 1984 me ƒe axa 28-31 hena numeɖeɖe bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Wowɔ aʋa wu ame miliɔn geɖe le Yesu ƒe ŋkɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu mebu nazã ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu o. Ðe nèbunɛa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe