INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 8/1 axa 9
  • Ðasefowo Do Ðe Ablɔwo Dzi le France

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðasefowo Do Ðe Ablɔwo Dzi le France
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woxɔe Enumake Kple Ŋudzedzekpɔkpɔ
  • ‘Woƒoa Nu Tsoa Dɔmenyonyo Kple Lɔlɔ̃ Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Traktwo Zazã be Viɖe Nado tso Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Zã Traktwo Nàtsɔ Akaka Nya Nyuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nusita Traktwo Hiã Vevie le Míaƒe Subɔsubɔdɔa me Egbea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 8/1 axa 9

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Ðasefowo Do Ðe Ablɔwo Dzi le France

TSO Fiɖa, January 29, 1999, ƒe ŋdi kanya ʋuu vaseɖe kwasiɖaa ƒe nuwuwu la, Yehowa Ðasefo siwo le France tsɔ dzonɔameme ma trakt si ƒe tanyae nye People of France, You Are Being Deceived! (Franseawo, Wole Mia Blem!) ɖekaɖeka miliɔn 12 le ablɔwo dzi kple emegbe tso aƒeme yi aƒeme. Nukae na woho aʋa sia?

Le nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe kpekpe aɖe si wowɔ le Paris le Fiɖa ŋdi ma la, wogblɔ susu si tae woma agbalẽa ɖo. Ðasefo nyanuɖela aɖe ɖe eme be: “Nusi míedi be míawɔ le ɣeyiɣi sia mee nye be míaɖe amesiwo ƒomevi míenye la afia ahaɖo asi ŋukpe si dom wole mí la dzi. Míelɔ̃ faa be woaɖe ɖeklemi mí, gake míagaɖe mɔ ɖe alakpanya kple nya siwo ƒoa ɖi ŋkɔ nyui si le mía ŋu la ŋuti azɔ o.”

Togbɔ be Yehowa Ðasefowoe nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha gã etɔ̃lia le France hã la, wodo nu ɖe Ðasefowo ƒe vi geɖe gbɔ heɖe fu na wo le suku. Dɔ ge le ame tsitsiwo si eye wodo ŋɔdzi na wo le woƒe subɔsubɔ ta. Esi wɔ nuku wu la, adzɔ si woka na wo be woaxe ɖe nudzɔdzɔ si wonaa wo be woatsɔ ado subɔsubɔdɔa ɖe ŋgɔe ta enye alafa memama 60. Aleke agbalẽawo mama kpɔ vovototodedeameme sia gbɔe?

Trakt la gblɔ be: “Yehowa Ðasefo 250,000 kple woƒe zɔhɛ siwo le France TSI TRE ɖe ŋukpedoamemɔ si nu wotsɔ woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha si le France tso ƒe 1900 me ke la sɔ kple kɔmama dziŋɔwoe tso ƒe 1995 me ke ŋuti. . . . WOTSI TRE ɖe alesi wotafaa wo atraɖii la ŋuti.” Woklo nu le aʋatsonya si wotsɔ ɖe Ðasefo siwo le France ŋuti kple ayemɔ siwo ŋudɔ ameŋugblẽlawo di be yewoawɔ atsɔ aƒo ɖi woƒe ŋkɔe la dzi. Trakt la wu enu be: “Egbea, Yehowa Ðasefowo kple woƒe zɔhɛ siwo le Europa la ƒe xexlẽme wu miliɔn eve. Wodea bubu Dukɔ si me tɔwo wonye la ƒe sewo ŋu to Nyanyuia ƒe gɔmeɖosewo me lelé ɖe asi me. Franseawo, esiawoe nye nyateƒeawo. Enye míaƒe dɔ be míagblɔe na mi abe alesi tututu wòle la ene!”

Woxɔe Enumake Kple Ŋudzedzekpɔkpɔ

Le ŋkeke gbãtɔa dzi la, woma trakt miliɔn geɖe. Le Paris ɖeɖe la, kaka ŋdɔ me naɖo la, Ðasefo siwo wu 7,000 ma trakt siwo wu miliɔn 1.3 na amewo. Esiae nye zi gbãtɔ si amewo kpɔ Ðasefowo le agbɔsɔsɔ gã me be wole traktwo mam le ablɔwo dzi. Nyakakamɔnuwo, siwo me dukɔa kpakple nutoame nyadzɔdzɔgbalẽwo kple television hã le, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe agbalẽmama sia ŋuti. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Progrès de Lyon de dzesii be: “Afɔɖeɖe sia . . . ɖe nya aɖe ŋuti nugɔmemasemase aɖe ɖe go. Le ƒe ewo siwo va yi me la, nya ‘kɔmama’ . . . va zu nyagbe si ŋu gɔmesese totro va le, si ɖea nusi me afɔku le, eye wogblẽa nu ƒe susu fiana. . . . Ŋɔdzi mele Yehowa Ðasefowo ŋu be ɖewohĩ woagblẽ nu le amegbetɔƒomea ŋu o.”

Amesiwo nya Yehowa Ðasefowo la kpɔa ŋudzedze ɖe nɔnɔme nyui si le wo si kple bubu deto si wodea hadomeɖoɖo si woɖo anyi ŋu la ŋuti. Eyata ame geɖe siwo le ablɔwo dzi la ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple ɖekawɔwɔ fia ɖe Ðasefo akpe bla nane siwo kpɔ gome le agbalẽmamadɔa me la ŋuti. Enumake amewo dze kaƒoƒo, fakswo ɖoɖoɖa, kple lɛtawo ŋɔŋlɔ tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe trakt la ŋu fia. Ƒo wo katã ta la, mɔnukpɔkpɔ su dzianukwaretɔwo si be woase Ðasefoawo ŋuti nyateƒenya siwo mewɔ ɖeka kple aʋatsonya kple susumanɔmenyawo o, eye amesiwo ƒe dzixɔsewo ŋu wogblɔ alakpanyawo ɖo la te ŋu ɖe woƒe seselelãme fia ɖe nusi gbɔ womelɔ̃a nu le o la ŋuti.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe