Mawu Ƒe Adzowo Kple Eƒe Tameɖoɖo
NE MÈNYA nusi wònye o la, ke ezu agba; gake ne ènyae la, ekema meɖe fu o. Nukae? Adzoe.
Le egbe xexe si me vovo mele ame aɖeke ŋu le o me la, amewo bua adzototo abe ɖeviwo ƒe fefe ko ene, gake The Interpreter’s Dictionary of the Bible gblɔ be le blema ɣeyiɣiwo me la, adzototo “nye nunya dodokpɔ.”—Tsɔe sɔ kple Lododowo 1:5, 6.
Le esi teƒe be Yehowa nagblɔ eƒe lɔlɔ̃nu alo tameɖoɖowo tẽ ɣeaɖewoɣi la, eɖonɛ koŋ tsyɔa nu eƒe nyagblɔɖinyawo dzi eye wòtsɔa nyawo sɔna kple nya bubuwo, “nya ɣaɣlawo,” alo adzo siwo gɔme menya sena bɔbɔe o. (Psalmo 78:2; Mose IV, 12:8) Le nyateƒe me la, togbɔ be zi 17 koe wozã Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be adzo le Biblia me hã la, adzowo kple lododowo yɔ Ŋɔŋlɔawo me fũ.
Biblia me Dzowo Bɔ
Wogblɔ le Fia Salomo ŋu be ete ŋu ɖoa biabia, alo adzo siwo ɖua ta na ame ŋutɔ kura gɔ̃ hã siwo wotsɔ vaa egbɔe la ŋu. (Fiawo I, 10:1) Ðikeke mele eme o be nunya si Mawu nɛ mee wòtso wɔ esiawo. Ne blema ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nya si wogblɔ be Salomo mete ŋu ɖe adzo aɖe si Tiro Fia Hiram ɖo eŋkume gɔme o nanye nyateƒe la, ekema esime Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le edzi le eƒe xɔsegbegbe la megbee esia anya dzɔ. Nenema ke ʋɔnudrɔ̃la Simson hã kpɔ ŋudzedze ɖe adzototo ŋui. Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽdodo me ɣeaɖeɣi la, adzo aɖe ʋu mɔnukpɔkpɔ nɛ be wòdo ŋɔdzi na Mawu ƒe futɔwo.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:12-19.
Ke hã adzo geɖe siwo woto le Biblia me la ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu tẽ. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Mose I, 3:15 ŋu kpɔ. Nyagblɔɖi sia si nye nusi dzi wotu Biblia ƒe tanya ɖo la ŋutɔ nye nya si gɔme sese sesẽ, ‘nya ɣaɣla kɔkɔe’ aɖe. (Romatɔwo 16:25, 26) Le ŋutega kple ɖeɖefia siwo apostolo Paulo kpɔ megbe la, egakpɔ Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa aɖewo le “abebubu” alo ne míagblɔe tututu la, “nya ɣaɣla” me. (Korintotɔwo I, 13:12; Korintotɔwo II, 12:1-4) Ke nususugblɔ gbogbo siwo ku ɖe Nyaɖeɖefia 13:18 me lã wɔadã la ƒe xexlẽdzesi ɣaɣla—si nye “alafa ade kple blaade vɔ ade”—si me womeɖe o ŋu ya ɖe? Amekae ate ŋu aɖe Mawu ƒe adzo siawo me, eye taɖodzinu kae le wo ŋu?
Nya Ɣaɣla Kɔkɔewo me Ðeɖe
Le mía dometɔ geɖe gome la, ŋku enye míaƒe sidzenu atɔ̃awo dometɔ vevitɔ. Gake ne kekeli meli o la, viɖe gobii aɖeke manɔ amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ ŋuti o. Anye ne míakpɔ nu tututu o. Nenema ke enye amegbetɔ ƒe susu hã. Ŋutete wɔnuku le eŋu be wòatsɔ nuwo asɔ kple wo nɔewo, abu nu ŋu, eye wòakpɔ nya sesẽwo gbɔ. Ke hã nu bubu aɖe hiã hafi woate ŋu ase nya ɣaɣla kɔkɔewo me. Togbɔ be amewo agblɔ be yewonya adzo siwo le Biblia me ƒe gɔmeɖeɖe hã la, Yehowa, kekeli ƒe Mawu, Amesi to adzo siawo koe ate ŋu aɖe nusi wofia la gɔme.—Yohanes I, 1:5.
Nublanuitɔe la, amewo doa wo ɖokui ɖe dzi akpa zi geɖe eye womedina be yewoakpɔ Yehowa sinu be wòana ŋuɖoɖoa yewo o. Esi nya ɣaɣla la me sese do viviti ta la, ame aɖewo li siwo dia emeɖeɖe tsoa Mawu ƒe Nya la godo le agbalẽnyalawo gbɔ, ne menye nyateƒe lae o hã. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔwo ƒe vivimenunyalawo kple eƒe Kalaba la tsɔ akunyawɔwɔ nɔ nusi Hebrixexlẽdzesiwo kple ŋɔŋlɔdzesiwo fia la ŋu bumee. Le go bubu me la, ƒe alafa evelia me Sidzedzehametɔwo wɔ Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ be yewoatsɔ aɖe nya ɣaɣlawo gɔmee.
Gake ɖeko tsaglalãtsatsa siawo katã kplɔ wo de trɔ̃subɔsubɔ kɔnuwo alo aʋatsodzixɔse me eye wòhe wo ɖa tso Mawu ƒe nyateƒea gbɔ. Sidzedzehametɔawo gblɔ be ‘Ne vɔ̃ɖinyenye yɔ xexeame fũ la, ekema Yahweh, Amesi wɔ xexeame la mate ŋu anye Mawu nyui o.’ Nyataƒoƒo siae nye nyuitɔ kekeake wokpɔa? Aleke gbegbe amegbetɔ mebua tame yia ŋgɔ o enye si! Mewɔ nuku o be apostolo Paulo xlɔ̃ nu tsi tre ɖe xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusu siwo Sidzedzeha ƒe kɔmamawo ɖo anyi emegbe la ŋu vevie le eƒe agbalẽ me be: ‘Migasusu wu nusi woŋlɔ ɖi la o’!—Korintotɔwo I, 4:6.
Nukoklo le “Nya Ɣaɣlawo” Dzi
Gake nukatae wòle be kekeli ƒe Mawu la nagblɔ ‘nya siwo ƒe gɔmesese sesẽna’ ya? Alesi adzo le naa ame bua tame yia ŋgɔ. Eyatae wowui ɖe Ŋɔŋlɔawo me abe alesi woɖoa atsyɔ̃ na nuɖuɖu xɔasi aɖee ene la, wozãa wo ɣeaɖewoɣi be woanyɔ nyaselawo ƒe ɖetsɔleme alo ana gbedasia me nakɔ nyuie wu. Zi geɖe le go siawo me la, gɔmeɖeɖeawo kplɔa wo ɖo enumake.—Xezekiel 17:1-18; Mateo 18:23-35.
Yehowa naa nunya amewo faa gake menye yakayaka o. (Yakobo 1:5-8) Bu Lododowo ƒe agbalẽ si me abebubu gbogbo aɖewo siwo tso gbɔgbɔ me le siwo ame aɖewo buna be wonye adzototo la ŋu kpɔ. Wo gɔmesese xɔa ɣeyiɣi eye wòbia ŋugbledede. Gake ame nenie alɔ̃ faa be yewoatee akpɔ? Amesiwo le klalo be yewoaku wo me la koe ake ɖe nunya si le wo me la ŋu.—Lododowo 2:1-5.
Nenema ke Yesu hã zã kpɔɖeŋuwo ale be dzi ƒe nɔnɔme si le eƒe nyaselawo si la dze. Amehawo ƒo ƒu ɖe eŋu. Eƒe ŋutinyawo sese dzɔ dzi na wo. Wolɔ̃ eƒe nukunuwo. Gake wo dometɔ nenie lɔ̃ faa be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ ahadze eyome? Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo di ɣesiaɣi be yewoase Yesu ƒe nufiafiawo gɔme eye wolɔ̃ faa gbe nu le wo ɖokui gbɔ hedze eyome la to vovo tso wo gbɔe nye si!—Mateo 13:10-23, 34, 35; 16:24; Yohanes 16:25, 29.
Kekelia Sinu Kpɔkpɔ
Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ewɔ abe ne agbalẽnyalawo le numekuku aɖe wɔm wòbia nya aɖe gɔmesese hafi wova tsɔa ɖe le adzototowo me ene.” Egbea la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye na mí be míele ɣeyiɣi si me ‘gbɔgbɔmekekeli do’ na Mawu ƒe amewo me. (Psalmo 97:11; Daniel 12:4, 9) Ðe míakpɔ Yehowa sinu le dzigbɔɖi me be wòaɖe eƒe tameɖoɖowo afia le eƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzia? Vevitɔ wu la, ne míeva nya alesi wòle be míawɔ nui be wòasɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wòɖe fia wu la, ɖe míewɔa asitɔtrɔ le míaƒe agbenɔnɔ ŋu enumakea? (Psalmo 1:1-3; Yakobo 1:22-25) Ne míewɔnɛ la, Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi, ale be gbɔgbɔ kɔkɔea nana Mawu ƒe tameɖoɖo nyuiwo me nakɔ le míaƒe susu me nyuie abe alesi gaŋkui naa ŋku si dzi wɔ flukpee te ŋu kpɔa nui ene eye wòana míaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo dzi nadza ɖe edzi.—Korintotɔwo I, 2:7, 9, 10.
Nyateƒee, adzo siwo le Ŋɔŋlɔawo me ɖee fia be Yehowae nye “amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.” (Daniel 2:28, 29) Gawu la, eyae dzroa dziwo hã me kpɔna. (Kronika I, 28:9) Megawɔ nuku na mí be tso ɣeaɖeɣi ke la, ɖe Mawu ƒe nyateƒe ƒe kekelia klẽna ʋɛʋɛʋɛ o. (Lododowo 4:18; Romatɔwo 16:25, 26) Le esi teƒe be míadi be míase Mawu ƒe nu goglowo me to vivimenunya alo amegbetɔ ƒe nunya gbɔlo si akplɔ mí ade gbegblẽ ko me la, mina míatsɔ dzideƒo akpɔ mɔ na Yehowa Mawu be wòana nyateƒe ƒe kekelia naklẽ ɖe eƒe “nyagbɔgblɔ dovivitiwo” dzi bena subɔla nuteƒewɔlawo nanya eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo le eƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi.—Amos 3:7; Mateo 24:25-27.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]
Biblia Hebraica Stuttgartensia, Deutsche Bibelgesellschaft Stuttgart