Ame Xɔŋkɔ Siwo Ŋlɔ Nu Tso Kristotɔnyenye Ŋu Le Apostoloawo Megbe Ðe Woƒe Nuŋlɔɖiwo Wɔ Ðeka Kple Apostoloawo Ƒe Nufiafiawo Vavã? T
SO ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la, alakpanufiafiawo te ɖiƒoƒo Kristotɔnyenye ŋuti nyateƒea ƒe tsi nyuiawo. Abe ale si ko nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me la gblɔe ɖi do ŋgɔ ene la, esi apostoloawo nya ku ko la, ame aɖewo trɔ ɖa le nyateƒea yome hetrɔ ɖe “gliwo” ŋu. (2 Timoteo 4:3, 4) Le ƒe 98 M.Ŋ. me lɔƒo la, Yohanes, si nye apostolo mamlɛtɔ si nɔ agbe ɣemaɣi la, xlɔ̃ nu tso alakpanufiafia mawo kple ame siwo nɔ “didim be yewoakplɔ [Kristotɔ wɔnuteƒewo] atrae” la ŋu.—1 Yohanes 2:26; 4:1, 6.
Eteƒe medidi o, ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la hã va do. Akpa kae wowɔ le mawusubɔsubɔ ŋuti alakpanufiafiawo kaka me? Ðe wowɔ ɖe apostolo Yohanes ƒe nuxlɔ̃amenya siwo tso gbɔgbɔ me la dzia?
Ame Kawoe Wonye?
Ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la nye ame siwo anyanya Yesu ƒe apostoloawo dometɔ aɖe, alo be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo siwo srɔ̃ nu tso apostoloawo gbɔ la fia nu wo. Ame siawo nɔ anyi tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe nuwuwu va se ɖe ƒe alafa evelia ƒe domedome lɔƒo.a Wo dometɔ aɖewoe nye Clement si tso Roma, Ignatius si tso Antioxia, Papias si tso Hierapoli, kple Polycarp si tso Smirna. Nuŋlɔla bubu aɖewo hã nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo ke me, siwo ŋkɔ womeyɔ o, eye woŋlɔ agbalẽ siwo nye, The Didache, Epistle of Barnabas, Martyrdom of Polycarp, kple Clement ƒe agbalẽ evelia.
Egbea la, mele bɔbɔe be míagblɔ ale si ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la ƒe nufiafiawo de sɔsɔ ge kple Yesu tɔwoe o. Taɖodzinu si nɔ ame siawo sie nye be yewoakpɔ Kristotɔnyenye ƒomevi aɖe ya teti ta, alo adoe ɖe ŋgɔ. Wofia nu tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu. Wolɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Mawu ƒe Vi la eye be wofɔe ɖe tsitre. Ke hã, womete ŋu xe mɔ ɖe xɔsegbegbe si nɔ ta kekem la nu o. Ke boŋ ɖe wo dometɔ aɖewo wɔ akpa aɖe le eƒe takeke ŋu.
Asitɔtrɔ Maɖedzesi Aɖewo Koea?
Yeaɖi Kristotɔ siwo do mo ɖa gbã le apostoloawo ƒe ku megbe la ƒe nufiafia aɖewo tra ɖa tso Kristo kple eƒe apostoloawo tɔwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, to vovo na ale si Yesu ɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua, si wogayɔna be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa, anyi la, agbalẽ si nye The Didache ŋlɔla ɖoe be woatsɔ wain la atsa do ŋgɔ na aboloa. (Mateo 26:26, 27) Agbalẽ sia ŋlɔla kee gblɔ be ne womekpɔ tsi sɔgbɔ si me woate ŋu anyrɔ ame ɖo o la, tsidede ta na amea ɖeɖe sɔ gbɔ. (Marko 1:9, 10; Dɔwɔwɔwo 8:36, 38) Agbalẽ ma ke de dzi ƒo be ele be Kristotɔwo nanɔ nutsitsidɔ wɔm zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa, eye be woanɔ Mía Tɔ Si Le Dziƒo dom ɖa zi etɔ̃ gbe ɖeka.—Mateo 6:5-13; Luka 18:12.
Le Ignatius ya gome la, efia nu be ele be woato ɖoɖo yeye aɖe vɛ le Kristo hamea me, si me bisiɔp ɖeka ko axɔ ŋgɔ “anɔ Mawu teƒe le.” Bisiɔp sia akpɔ ŋusẽ ɖe nunɔla bubuawo katã dzi. Nukpɔsusu yeye sia gaʋu mɔ na nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ƒe takeke.—Mateo 23:8, 9.
Amiɖeɖeɖenya, Xɔsetaku, Kple Trɔ̃subɔsubɔ
Amiɖeɖeɖenya kplɔ ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la dometɔ aɖewo trae. Nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ Papias wum vevie, eye wòsrɔ̃ nu tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, exɔe se be le Kristo Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si ŋu nya wogblɔ ɖi me la, wainti ɖe sia ɖe adze alɔ 10,000, alɔdze ɖe sia ɖe adze atilɔe 10,000, atilɔe ɖe sia ɖe adze atilɔe fẽ 10,000, atilɔe fẽ ɖe sia ɖe adze waintsetsekpo 10,000, waintsetsekpo ɖe sia ɖe atse waintsetse 10,000, eye be woate ŋu akpɔ wain lita 1,000 atso waintsetse ɖe sia ɖe me.
Polycarp lɔ̃ faa be yeaku xɔsetaku tsɔ wu be yeagbe nu le yeƒe Kristotɔnyenye dzixɔsewo gbɔ. Woka nya ta be apostoloawo ŋutɔ kple ame bubu siwo nya Yesu lae fia nui. Eyɔa nya tso Biblia me, eye edze ƒãa be edze agbagba be yeanɔ agbe ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu.
Gake bubu si gbegbe amewo de Polycarp ŋu la va zu abe trɔ̃subɔsubɔ ene. Agbalẽ si nye Martyrdom of Polycarp gblɔ be le eƒe ku megbe la, eyomedzelawo di vevie be yewoaxɔ eƒe kukua. Wobu eƒe ƒu be “exɔ asi wu kpe xɔasiwo eye wòdza wu sika.” Edze ƒãa be, nufiafia dadawo ƒe tsi gbegblẽawo le ta kekem.
Ŋɔŋlɔ Siwo Ŋu Kakaɖedzi Mele O
Ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la dometɔ aɖewo xɔ ŋɔŋlɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o la de eme be wotso gbɔgbɔ me. Wo dometɔ ɖeka si nye Clement si tso Roma la yɔ Wisdom kple Judith siwo nye ŋɔŋlɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o la le eƒe nuŋɔŋlɔ aɖe me. The Epistle of Polycarp ŋlɔla yɔ nya tso agbalẽ si nye Tobit me tsɔ ɖo kpe edzi be dɔmenyonunala ate ŋu axɔ eƒe agbe tso ku me.
Le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la, wokaka Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti nufiafia totrowo, eye nuŋlɔla xɔŋkɔ siawo da asi ɖe edzi heyɔa nya tso wo me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Ignatius yɔ nya tso agbalẽ si nye Gospel of the Hebrews, si wo be etso gbɔgbɔ me la me. Agbalẽ aɖe gblɔ tso Clement si tso Roma hã ŋu be: “Edze abe ŋɔŋlɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o dzie Clement to nya nu tso Kristo ŋu ene, ke menye to Nya Nyui Gbalẽawo dzi o.”
Aʋatsonufiafiawo Ƒe Takeke
To gli, nya kpakpawo, kple xexemenunya zazã le Kristotɔnyenye ŋuti nufiafiawo gɔme ɖeɖe me dzi la, nuŋlɔla xɔŋgɔ siawo ƒlɔ dzo ɖe alakpanufiafiawo dodo ɖe ŋgɔ te. Le kpɔɖeŋu me, Clement zã nyakpakpa aɖe si ku ɖe xevi si nye phoenix ŋu la tsɔ ɖo kpe tsitretsitsia ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzi. Le Egiptetɔwo ƒe xotutuwo me la, wotsɔa xevi sia si ŋu wotu xo le be eya ŋutɔ fiana keŋkeŋ hegafɔna tso eƒe afi me la, doa ƒome kple ɣesubɔsubɔ.
Nuŋlɔla bubu si hã ɖi gbɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeae nye ame si ŋlɔ agbalẽ si nye Epistle of Barnabas. Eɖe Mose ƒe Sea me abe glitoto me nufiame dzro aɖe koe wònye ene. Le eƒe nya nu la, lã kɔkɔewo—esiwo dzɔa nu gaɖuna kple esiwo ƒe afɔkli me fe—le tsitre ɖi na ame siwo dea ŋugble tso Mawu ƒe Nya ŋu, alo gbugbɔ ɖunɛ. Agbalẽa ŋlɔla gblɔ be, woƒe afɔkli me ƒe fefe nye kpɔɖeŋu si fia be ame dzɔdzɔe la “le agbe le xexe sia me” eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ele mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le dziƒo. Numeɖeɖe mawo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o.—3 Mose 11:1-3.
Apostolo Yohanes Ƒe Ðaseɖiɖi
Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu le ƒe alafa gbãtɔa me be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ nya sia nya si tso gbɔgbɔ me la dzi se o, ke boŋ mido nya siwo tso gbɔgbɔ me la kpɔ, be Mawu gbɔe wotso hã, elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo do go yi xexea me.” (1 Yohanes 4:1) Aleke gbegbe nya siawo sɔe nye esi!
Kaka ƒe alafa gbãtɔa nayi enu wu ge la, ame aɖewo siwo yɔ wo ɖokuiwo be Kristotɔwo la gbe nu le Yesu kple eƒe apostoloawo ƒe nufiafiawo gbɔ xoxo. Ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la mete ŋu lé xɔsegbegbe si do mo ɖa la nu o, ke boŋ ɖe wona wògakeke ta ɖe edzi. Wotsɔ tsi gbegblẽwo tsaka nyateƒea ƒe tsi nyui la. Apostolo Yohanes gblɔ tso ame mawo ŋu be: “Ame sia ame si ʋlina be yeayi ŋgɔ, gake menɔa Kristo la ƒe nufiafia la me o la, Mawu mele esi o.” (2 Yohanes 9) Le ame siwo katã le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea dim anukwaretɔe ya gome la, nuxlɔ̃amenya sia si tso gbɔgbɔ me la nye—eye wòagakpɔtɔ anye—tsi nyui si me dza abe kristalo ene.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nuŋlɔla, mawuwo ŋuti nusrɔ̃la, kple xexemenunyala siwo woyɔna be Sɔlemeha Fofowo ya nɔ agbe le ƒe alafa evelia kple atɔ̃lia M.Ŋ. dome.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
Ame xɔŋkɔ siwo ŋlɔ nu tso Kristotɔnyenye ŋu le apostoloawo megbe la dometɔ aɖewo, abe Clement ene, zã gliwo, nyakpakpawo, kple xexemenunya le woƒe nuŋlɔɖiwo me
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Polycarp lɔ̃ faa be yeaku xɔsetaku
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
The Granger Collection, New York