Nu Si Ŋutegawo Ðe Fia Le Gbɔgbɔmenutowo Ŋu
NE ÈWU mo dzi kpɔ dziƒo ʋuu keke hã la, màkpɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖeke o. Ne èƒu wò to anyi hã, màse wo dometɔ aɖeke ŋkɔ o. Ke hã, ɖewohĩ èka ɖe edzi be gbɔgbɔwo li. Woƒe nunya de ŋgɔ, wotri akɔ, ŋkɔ le wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye woƒe nɔnɔmewo le vovovo. Wo dometɔ aɖewo wɔa nyui na mí; eye bubuwo hã dina be yewoawɔ nuvevi mí. Wo katã woƒe ŋkuwo le mía ŋu.
Gbɔgbɔe Mawu vavã la ŋutɔ hã nye. (Yohanes 4:24) Ŋkɔ tɔxɛ le esi, eye ŋkɔ sia na wòɖe ɖe vovo tso alakpamawu gbogbo siwo li la gbɔ. Eŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Hakpalaa dzi ha be: “Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo katã ta. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo. Gãnyenye kple ŋutikɔkɔe le eŋku me, ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la.”—Psalmo 96:4-6.
Mawu Vavã La Ŋuti Ŋutegawo
Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yohanes 1:18) Abe ale si ko ame si wodzi ŋkunɔ mate ŋu ase nu si amadede nye o gɔme ene la, nenema kee Mawu ƒe dzedzeme kple atsyɔ̃ gɔme manya se na mí o. Gake abe ale si ko nufiala nyui ate ŋu azã nu siwo eƒe sukuviwo nya nyuie la atsɔ aɖe nane si gɔme sese sesẽ me na wo ene la, nenema kee Mawu hã to eƒe Nya Biblia dzi zã nu siwo míate ŋu akpɔ la tsɔ ɖe nu siwo míate ŋu akpɔ o la me na mí. Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi na esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la kpɔ ŋutega siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si dziƒonutowo me le la le susu me, eye be míase ƒomedodo si le mía kple ame siwo le afi ma dome la gɔme.
Le kpɔɖeŋu me, le ŋutega aɖe si woɖe fia nyagblɔɖila Ezekiel me la, wotsɔ dzo, keklẽ, safir-kpe, kple anyieʋɔ ɖɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe. Le ŋutega bubu me la, apostolo Yohanes kpɔ Yehowa Mawu wònɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye wògblɔ be eƒe “nɔnɔme le abe yaspis kpe kple kpe xɔasi dzĩ aɖe ene,” eye wògagblɔ kpee be “anyieʋɔ aɖe si ƒe nɔnɔme le abe emerald kpe ene la ƒo xlã fiazikpui la.” Ale si woɖɔ Yehowa le mɔ siawo nu la na míekpɔe be eƒe dzedzeme tɔgbi aɖeke megali o, eƒe atsyɔ̃, nyonyo, kple anidzedze teƒe mekɔ o.—Nyaɖeɖefia 4:2, 3; Ezekiel 1:26-28.
Nyagblɔɖila Daniel hã kpɔ Yehowa le ŋutega me “[mawudɔla] akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe [Egbɔ].” (Daniel 7:10) Ðe nu sia teƒe kpɔkpɔ mawɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ oa? Be woakpɔ mawudɔla ɖeka ko le ŋutega me gɔ̃ hã awɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ, ʋuu keke wòahanye be woakpɔ mawudɔla deblibo akpe teƒe akpewo!
Woƒo nu tso mawudɔlawo ŋu wòde zi 400 kloe le Biblia me, eye ɖoƒewo le wo si keŋ, ɖewo nye kerubiwo, eye bubuwo hã nye serafiwo. Le Helagbe kple Hebrigbea siaa me la, nya si gɔme woɖe be “mawudɔla” le Biblia me la fia “dɔla.” Eya ta mawudɔlawo ƒoa nu kple wo nɔewo, eye woƒo nu kple amegbetɔwo hã le blemaɣeyiɣiwo me. Menye amegbetɔ siwo nɔ agbe le anyigba dzi kpɔe mawudɔlawo nye o. Yehowa wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔwo.—Hiob 38:4-7.
Le ŋutega si Daniel kpɔ me la, mawudɔla akpeakpeawo va kpe ta be yewoakpɔ wɔna vevi aɖe teƒe. Eyome Daniel kpɔ ‘ame aɖe si le abe amegbetɔvi ene’ te ɖe Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu bene woatsɔ ‘bubu kple dziɖuɖu anae, ne dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nasubɔe.’ (Daniel 7:13, 14) ‘Amegbetɔvi’ sia, si wɔa akpa vevi aɖe ŋutɔ le gbɔgbɔmenutowo me lae nye Yesu Kristo, si wofɔ ɖe tsitre, ame si wona ŋusẽe be wòaɖu anyigba bliboa dzi. Eteƒe madidi o, eƒe dziɖuɖu ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe, eye wòaɖe dɔléle, blanuiléle, ameteteɖeanyi, hiãkame, kple ku gɔ̃ hã ɖa tegbee.—Daniel 2:44.
Ðikeke mele eme o be esi woɖo Yesu zi dzi la, mawudɔla wɔnuteƒe akpeakpeawo, siwo tsɔ ɖe le eme na amegbetɔƒomea la, kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Gake nublanuitɔe la, menye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo katãe se le wo ɖokui me nenema o.
Wonye Mawu Kple Amegbetɔwo Siaa Ƒe Futɔwo
Tso keke esime wowɔ amegbetɔwo ke la, mawudɔlawo dometɔ ɖeka, si di vevie be woasubɔ ye la dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wòwɔ eɖokui Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” Satana, si nye ame vɔ̃ɖitɔ kekeake la, tsi tsitre ɖe Yehowa, amelɔ̃la gãtɔ kekeake la, ŋu vevie. Mawudɔla bubuwo wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Biblia yɔ wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo. Abe Satana ke ene la, gbɔgbɔ vɔ̃awo hã wɔ wo ɖokuiwo amegbetɔwo ƒe futɔ vɔ̃ɖiwo. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawoe le megbe na nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, dɔléle, hiãkame, aʋawɔwɔ, kple fu siwo katã kpem amegbetɔƒomea le la.
Togbɔ be subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ geɖe megalɔ̃a nuƒoƒo tso Satana ŋu abe tsã ene o hã la, Biblia gbalẽ si nye Hiob gblɔ ame si ƒomevi mawudɔla dzeaglã sia nye kple susu vɔ̃ siwo le esi la ŋu nya na mí. Egblɔ be: “Eye wòva me gbe ɖeka be, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va.” Le dzeɖoɖo si kplɔe ɖo me la, Satana tso Hiob nu le Mawu ŋkume amemabumabutɔe be esi Mawu yra Hiob ta koe wòsubɔnɛ ɖo. Esi Satana di be yeaɖo kpe yeƒe amenutsonyawo dzi ta la, ehe fuwɔame geɖe va Hiob dzi, ena eƒe lãhawo tsrɔ̃, eye wòwu via ewoawo katã. Ema yome la, ena ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒo Hiob ŋuti katã. Nu siwo katã Satana he va Hiob dzi la mete ŋu ɖo kpe eƒe nyaa dzi o.—Hiob 1:6-19; 2:7.
Susu nyui aɖewo tae Yehowa ɖe mɔ Satana li ɣeyiɣi didi sia gbegbe ɖo, gake manɔ alea tegbee o. Eteƒe madidi o, woabu mo na Abosam. Woɖe afɔ gbãtɔ siwo hiã be woaɖe Satana ɖa la vɔ xoxo, eye woƒo nu tso eŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, afi si woɖe nuwo me nyuie le ku ɖe nu vevi bubu aɖe si dzɔ le gbɔgbɔmenutowo me si ŋu nya anye ne míanya naneke le hafi o. Wogblɔ le afi ma be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael [Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre] kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la [si nye Satana], eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, gake meɖu dzi o, eye womegakpɔ teƒe aɖeke hã na wo le dziƒo o. Eya ta wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9.
De dzesii be wogblɔ le Satana ŋu be ele “anyigba dzi nɔlawo katã blem.” Eto subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo dzi le amewo blem be woatrɔ ɖa le Yehowa kple eƒe Nya la yome. Alakpanya si wòzãna la dometɔ ɖekae nye be ame sia ame si ku la yina ɖe gbɔgbɔmenutowo me. Eye subɔsubɔhawo doa dzixɔse sia ɖe ŋgɔ le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika kple Asia la, woxɔe se be ne ame ku la, eyina ɖanɔa gbɔgbɔmenuto si me tɔgbui kukuwo le la me. Wotu ŋutiklɔdzo kple dzomavɔ ƒe nufiafia la hã ɖe dzixɔse si nye be amewo yia edzi nɔa agbe le ku megbe la dzi.
Ne Ame Ku La, Ðe Wòyia Dziƒoa?
Ke ɖe nufiafia si ame miliɔn geɖe xɔ se le xexea me godoo, si nye be ame nyuiwo katã yia dziƒo la, nye nyateƒea? Enye nyateƒe be ame nyui aɖewo ayi afi ma ya, gake woƒe xexlẽme le sue ne wotsɔ wo sɔ kple ame biliɔn geɖe siwo ku la. Biblia na míenya be ‘woaƒle’ ame 144,000 “tso anyigba dzi,” woanye “nunɔlawo,” eye “woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3) Ame siawo kple Yesu Kristo, si nye Amegbetɔvi la woe anye dziƒodziɖuɖu, si nye Mawu Fiaɖuƒe la. Dziɖuɖu ma atsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye wòana anyigba natrɔ azu paradiso. Mɔkpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ akpa gãtɔ si be woava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.—Luka 23:43.
Eya ta míaƒo nya bliboa ta ale: Ame akpeakpewo le gbɔgbɔmenutowo me. Yehowa Mawu, ame si nye nu gbagbewo katã Wɔla lae, ƒo wo katã ta. Mawudɔla wɔnuteƒe akpe teƒe akpewo le esubɔm. Mawudɔla bubuwo, siwo Satana xɔ ŋgɔ na la, dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wole dɔ dzi le amegbetɔwo blem. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “woƒle” alo tia ame ʋɛ aɖewo tso anyigba dzi hena dɔ tɔxɛ aɖewo wɔwɔ le dziƒo. Esi nya siawo le susu me na mí la, azɔ na míadzro nu me ku ɖe ame si míate ŋu ado ka kple le gbɔgbɔmenutowo me, kple mɔ si dzi wòle be míato awɔ esia la ŋu.