INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/1 axa 4-6
  • Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Amewo Xɔ Se Be Aɖe Ahedada Ða
  • Kpekpeɖeŋunana Ƒe Ðoɖo Tɔxɛa —Ate Ŋu Atsi Ahedada Nua?
  • Nu Si Ta Kpekpeɖeŋunaɖoɖowo Medze Edzi O
  • Nu Si Gbɔ Ahedada Tso
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ahedada ƒe Nuwuwu Gogo
    Nyɔ!—1998
  • Madidi O, Ame Aɖeke Magada Ahe O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/1 axa 4-6

Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða

KESINƆTƆWO ɖe ahedada ɖa na wo ɖokui. Gake agbagba siwo dzem amewo le be yewoaɖe ameƒomea ƒe ahedada ɖa ya medzea edzi gbeɖe o. Nu ka tae? Elabena kesinɔtɔwo medina be ame aɖeke alo naneke nagblẽ mɔnukpɔkpɔ si su yewo si la me na yewo o. Blema Israel Fia Salomo gblɔ bena: ‘Kpɔ ɖa, ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; ame siwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu.’—Nyagblɔla 4:1.

Ðe ame ŋkutawo kple ŋusẽtɔwo ate ŋu aɖe ahedada ɖa le xexea mea? Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye. Womate ŋu adzɔ nu gɔglɔ̃ o.” (Nyagblɔla 1:14, 15) Ŋkuléle ɖe agbagba siwo dzem wole egbea be woaɖe ahedada ɖa la na nya sia me kɔ nyuie.

Nu Siwo Amewo Xɔ Se Be Aɖe Ahedada Ða

Le ƒe alafa 19 lia me, esime dukɔ ʋɛ aɖewo to asitsatsa kple adzɔnuwo wɔwɔ dzi li kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle la, ame ŋkuta aɖewo ya ƒe ŋku biã ɖe ahedada ƒe nyaa gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ðe woate ŋu ama xexea me ƒe kesinɔnuwo wòade ame sia ame nua?

Ame aɖewo susui be sosialist alo kɔmiunist dziɖuɖuwo ate ŋu ana be xexea me ƒe kesinɔnuwo nade ame sia ame nu, eye womabu ame aɖeke be ekɔ wu nɔvia o. Ele eme baa be susu sia te ɖe kesinɔtɔwo dzi vevie ya. Ke hã, ame gbogbo aɖewo da asi ɖe nyagbɔgblɔ nyanyɛ si nye “Ame sia ame nawɔ eƒe ŋutete, ke woama nuwo ɖe ame sia ame ƒe hiahiã nu” la dzi. Ame geɖe nɔ mɔ kpɔm be dukɔwo katã alɔ̃ azɔ ɖe sosialist ƒe ɖoɖowo dzi ale be xexea me katã nava zu teƒe deblibo si me míanɔ. Dukɔ siwo si kesinɔnuwo le la dometɔ ʋɛ aɖewo da asi ɖe sosialist ƒe ɖoɖoa ƒe akpa aɖewo dzi, eye woɖo dedienɔnɔ ƒe nuɖoanyiwo anyi be woakpɔ egbɔ be nu nyo na dukɔmevi ɖe sia ɖe tso “eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.” Woƒu asi akɔ be yewoɖe ahedada si naa ame ƒe agbe ɖoa afɔku me la ɖa.

Ke hã, sosialist ƒe ɖoɖowo mete ŋu na woɖo taɖodzinu si nye be amewo katã nanye ɖokuitɔmadilawo la gbɔ o. Taɖodzinu si nye be dumeviwo nawɔ dɔ be wòaɖe vi na ame sia ame, ke menye na woawo ŋutɔwo ko o la, meva eme o. Ame aɖewo meda asi ɖe ɖoɖo si nye be woakpe ɖe ame dahewo ŋu la dzi o le esi wode dzesii be dɔmenyonunana ƒe ɖoɖoa na wo dometɔ aɖewo megadi be yewoawɔ dɔ o ta. Biblia ƒe nyawo va eme be: ‘Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o. Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.’—Nyagblɔla 7:20, 29.

Nu bubu si wonɔ mɔ kpɔm na be akpɔ kuxia gbɔe nye nu si woyɔ be the American Dream, si nye mɔkpɔkpɔ na teƒe aɖe si nu dzea edzi na ame sia ame si di be yeawɔ dɔ sesĩe le. Le xexea me godoo la, dukɔwo va da asi ɖe ɖoɖo siwo wosusu be woawoe na nu dze edzi na United States la dzi, abe demokrasi, mɔɖeɖe ɖe ɖokuisidɔwo nu, kple dukɔwo dome asitsatsa ene. Gake menye dukɔwo katãe ɖoɖo ma ɖe vi na o, elabena menye dunyahenuɖoanyi ƒe ɖoɖowo ɖeɖe ko gbɔe wòtso be kesinɔnuwo su Dziehe Amerikatɔwo si o. Ale si dzɔdzɔmenuwo do agbogbo ɖe woƒe dukɔa me kpakple ale si wotea ŋu kpɔa gome le dukɔwo dome asitsatsa me bɔbɔe hã wɔ akpa vevi aɖe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hoʋiʋli si le xexea me ƒe asitsanuɖoanyia me la na nu dze edzi na dukɔ aɖewo, gake ena bubuwo ya le fu kpem. Ðe woate ŋu ade dzi ƒo na dukɔ siwo nu dze edzi na la be woado alɔ esiwo gakpɔtɔ da ahe la?

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Ðoɖo Tɔxɛa —Ate Ŋu Atsi Ahedada Nua?

Kaka Xexemeʋa II nake la, nu gblẽ le Europa dukɔwo ŋu vevie, eye dukɔmevi geɖe nɔ vɔvɔ̃m be dɔ ato. United States dziɖuɖua tsi dzi ɖe ale si sosialist ɖoɖowo nɔ ta kekem le Europa la ŋu. Eya ta le ƒe ene me la, wona ga gbogbo dukɔ siwo ada asi ɖe yewoƒe ɖoɖowo dzi la be woatsɔ ado alɔ woƒe adzɔhawo kple agbledelawo bene woagaɖo te nu ake. Amewo bu Kpekpeɖeŋu Nana Europa Dukɔwo Ƒe Ðoɖo, si wogayɔna be Marshall Plan, la be ekpɔ dzidzedze. United States dziɖuɖua do alɔ Ɣetoɖoƒe Europa dukɔ geɖe, si wɔe be ahedada kolikoli dzi ɖe kpɔtɔ kura. Ðe woate ŋu ato mɔ sia ke dzi aɖe ahedada ɖa le xexea mea?

Esi kpekpeɖeŋunaɖoɖo ma dze edzi ta la, United States dziɖuɖua do alɔ dukɔ dahewo le xexea me godoo hena kpekpeɖeŋu wo le agbledede, lãmesẽnyawo, sukudede, kple mɔzɔnyawo me. Woʋua eme faa be yewo ŋutɔ yewoƒe viɖekpɔkpɔ tae yewodoa alɔ dukɔwo ɖo. Dukɔ bubuwo hã dze agbagba be yewoana dukɔ geɖe wu nava nɔ yewoƒe ŋusẽ te. Ƒe blaade megbe la, wokpɔe be ga si yewotsɔ do alɔ dukɔ dahewo la sɔ gbɔ wu esi yewotsɔ do alɔ Europa dukɔwo la zi gbɔ zi geɖe, evɔ woƒe tameɖoɖoa meva eme o. Ele eme be nu dze edzi na dukɔ siwo da ahe tsã, vevietɔ esiwo le Ɣetoɖoƒe Asia, la dometɔ aɖewo ŋutɔ ya. Ke hã, togbɔ be kpekpeɖeŋunana mawo wɔe be ɖeviwo megakuna abe tsã ene o, eye wo dometɔ geɖe le suku dem hã la, dukɔ geɖe gada ahe vevie kokoko.

Nu Si Ta Kpekpeɖeŋunaɖoɖowo Medze Edzi O

Edze kɔtɛ be kpekpeɖeŋu nana dukɔ dahewo sesẽ wu alɔdodo dukɔ deŋgɔwo be woaɖɔ nu si aʋawɔwɔ gblẽ le wo ŋu la ɖo. Europa dukɔwo wɔ ŋgɔyiyi le adzɔhawo ɖoɖo, asitsatsa, kple mɔzɔnyawo me xoxo. Eya ta nu si hiã koe nye be woatrɔ asi le woƒe ganyawo ŋu. Gake le dukɔ dahewo me la, ne dukɔ bubuwo do mɔwo na wo hetu sukuwo kple kɔdziwo gɔ̃ hã la, amewo gadaa ahe vevie kokoko le esi dɔ meli woawɔ o, kesinɔnuwo mele dukɔa si o, eye asitsamɔwo hã metsɔ ɖe wo gbɔ o ta.

Nu siwo hea ahedada vanɛ kple nu siwo ahedada gblẽna ɖɔɖɔ ɖo sesẽ. Le kpɔɖeŋu me, dɔléle hea ahedada vae, eye ahedada hã hea dɔléle vanɛ. Nu tea ŋu gblẽna le ɖevi siwo mekpɔ nu nyui ɖu o la ƒe ŋutilã kple susu ŋu ale gbegbe be ne wotsi la, wometea ŋu kpɔa wo viwo dzi o. Azɔ hã, ne dukɔ deŋgɔwo be yewole kpekpem ɖe dukɔ dahewo ŋu hetsɔ woƒe agblemenu siwo tsi edzi ɖo ɖe wo la, agbledela kple asitsala siwo le dukɔ dahewo me la ƒe dɔ gblẽna, si wɔnɛ be wogadaa ahe ɖe edzi. Ga ɖoɖo ɖe dukɔ dahewo hã tea ŋu gblẽa nu: Amewo tea ŋu fia ga la bɔbɔe, si wɔnɛ be nu fitifiti wɔwɔ nɔa anyi, eye nu fitifiti wɔwɔ hã tea ŋu nana ahedadaa nu gasẽna ɖe edzi. Nya lae nye be esi kpekpeɖeŋu nana dukɔwo metea ŋu ɖea nu si gbɔ ahedada tso ŋutɔŋutɔ ɖa o tae medzea edzi o ɖo.

Nu Si Gbɔ Ahedada Tso

Ne dukɔwo, dziɖuɖuwo, kple ame ɖekaɖekawo di wo ɖokui tɔ la, emetsonua nyea ahedada kolikoli. Le kpɔɖeŋu me, dukɔ deŋgɔwo metsia dzi ɖe ahedada ɖeɖe ɖa le xexea me ŋu o, elabena dukɔmeviwoe da akɔ na wo hafi wova zia dzi, eya ta ele be woadze wo ŋu. Le esia ta dukɔ deŋgɔwo meɖea mɔ be dukɔ dahewo ƒe agbledelawo nadzra woƒe nuwo le yewoƒe dukɔ me o, ale be dɔ nagagblẽ na agbledela siwo le dukɔ deŋgɔwo me o. Eye dukɔ deŋgɔwo ƒe dziɖuɖuwo naa kpekpeɖeŋu geɖe woƒe agbledelawo bene woƒe agblemenuwo ƒe asi naɖiɖi wu dukɔ dahewo ƒe agbledelawo tɔ.

Esi wònye be ame ɖekaɖekawo kple dziɖuɖuwo ƒe ɖokuitɔdidie wɔe be amewo da ahe ta la, eme kɔ ƒãa be amegbetɔwo gbɔe kuxia tso. Biblia ŋlɔla Salomo ƒo nyaa ta ale: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

Ke ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be ahedada nu nayia? Ðe dziɖuɖu aɖe ate ŋu ana amewo ƒe nɔnɔme natrɔa?

[Aɖaka si le axa 6]

Se Si Wode Be Wòakpɔ Ahedada Ƒe Kuxia Gbɔ

Yehowa Mawu na blema Israel dukɔa se siwo atsi ahedada nu ne wowɔ wo dzi. Le Sea nu la, ƒome sia ƒome axɔ anyigba negbe Lewi toa koe mele eme o. Esi wònye be womate ŋu adzra anyigbaa wòatsi eƒlela si ɖaa o ta la, egakpɔtɔ nyea ƒomea ƒe domenyinu. Le ƒe 50 megbe la, ele be woagbugbɔ anyigba ɖe sia ɖe ana anyigbatɔ alo ƒome si tɔ wònye. (3 Mose 25:10, 23) Ne dɔléle, afɔku alo kuvia tae ame aɖe dzra eƒe anyigba la, ele be woagbugbɔe nɛ le ƒe 50 lia me, eye woatsɔ fe si wònyi la akee. Eya ta madzɔ gbeɖe be ƒome aɖe ƒe dzidzimewo katã nada ahe o.

Mawu wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe le eƒe Sea me be ame si hiã tu la ate ŋu atsɔ eɖokui adzra azu kluvi. Woatsɔ ho si wòle eɖokui dzram la anae do ŋgɔ bene wòatsɔ axe fe si wònyi la. Ne mete ŋu kpɔ ga xe fe si wònyi bene wòagbugbɔ eɖokui aƒle tso kluvinyenye me hafi ƒe adrelia ɖo o la, woana ablɔɖee, eye woatsɔ nukuwo kple lãwo anae bene wòagatsɔ adze agbe gɔmee. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne ame dahe do ga le nɔvia Israel vi si la, Sea meɖe mɔ be woaxɔ deme le esi o. Azɔ hã, Sea meɖe mɔ na amewo be woaxa nukuwo le agble me va se ɖe boto ke o, ale be ame dahewo nate ŋu afɔ esiwo susɔ ɖe agblea me. Eya ta mahiã be Israel vi aɖeke nabia nu hafi aɖu o.—5 Mose 15:1-14; 3 Mose 23:22.

Ke hã, ŋutinya ɖee fia be Israel vi aɖewo da ahe kolikoli. Nu ka gbɔe wòtso? Israel viwo mewɔ Yehowa ƒe Sea dzi o. Eya ta abe ale si wònɔ le dukɔ bubu geɖewo me ene la, ame aɖewo va zu kesinɔtɔ siwo si anyigba le, ke anyigba menɔ ame bubuwo ya si o, eye woda ahe. Nu si ta Israel vi aɖewo da ahe kolikolie nye be ame aɖewo ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe Sea dzi, eye wodi wo ɖokui tɔ.—Mateo 22:37-40.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe