INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp18 No. 1 axa 12-13
  • 3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DƆMAVƆLEAMEŊU
  • NUXAXA
  • Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Gbedodoɖa​—Ale Si Wòaɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Alesi Ame Aɖewo Kpɔ Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
wp18 No. 1 axa 12-13
Nyɔnu aɖe le avi fam le ameɖibɔ me; nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me le to ɖom Biblia me gbedeasia

3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu

Kuxi geɖewo li siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le alo aƒo asa na fifia o. Le kpɔɖeŋu me, ne wò ame vevi aɖe ku alo dɔmavɔleameŋu le wò ŋutɔ ŋuwò la, naneke meli nàte ŋu awɔ tso eŋu wu be nànɔ te ɖe vevesesea nu o. Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme sesẽ ma mea?

DƆMAVƆLEAMEŊU

Rose gblɔ be: “Wodzim kple dɔléle aɖe si nana mesea veve edziedzi. Esia wɔe be dzi medzɔam o.” Nu siwo ɖea fu nɛ vevie dometɔ ɖekae nye be ɣeaɖewoɣi esesẽna nɛ be wòatsɔ susu aɖo Biblia sɔsrɔ̃ kple nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu. Gake Yesu ƒe nya siwo le Mateo 19:26 la kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.” Rose va kpɔe be mɔ bubuwo li siwo dzi yeate ŋu ato asrɔ̃ nu. Esi wònye be eƒe vevesesea nana be nuxexlẽ menɔa bɔbɔe nɛ ɣeaɖewoɣi o ta la, eva nɔa to ɖom Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la.a Egblɔ be: “Ne menye nu siawoe oa, anye ne asesẽ nam be malé mawusubɔsubɔ me ɖe asi.”

Ne dzi ɖe le Rose ƒo le nu siwo mate ŋu awɔ fifia o ta la, 2 Korintotɔwo 8:12 me nyawo faa akɔ nɛ. Afi ma gblɔ be: “Ne didia nya li ko la, wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu le nu si le ame si la nu, menye le nu si mele ame si o la nu o.” Nya mawo ɖoa ŋku edzi na Rose be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe nu si wòate ŋu awɔ la ŋu, elabe ewɔa nu si eƒe nɔnɔmea aɖe mɔ nɛ la kple eƒe ŋusẽ katã.

NUXAXA

Delphine, si ŋu míeƒo nu tsoe gblɔ be: “Esi vinyenyɔnu si xɔ ƒe 18 ku la, mese veve ale gbegbe be mesusu be ɖe wòvɔ nam ye nye ema. Nyemese veve alea kpɔ o.” Gake nya si le Psalmo 94:19, fa akɔ nɛ ŋutɔ. Psalmo sia ŋlɔla gblɔ le afi ma na Mawu be: “Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.” Delphine gblɔ be, “Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ nu siwo ana makpɔ gbɔdzɔe.”

Etsɔ eɖokui na be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Esi ɣeyiɣia va nɔ yiyim la, eva tsɔ eɖokui sɔ kple akalo si ɖeviwo tsɔ taa nu. Woagate ŋu azã esiwo ŋe alo gbã gɔ̃ hã atsɔ ata nui. Eva kpɔe be togbɔ be yeƒe dzi gbã hã la, yeate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Egblɔ be: “Nu si meva de dzesii ye nye be ne mele Biblia ƒe mɔfiamewo zãm tsɔ le kpekpem ɖe nye nusrɔ̃viwo ŋu la, mekpɔnɛ be Yehowa toa nu mawo ke dzi faa akɔ nam eye wonana mekpɔa gbɔdzɔe.” Eŋlɔ ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo to nɔnɔme sesẽwo me la ƒe ŋkɔwo ɖi. Ede dzesii be, “Wo dometɔ ɖe sia ɖe doa gbe ɖa vevie.” Eva kpɔe hã be, “Biblia xexlẽ koe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu woanɔ te ɖe kuxiwo nu.”

Biblia sɔsrɔ̃ fia nu yeye aɖe Delphine, eyae nye be wòatsɔ susu aɖo etsɔme ŋu ke menye nu siwo dzɔ va yi la ŋu o. Mɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 24:15 la fa akɔ nɛ. Afi ma gblɔ be, “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Nu kae na wòka ɖe edzi be Yehowa afɔ ye via ɖe tsitre? Na Delphine ŋutɔ naɖo eŋu, ebe: “Mele vinyea kpɔm ɖaa le etsɔme. Meka ɖe edzi vevie be magakpɔ vinyea ake le Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi. Mele nye kplii kpɔm le míaƒe abɔa me le susu me, abe gbe si gbe medzii helɔ̃e ene.”

a Àkpɔ nu gbogbo siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la le internet dzi le jw.org/ee.

Biblia ate ŋu afa akɔ na wò le nɔnɔme sesẽtɔ kekeakewo gɔ̃ hã me

ALEKE MAWU ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊUI?

Biblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ. Egblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe didi dzi na wo; esea woƒe ɣlidodo, eye wòxɔna na wo.” (Psalmo 145:18, 19) Ðe nya sia mefaa akɔ na ame ŋutɔ oa? Gake mɔ ka dzie Mawu ato aɖo ame siwo doa gbe ɖa nɛ tso dzi dzadzɛ me tsɔ bia eƒe mɔfiamewo la ƒe gbedodoɖawo ŋu?

EDOA ŊUSẼ MÍ:

Kuxiwo ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo alo ana nu nati kɔ na mí le ŋutilã me alo ememe kple le mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. (Lododowo 24:10) Gake Yehowa doa “ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.” (Yesaya 40:29) Apostolo Paulo si do dzi le nɔnɔme sesẽwo me gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Filipitɔwo 4:13) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye do ŋusẽ Paulo. Wò hã àte ŋu abia Mawu be wòado ŋusẽ wò kple gbɔgbɔ kɔkɔea.—Luka 11:13.

ENAA NUNYA MÍ:

Ke ne èhiã nunya si akpe ɖe ŋuwò be nàse Biblia gɔme eye nàwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ya ɖe? Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o, eye anɛ.” (Yakobo 1:5) Ne èxlẽa Biblia eye nèwɔna ɖe eƒe nufiafiawo dzi la, ke wò nuwɔna sɔ kple wò gbedodoɖawo. (Yakobo 1:23-25) Ne èwɔnɛ alea la, àva kpɔe be nunya le eme be woawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi.

ENAA ŊUTIFAFA MÍ:

Ne ètsia dzimaɖi vevie gɔ̃ hã la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò dzi nadze eme miɔɔ. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ðe manyo be nàbia Yehowa be wòana ŋutifafa wò oa?

Ke ne wò kuxiawo gbe vɔvɔ ya ɖe? Mègagblɔ be Mawu klɔ asi le yeƒe nya me o. Ne kuxiawo nu gbe tsotso hã la, Mawu ate ŋu ana dzideƒo kple ŋusẽ si nàtsɔ anɔ te ɖe wo nu la wò. (1 Korintotɔwo 10:13) Biblia gado ŋugbe hã be ɣeyiɣi aɖe ava esime míaƒe kuxiwo katã nu ayi keŋkeŋ!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe