Tsɔ Nugɔmesese Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Gbɔe
1 Le kuxi vovovowo ta la, amesiwo tsɔ ɖe le míaƒe gbedasia me la dometɔ geɖe mevo kura le ŋkeke siawo me o. Eyata ne míetrɔ yi afisi woɖe ɖetsɔleme fia le la, ahiã be míaɖe nugɔmesese afia eye ɖewohĩ míadzra ɖo be míaƒo nu tẽ kaba, negbe ne aƒemenɔlaa ɖee fia be yedi be dzeɖoɖoa nadidi ɖe edzi wu ko hafi.
2 Bu Nya si Nàgblɔ la Ŋu Do Ŋgɔ: Ɣesiaɣi la, ele be nya si míedi be míagblɔ la nanɔ susu me na mí kɔte. Esia bia be míakpɔ nuŋlɔɖi siwo míewɔ esime míeyi afima va yi la eye míaɖo ŋku nya siwo ŋu míeɖo dze le kple biabia si míegblẽ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ la dzi.
3 Ne aɖaŋuɖoɖo si le nyati si le etame la ƒe memamã 5 lia me ŋudɔe míewɔ la, ekema ne míetrɔ yi la, míate ŋu agblɔ be:
◼ “Tso ɣleti si va yi me la, ame geɖe le tame bum tso Kristo dzidzi ŋu. Zi mamletɔ si míeɖo dze la, medo ŋugbe be míadzro nya dodzidzɔname aɖe me ku ɖe du si me wodzi Yesu ɖo la ŋu. Ènya be Biblia gblɔe ɖi ƒe 700 do ŋgɔ be woadzi Yesu le Betlexema?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe ne miexlẽ Mixa 5:1 vɔ la, àte ŋu agblɔ be: “Ðe esia menye nyagblɔɖi si wɔ nuku oa? Togbɔ be esia nye nyateƒenya dodzidzɔname si le Biblia me hã la, ènyae be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam egbea hã?” Ne vovo le amea ŋu la, míate ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi, alo ne mevo o la, míate ŋu agblɔ be míatrɔ ava emegbe ava yi nya sia me dzodzro dzi kplii.
4 Ne “Ðe Xexeme Sia Ato Eme Adoa?” ƒe trakt lae míetsɔ nɛ la, míate ŋu agblɔ nya si gbɔna la:
◼ “De dzesi nya si wogblɔ ɖe axa 3 lia afisia, le tanya sue ‘Dzesi La’ te. Esia ku ɖe nya siwo Yesu gblɔ ɖi be woanye dzesi le ŋkeke mamleawo ŋu la ŋuti. [Dzro nyagblɔɖi eve alo etɔ̃ me kple aƒemenɔlaa.] Ðe nàgblɔ be ɖaseɖiɖi li si fia be nyagblɔɖi siawo le eme vam egbea?” Ne anyo be nàwɔ esia eye ɣeyiɣia ɖe mɔ la, ɖewohĩ àdi be yeado susua ɖa be wòakpɔ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa me kpɔ eye nàƒo nu tso eŋu nɛ dzonɔamemetɔe. Ðe alesi ta 111 lia ɖe nu me tsitotsito ku ɖe dzesi si Yesu na ŋu la fiae. Ne trakt la koe nètsɔ nɛ la, ekema ne ègatrɔ yi la, àte ŋu ana miadzro trakt bubu alo agbalẽ gbadza aɖe abe Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ alo “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” ene me.
5 Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Dodo ɖe Amea Gbɔ: Ne míena Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa aƒemenɔlaa alo ɖeka le esi xoxo la, anyo be míazã ta 111 lia atsɔ aɖe alesi míewɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃e afiae. Míate ŋu ato mɔ si le abe esi dzi wotona le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a wɔwɔ me ene la dzi. Ne nusɔsrɔ̃a le ŋgɔ yim la, míate ŋu atrɔe ayi agbalẽ gbadzawo dometɔ ɖeka sɔsrɔ̃ alo Agbe Tegbee ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ tẽ dzi.
6 Mina míadzra ɖo ɣesiaɣi be míatrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo katã gbɔ. Ele be míase nu gɔme eye míadze agbagba ɣesiaɣi be míaʋu mɔ na tɔtrɔ ayi ake to nya dodzidzɔnamewo biabia le dzeɖoɖo ɖesiaɖe ƒe nuwuwu me. Esia akpe ɖe mía ŋu míanɔ “dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Tim. II, 3:17.