Na Yesu Kristo Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Nasu Amewo Si
1 Míana Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le January me. Nya kae nàgblɔ atsɔ adze Biblia me dzeɖoɖo si sɔ na ɣeyiɣia gɔme, eye aleke naɖe agbalẽ nyui ŋutɔ sia afiae?
2 Míaƒe Trakt Yeyeawo Ŋudɔ Wɔwɔ: Edze edzi na gbeƒãɖela aɖewo be wotsɔa traktwo naa amewo tsɔa ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me eye emegbe la wonaa agbalẽ bubuwo wo. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ esia? Eyae nye míaƒe trakt yeye si nye Ðe Xexeme Sia Ato Eme Adoa? la nana.
Le gbedoname si sɔ megbe la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míele amewo biam be ɖe wolɔ̃ ɖe edzi be Yesu Kristoe nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ mahã. [Na ɣeyiɣie wòaɖo eŋu.] Enye nyateƒe be ame geɖe kpɔ ŋusẽ ɖe mɔ si nu amegbetɔwo ƒe nyawo zɔ ɖo dzi, eye wo dometɔ aɖewo kpe asi ɖe amegbetɔƒomea ƒe ŋgɔyiyi ŋu, gake kpɔ nusi na Yesu Kristo to vovo tso ame bubuawo katã gbɔ ɖa. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Ŋusẽ mele ame bubu aɖeke si be wòana agbe mavɔ ameƒomea o. [Ʋu trakt la ƒe axa 3 lia.] Esime Yesu nɔ anyigba dzi afisia la, eƒo nu tso nusiwo adzɔ do ŋgɔ na xexeame ƒe nuwuwu la ŋuti. Gake egade dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo hã be dzi nadzɔ wo elabena nudzɔdzɔ siawo afia be woƒe ɖeɖe le aƒe tum.” Ne èƒo nu tso Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia ƒe akpa aɖewo ŋu kpuie vɔ la, he susu yi axa mamletɔ si ɖe yayra siwo eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua ahe vɛ la dometɔ aɖewo fia la dzi.
3 Gbeƒãɖela sɔhɛ alo gbeƒãɖela yeye alo esi mekpɔ nuteƒe o la ate ŋu atsɔ nɔnɔmetata siwo le trakt la me la afia atsɔ adze eƒe nyaa gɔmee.
Le “Ðe Xexeme Sia Ato Eme Adoa?” ƒe trakt la zazã me la, gbeƒãɖela ate ŋu aʋu axa 3 lia kple 4 lia eye wòagblɔ be:
◼ “Lé ŋku ɖe foto eve siawo ŋu; yameʋu le bɔmbwo dam le aʋawɔɣi le ɖeka me eye evelia nye ɖevi si dɔ le wuwum tɔ. [Ʋu axa 5.] Kpɔ anyigbaʋuʋu kple dɔnɔ si le dɔnɔkɔdzi ƒe foto siawo ɖa. [Tɔ vie.] Biblia ɖee fia be eteƒe madidi o nu dziŋɔ siawo maganɔ anyi o.”
4 Ne edze abe ɖe amea tsɔ ɖe le eme ene la, xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 nɛ tẽ tso Biblia me alo tso trakt la me le axa 6. Àte ŋu ahe eƒe susu ayi nya bubuwo dzii, le ɖetsɔleme si wòɖe fia la nu. Ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le eme la, àte ŋu atsɔ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa nɛ ahawɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu.
5 Wɔ Ðoɖo ɖe Amea gbɔ Yiyi Ake Ŋu: Eɖanye trakt, Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa, alo agbalẽ bubu ye míena alo dze vivi aɖe koe míeɖo o, míate ŋu agblɔ be: “Ne megava la, madi be míadzro nya dodzidzɔname aɖe me kpli wò ku ɖe du si me wodzi Yesu ɖo la ŋu.” Kpɔ egbɔ be yewɔ nuŋlɔɖi nyuie le amea kple ɖetsɔleme si wòɖe fia ŋu eye nàsrɔ̃ ta 5 atsɔ adzra ɖo nyuie hafi ayi aɖawɔ tɔtrɔyia.
6 Fiaɖuƒea koe nye mɔkpɔkpɔ vavã ɖeka kolia na ameƒomea. Mina míaɖe míaƒe didi vevie be míana ‘Mawu ƒe nya ɣaɣla si nye Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ’ naɖo amesiame gbɔ la afia.—Kol. 2:2.