Gbeƒãɖeɖe ƒe Mɔnu Siwo Le Bɔbɔe Gake Wotsea Ku
1 Yesu ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea le mɔ bɔbɔe si le tẽ nu. Enya be ne amesiwo ɖi alẽwo se nyateƒea la, woatrɔ ɖe eŋu nyuie. Enya hã be amewo ƒe susu, nusiwo dzɔa dzi na wo kple tamebubu ƒe ŋutete le vovovo. Eyata ewɔ gɔmedzenya, nyabiabia kple kpɔɖeŋu vovovo siwo mesesẽ o ŋudɔ be yeahe nyaselawo ƒe susu va nyaa dzie eye yeaʋã woƒe dzi. Míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua eye míazã gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu siwo le bɔbɔe hetsea ku la nyuie.
2 Wɔ Reasoning Gbalẽa Ŋudɔ Nyuie: Gɔmedzenya gbãtɔ si le “Dɔwɔɖua/Xɔnyawo” ƒe tanyaa te le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 11 la sɔ ɖe ɣeyiɣia nu eye ezazã le bɔbɔe.
Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míenɔ dze ɖom kple wò aƒelikawo le nusi woate ŋu awɔ be aƒe kple dɔwɔɖui nanɔ amesiame si la ŋu. Èsusu be nunya le eme be míakpɔ mɔ be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo awɔ nusia? . . . Gake ame aɖe li si nya alesi woakpɔ kuxi siawo gbɔe; ame mae nye ameƒomea Wɔla.” Xlẽ Yesaya 65:21-23. Emegbe la àte ŋu abia aƒemenɔlaa ƒe susu le nya ma ŋu.
3 Gɔmedzenya si le “Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ/Fukpekpe” ƒe tanya si le axa 12 lia la te adzɔ dzi na ame geɖe egbea.
Àte ŋu abia be:
◼ “Èbu nya sia ŋu kpɔa: Ðe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe si me tom amegbetɔwo le la ɖea fu na Mawu ŋutɔŋutɔa?” Ðe mɔ aƒemenɔlaa naɖo eŋu eye nàxlẽ Nyagblɔla 4:1 kple Psalmo 72:12-14. Ne esɔ be nàna Agbe Tegbee-gbalẽa la, ʋu nɔnɔmetata siwo le axa 150-3 la eye nàɖe alesi nɔnɔme siwo le xexeame egbea nye Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevavae la fiae kpuie. Emegbe nàʋu axa 161-2 nàɖe nu bubu siwo Mawu gblɔ ɖi be yeawɔ wòanye yayra na amegbetɔ la afiae. Bia aƒemenɔlaa nusi dzɔ dzi nɛ wu le wo dome.
4 Ne èɖo dze kpui aɖe kple aƒemenɔlaa vɔ la, ɖewohĩ àtso nya me be yeahe eƒe susu ayi Agbe Tegbee-gbalẽa alo nyati aɖe si le magazineawo dometɔ ɖeka me, agbalẽ gbadza aɖe, alo trakt aɖe dzi.
Le kpɔɖeŋu me, ne èzã gɔmedzenya si le nyati sia ƒe memamã 2 lia me vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Agbalẽ gbadza sia si ŋkɔe nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? la ɖe nusi Mawu do ŋugbe be yeawɔ atsɔ akpɔ míaƒe gbesiagbenuhiahiãwo gbɔe la me eme kɔ eye wòfia alesi míawɔ wòaɖe vi na mí.” Ʋu agbalẽ gbadza la ƒe axa 26 kple 27, eye nàhe susu yi memamã 21 lia dzi.
5 Alo ne èzã gɔmedzenya si le memamã 3 lia me vɔ la, àte ŋu ahe susu ayi Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la dzi.
Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Nuxaxa kple fukpekpe le xexeame egbea ale gbegbe. Trakt sia ɖee fia be wogblɔe ɖi ɖe Biblia me be aʋawɔwɔ, dɔtoto kple lãmesẽ ƒe kuxiwo ava. Gake Mawu gado ŋugbe be yeana tɔtrɔ wɔnuku aɖe nava na ameƒomea.” Xlẽ memamã mamletɔ si le trakt la ƒe axa 5 lia.
6 Alesi míatsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔŋutɔ kpakple gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu bɔbɔe si tsea ku eye wòdea dzi gbɔ la zazã aʋã amesiwo ɖi alẽwo la godoo.—Yoh. 10:16.