INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena May

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena May
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme May 2
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme May 9
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme May 16
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme May 23
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme 30
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 5/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena May

Kwasiɖa si Dze Egɔme May 2

Hadzidzi 20

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me gbeƒãɖeɖe siwo sɔ. Dzro ɖoɖo siwo wowɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi ŋu, abe ablɔdzi alo fiẽsiɖaseɖiɖi ene me.

15 min: “Mawu ƒe Nufiafia Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Vevie.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Xlẽ memamãwo kple ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe eme ne ɣeyiɣia ɖe mɔ. Na woagblɔ alesi wokpɔa ŋudzedze ɖe viɖe siwo wokpɔna le takpekpewo dede kple agbalẽ siwo woɖena ɖe go ŋudɔwɔwɔ me ŋu la kpuie.

10 min: “Ðe Wòhiã be Manɔ Tɔtrɔwo Wɔmaa? Hamemegã eve nadzro eme. Te gbe ɖe viɖe siwo le gbeadziyiyi edziedzi me la dzi.

15 min: “Zã Magazinewo tsɔ Gblɔ Nyateƒea na Amewo.” Dzro eme kple nyaselawo. Gblɔ nusi na míaƒe magazinewo to vovo kple alesi wòle be esia naʋã mí be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ anae. Wɔ wɔwɔfia kpui eve. Ne May ƒe magazineawo meli o la, àte ŋu azã yeye ɖesiaɖe si sɔ.

Hadzidzi 128 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme May 9

Hadzidzi 214

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔwo ŋu be míadɔ nu na amewo. Míate ŋu adɔe na amesiwo tsɔ ɖe le magazineawo me. Fia alesi woakpe nudɔgbalẽvi etɔ̃a ɖoe.

20 min: “Dzra Biblia Nusrɔ̃viwo Ðo ɖe Subɔsubɔdɔa Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Wɔ alesi woate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu be wòadzra ɖo aɖi ɖase le ʋɔtru nu la ƒe wɔwɔfia le memamã 4 kple 5 lia me. Nusrɔ̃via dze egɔme kple dzeɖonya bɔbɔe aɖe eye wòzã Psalmo 37:11. Nufiala la de nu eme hegblɔ be: “Mele subɔsubɔha aɖe me xoxo.” Nusrɔ̃via menya nya si wòagblɔ o. Wo ame evea wotrɔ ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 18-19, wodzro nyaŋuɖoɖo ŋuti aɖaŋuɖoɖo aɖewo me eye wotia ɖeka si nusrɔ̃via ate ŋu azã nyuie. Nusrɔ̃via gayi nuƒoa dzi, eɖo nya la ŋu nyuie eye emetsonua de dzi ƒo nɛ ŋutɔ.

15 min: Mikpe Ðe Amesiwo Va Ŋkuɖodzia la Ŋu. Subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro alesi ɖetsɔlemetɔ siwo va Ŋkuɖodzia le nu wɔmee la me kple hamea. Ðe wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple wo katã tsɔ le kpekpem ɖe wo ŋua? Ðe wokpe ɖe wo ŋu be wole hamea ƒe kpekpewo dem tso ɣemaɣi dzia? (Àte ŋu awɔ ɖoɖo do ŋgɔ abia gbe gbeƒãɖela eve alo etɔ̃, siwo kplɔ amewo va Ŋkuɖodzia le kpekpeɖeŋu si nam wogale wo kple ŋgɔyiyi si wɔm wole la ŋu.) Nɔvi siwo gbɔdzɔ la hã va Ŋkuɖodzia le hame geɖe me. Esia fia be womeŋlɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la be keŋkeŋ o. Aleke hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋui? Nukae hamea ate ŋu awɔ atsɔ aganyɔ woƒe ɖetsɔleme ɖe gbeadziyiyi ŋu? Te gbe ɖe alesi wòhiã be amesiame nawɔ dɔ aduadu be woade dzi ƒo na amesiwo gbɔdzɔ ahado ŋusẽ ame yeyewoe la dzi. (Heb. 6:1-3) Ðe alesi woate ŋu ato Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzi akpe ɖe wo ŋui la fia.

Hadzidzi 139 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme May 16

Hadzidzi 173

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubuwo kple nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanya ɖesiaɖe. Gayɔ agbalẽ gbadza siwo woate ŋu ana la ŋkɔ eye nàƒo nu tso dzeɖonya ʋee aɖewo ŋuti.

17 min: “Trɔ Yi Afisi Nèkpɔ Ðetsɔlemetɔwo Le.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Wɔ dzeɖonya siwo woŋlɔ ɖe eme la ƒe ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia.

18 min: “Viɖekpɔkpɔ tso Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me Bliboe.” Nuƒo si sukudzikpɔla aƒo eye wòadzro eme kple nyaselawo. De dzi ƒo na amesiame be woaxɔ dɔdasiwo ahawɔ wo. Te gbe ɖe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ edziedzi ƒe vevienyenye dzi. Gblɔ alesi aɖaŋu siwo woɖona na sukuviawo ate ŋu aɖe vi na hamea katãe.

Hadzidzi 53 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme May 23

Hadzidzi 192

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro magazine yeyewo me nyati tɔxɛwo me, eye nàwɔ enana ƒe wɔwɔfia kpui ɖeka alo eve. Gblɔ kwasiɖanuwuwu ƒe gbeadziyiɖoɖowo.

15 min: “Ðe Nèdea Bubu Ame Bubuwo Ŋu ne Èle Aɖaŋu Ðom na Woa?” Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe February 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 25-9 dzi.

20 min: “Tsri Tsyatsyadada Ƒomevi Ðesiaɖe!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emedegbalẽvia mee. Kpe ɖe nyaselawo ŋu woase alesi woawɔ nya veviawo ŋudɔe la gɔme.

Hadzidzi 19 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme 30

Hadzidzi 204

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

15 min: Dzro June ƒe agbalẽnunana me: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? He woƒe susu yi nɔnɔmetata dzeaniwo, abe esiwo le axa 6, 236, 243, kple 245 lia ene dzi. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nazã Nyaɖeɖefia 21:4 atsɔ awɔ wɔwɔfia kpui aɖe le nɔnɔmetata siawo dometɔ ɖeka ŋu. Gblɔ ɖoɖo siwo wowɔ ɖe gbeadziyiyi ŋu le kwasiɖa si gbɔna me.

20 min: “Alesi Mí Kristotɔwo Míakpe Akɔ Kple Ɣeyiɣi Sesẽwoe.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro emedegbalẽvia mee. Gblɔ nyawo le bubu me. Ðe Ŋɔŋlɔawo me dzidzenuwo ɖe go eye nàkpe ɖe amewo katã ŋu woakpɔe be nusiawo dzi wɔwɔ ɖoa atsyɔ̃ na nyanyui la.

Hadzidzi 12 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe