INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/94 axa 7
  • Yayra Siwo Le Dɔwɔwɔ Kple Ame Bubuwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yayra Siwo Le Dɔwɔwɔ Kple Ame Bubuwo Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ðe Nàte Ŋu Awɔ Amewo Woanye Nusrɔ̃lawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 11/94 axa 7

Yayra Siwo Le Dɔwɔwɔ Kple Ame Bubuwo Me

1 Ðe nèkpɔe be dɔwɔwɔ kple ame bubuwo le subɔsubɔdɔa me ɖea via? Yesu kpɔe nenema. Togbɔ be nuŋeŋe la sɔ gbɔ eye nuŋelawo mede ha o hã la, edɔ nusrɔ̃la 70 la “eveveve” ɖe gbeadzi. Viɖe kae nye si wònye na wo katã esi woɖe gbeƒã le “du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me”!—Luka 10:1, 17; Mat. 9:37.

2 Dɔwɔwɔ kple ame bubuwo dea dzi ƒo na ame. Ŋu kpea mía dometɔ aɖewo eye tete ɖe amesiwo míenya o ŋu sesẽna na mí. Ame aɖe ƒe mía ŋu nɔnɔ ana kakaɖedzi mí be míagblɔ Mawu ƒe Nya la kple dzideƒo. Ne ame aɖe kpe ɖe mía ŋu la, anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ dɔa abe alesi wohe mí be míawɔe ene. (Lod. 27:17) Nunyala la gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.”—Nyagb. 4:9.

3 Enyo be woawɔ dɔ kple gbeƒãɖela kple mɔɖela vovovowo. Barnaba, Sila, Timoteo, Yohanes, kple Marko wonye Paulo ƒe zɔhɛwo le eƒe subɔsubɔdɔa me, eye wokpɔ yayra geɖe le woƒe gbeƒãɖeɖe aduadu me. Ate ŋu anɔ alea egbea hã. Ðe nèwɔ dɔ kple ame aɖe si le nyateƒea me eteƒe didi kpɔa? Esi nèkpɔ alesi wòbi ɖe ɖaseɖiɖi me la, anɔ eme be èfɔ susu nyui aɖewo le eƒe nyawo me siwo kpe ɖe ŋuwò nètrɔ asi le tɔwò ŋu. Èwɔ dɔ kple gbeƒãɖela yeyewo kpɔa? Ekema ɖewohĩ ètsɔ nusiwo nèsrɔ̃ la ƒe ɖe na woawo hã si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woabi ɖe edzi wu eye woakpɔ dzidzɔ geɖe wu le woƒe subɔsubɔdɔa me.

4 Ðe nèle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm fifia? Ne èle ewɔm la, nukata màbia hamemegã ɖeka alo nutome sue dzikpɔla be wòakplɔ wò ayii o? Eɖea vi be míaƒe nusrɔ̃viwo nadze si dzikpɔlawo. Ne hamemegã la ƒe afima nɔnɔ wɔe be nusɔsrɔ̃a dzi menya le kpɔkpɔm na wò o la, ɖewohĩ alɔ̃ faa akpɔ edzi eye nàkpɔ eteƒe. Emegbe bia aɖaŋuɖoɖowoe faa le alesi nàte ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi kabakaba ŋuti.

5 Nye zɔhɛ si dea dzi ƒo na ame ne èle dɔ wɔm kple ame bubuwo. Gblɔ nya siwo ana kakaɖedzi ame ne èle nu ƒom tso anyigbamamã la ŋu. Mègagblɔ ame bubuwo ŋu nya alo ato nyatoƒoe le hamea ƒe ɖoɖowo ŋu gbeɖe o. Na wò susu nanɔ subɔsubɔdɔa kple Yehowa ƒe yayrawo ŋu. Ne èwɔ esia la, ŋusẽ aɖo mia kple wò zɔhɛa ŋu le gbɔgbɔ me ɣesiaɣi miatsɔ ayi aƒe mee.

6 Ðewohĩ nɔnɔme si me nèle ana dɔwɔwɔ edziedzi kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu bubuwo asesẽ na wò. Gake ne anya wɔ la, nukata màwɔ ɖoɖo adi ɣeyiɣi awɔ dɔ kple gbeƒãɖela bubu o? Woayra mi ame evea siaa!—Rom. 1:11, 12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe