INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 7
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 14
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 21
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 28
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 11/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 7

Hadzidzi 4

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso magazine yeye ɖesiaɖe me dzeɖonya ɖeka alo eve siwo woate ŋu atsɔ ana woe ŋu.

18 min: “Mawu ƒe Nya la Sẽa Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ vevienyenye si le Biblia xexlẽ edziedzi ŋu, si nàtu ɖe Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe—1994 ƒe ŋgɔdonya dzi hã.

17 min: “Biblia La—Akɔfafa Kple Mɔkpɔkpɔ Tsoƒe Wònye le Xaxa ƒe Xexeme.” Dzro eme kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia eve atsɔ aɖe alesi woazã ewɔwɔmɔnu siwo wogblɔ la afia.

Hadzidzi 24 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 14

Hadzidzi 25

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubu kple nudzɔdzɔ siwo Habɔbɔa xɔ ƒe akpedanyawo. Gato kwasiɖanuwuwu gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖowo me.

17 min: “Gbɔgbɔ Ka Ƒomevie Nèɖena Fiana?” Nuƒo. De June 15, 1977 ƒe Gbetakpɔxɔ, Eŋlisigbe me tɔ, axa 369, memamã 4 kple 5 me nyawo hã eme.

18 min: “Mɔ Siwo Dzi Míato Awɔ Míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Wòanyo Wu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na nyaselawo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔwo atsɔ aɖe alesi wozã ewɔwɔmɔnu siwo wogblɔ ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me eye nu nyuiwo do tso eme la afia.

Hadzidzi 37 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 21

Hadzidzi 40

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Nyabiaɖaka. Nuƒo. Na wòasɔ ɖe mia gbɔ nɔnɔmewo nu.

20 min: “Ƒe 1994 ‘Mawuvɔvɔ̃’ Nutome Gã Takpekpea.” Emedegbalẽvia. Nuƒo kple numedzodzro si woatu ɖe memamã 1-11 dzi, hamemegã nakpɔ edzi. He susu yi “Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo” dzi vevie.

15 min: “Kpe Ðe Wo Ŋu Woasee ‘Ɣebubuɣi’” Dzro eme kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie atsɔ aɖe alesi woate ŋu azã Biblia ne wole nusɔsrɔ̃ gɔme dzem la fia.

Hadzidzi 52 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 28

Hadzidzi 58

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

10 min: “Yayra Siwo Le Dɔwɔwɔ Kple Ame Bubuwo Me.” Nuƒo. De dzi ƒo na amesiame be woakpe asi ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo si hamea wɔ ŋu tsɔ wu be woa ŋutɔwo nanɔ ɖoɖo wɔm ɣesiaɣi be yewoayi le yewo ɖokui si. Dɔwɔwɔ kple ƒuƒoƒoa hea yayra bubuwo, subɔsubɔdɔa wɔwɔ nyuie wu, kple dzideƒo na ame nɔewo vɛ.

20 min: “Ƒe 1994 ‘Mawuvɔvɔ̃’ Nutome Gã Takpekpea.” Emedegbalẽvia. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nagblɔ memamã 12-24 me nyawo.

10 min: Ame Vevitɔ ƒe Agbalẽa nana le December me. Agbalẽ sia hiã vevie ŋutɔ. Ame miliɔn alafa geɖe gblɔna be Yesu yomedzelawoe yewonye eye be yewoxɔ eƒe nufiafiawo dzi se. Ele be amewo nanya nusi na wòto vovo na ame bubuwo katã—woƒe agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe esia dzi. Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 133, gblɔ be: “Ne míebu eƒe dzideƒo kple ŋutsuwɔwɔ si ƒo ɖesiaɖe ta, eƒe nunya si ɖeke mesɔ kple o, eƒe nufiafiaŋutete kɔkɔtɔ kekeake, eƒe ŋgɔnɔnɔ mavɔ̃mavɔ̃e, kple eƒe nublanuikpɔkpɔ kpakple veveseseɖeamenu lɔlɔ̃tɔe ŋu la, eʋãa míaƒe dzi.” Biblia de dzesii eme kɔ be enye (1) Ðasefo (Yoh. 18:37), (2) Ðela (Dɔw. 4:12), kple (3) Fia (Nyaɖ. 11:15). Na gbeƒãɖela bibi aɖe nazã nya vevi siawo ƒe ɖewo atsɔ awɔ enana ƒe wɔwɔfiae. De dzi ƒo na amesiame be wòana agbalẽ sia le December me.

Hadzidzi 61 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe