Ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe
1 Tso Abel kple Noa ŋɔli va ɖo fifia la, xɔsetɔwo ɖe “mawuvɔvɔ̃” fia. (Heb. 11:4, 7) Be woaɖe mawuvɔvɔ̃ afia la fia be woawɔ nu le “tadedeagu ƒe bubu tsɔtsɔ na Wɔla la me ahasroe ɖa eye woade bubu deto eŋu le ŋɔdzi si sɔ be míava wɔ nusi ana míaƒe nu madze eŋu o” la me. (it-1 axa 818) Le December 1994 kple January 1995 me la, míaɖe bubu deto sia afia ne míeyi “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpea. Ànɔ anyi ase nuƒoawo katã, tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui dzi vaseɖe gbedodoɖa mamlea dzia?
2 Míetsɔa didi vevie kpɔa mɔ na nutome gã takpekpewo ƒe sia ƒe. Togbɔ be abia agbagbadzedze kple gazazã geɖe hã la, yayra siwo míexɔna la sɔa gbɔ. Míetsɔa dzidzɔ, dzidzeme, kple gbɔgbɔmetutuɖo gbɔna vaa aƒee. (Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 8:66.) Míedea ha tuameɖowo eye takpekpea nyea tɔtrɔ nyui aɖe le míaƒe dɔwɔwɔwo hã me. Gake miɖo ŋku edzi be tadedeagu na Yehowa tae míekpea ta ɖo. Eyae de se na mí be míakpe ta. Eyae nye amesi fiaa nusi míawɔ wòaɖe vi na mía ŋutɔwo la mí.—Mose V, 31:12, 13; Ps. 122:1.
3 Ŋkeke Etɔ̃ Takpekpe: Míawɔ takpekpe 14 le du 10 me le le dukɔa me godoo. Woŋlɔ teƒe siawo ɖe June ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Woawɔe le Eŋlisigbe, Eʋegbe, Fanti, Frafra, Gɛgbe, Krɔbɔgbe, kple Twi me le afisiwo wole ewɔm le nu.
4 Takpekpea adze egɔme Fiɖagbe ŋdi ga 9:50 eye wòawu enu Kwasiɖagbe ɣetrɔ ga 4:15 me lɔƒo. Adze egɔme ŋdi ga 9:00 Memleɖa kple Kwasiɖa.
5 Bubu Deto Dede Yehowa Ŋu Ʋãa Mí be Míade: Paulo de dzi ƒo na Hebri Kristotɔwo be ‘woatsɔ mawuvɔvɔ̃ kple mawusosroɖa awɔ subɔsubɔ kɔkɔe na Mawu.’ (Heb. 12:28) Nusia tututu ŋue wotrɔ asi le míaƒe nutome gã takpekpea ŋu le ƒe sia me be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ. Ðewohĩ míado go mɔxenu aɖewo siwo ado alesi míaɖoe kplikpaa be míayi la kpɔ. Mɔxenu siawo adze na mí abe towo ene, gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖu wo dzi. (Mat. 17:20) Ne màte ŋu awɔ ɖoɖo axɔ mɔkeke ɖe takpekpea katã ŋu tso Fiɖagbe ŋdi va ɖo Kwasiɖagbe ɣetrɔ o la, ɖe nètsɔ gbedodoɖa te ɖe wò dɔtɔ ŋu bia mɔ le egbɔ na ɣeyiɣi ma? (Yak. 1:6-8) Sukuvi siwo ade takpekpe siwo woawɔ do ŋgɔ dometɔ aɖe esime womeke mɔ haɖe o la nabia mɔ le woƒe nufialawo gbɔ bubutɔe be yewomate ŋu ava suku Fiɖagbe o le yewoƒe mawusubɔsubɔ nuwɔna vevi aɖe ta.
6 Na Nusiwo Nèzã ɖe Eta la Naɖe Vi na Wò: Nuzazã ka ƒe nya gblɔm míele? Eyae nye ɣeyiɣi siwo nèzã ɖe takpekpea ŋu kple agbagba siwo nèdze ɖe eta. Nunya manɔ eme be míadzra ɖo nyuie ɖe ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpea ŋu eye míagbɔ va aƒeme esi nuƒoawo ƒe akpa gã aɖe to mía ŋu o. Ne wokpe wò va kplɔ̃ɖoƒe aɖee la, ɖe nàdzo le kplɔ̃a ŋu be yeava kpɔ nu bubuwo gbɔa? Le ƒe si va yi me la, míede dzesii be le takpekpe aɖewo me la, ame aɖewo dzona ne wokpã ŋdi me kpekpea. Gake mele be míaƒe tsitsi le gbɔgbɔ me kple míaƒe mawuvɔvɔ̃ naɖe mɔ nusi Yehowa dzra ɖo ɖi na mí la ƒe ɖeke nato mía ŋu o.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 2:9, 10.
7 Ðewohĩ mía dome ame akpa gãtɔ míasusui be míadzo kaba o. Ke hã nuƒoawo ƒe akpa gã aɖe ate ŋu ato mía ŋu. Aleke esia ate ŋu adzɔe? Eyae nye ne míewɔ ɖoɖo do ŋgɔ be míakpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso nuƒo siwo woaƒo la me o. Míadi be míafɔ kaba aɖu ŋdinu si asu na mí eye míakpɔ nu bubu siwo hiã la gbɔ ale be míava nɔ anyi hafi kpekpea nadze egɔme. Anyimɔmlɔ kaba be alɔ̃ nasu mí hã le vevie bene míate ŋu anɔ ŋudzɔ eye míaƒe susu nanɔ ŋkekea katã ƒe nuƒoawo ŋu.
8 Mɔnu vevi aɖe si wokpɔ be ekpena ɖe ame ŋu be viɖe gbogbotɔ tsoa kpekpea me na amee nye nya veviwo ŋɔŋlɔ ɖi kpuie. Ele vevie be ɖeviwo hã naŋlɔ nuwo ɖi abe alesi wòle vevie na ame tsitsiwoe ene. Ðetugbi ƒe 16 vi aɖe si nye gbeƒãɖela la gblɔ be: “Meŋlɔa ŋɔŋlɔ siwo woyɔ le nuƒoawo me dana ɖi. Ke ne meɖo aƒeme la metoa wo me.” Ðekakpuivi aɖe si hã nye ƒe 16 vi gblɔ kpee be: “Meŋlɔa nya veviwo ɖi. Enaa nye susu nɔa nuƒoawo ŋu.” Zi geɖe la, nusiwo koŋ hiã wò le kpekpea mee nye wò Biblia, hadzigbalẽ, nuŋlɔgbalẽ si melolo akpa o, kple nuŋlɔti. Ele eme be dzila siwo ƒe viwo metsi o akpɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ ya, gake anyo wu be míagatsɔ tsigo gãwo kple nuzazã bubuwo ɖe asi vɛ fũ si aɖe fu na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo o.
9 Nɔvi aɖewo tsɔa kasɛt alo videoɖemɔ̃wo léa nuƒoawoe be yewoava ƒo le aƒeme emegbe. Wo léle alo wo malémalé nye ame ŋutɔ ƒe nya, gake ame aɖewo kpɔe be ne yewogbɔ va dze yewoƒe gbesiagbedɔwo gɔme ko la, yewomegakpɔa vovo ƒoa nya siwo yewolé ɖi la o. Hekpe ɖe eŋu la, nya vevi aɖewo ate ŋu ato mía ŋu le ɣeyiɣi si me míele asi trɔm le mɔ̃ si míetsɔ le nyaa lém ɖi ŋu la me.
10 Ele be míadze agbagba ɖesiaɖe be míanɔ anyi hafi takpekpea nadze egɔme. Togbɔ be míanɔ dze ɖom kple mía xɔlɔ̃ aɖe si míegado goe kpɔ o hafi zimenɔla la aɖe gbeƒãe be game su takpekpea nadze egɔme hã la, anye bubudede nuƒolawo kple mía nɔviwo ŋu, ne míetɔ dzeɖoɖoa kaba va bɔbɔ nɔ anyi.
11 Nutome gã takpekpewo nyea dzidzɔɣeyiɣiwo ɣesiaɣi le Yehowa ƒe yayra gbogbo si nɔa wo dzi ta. Míexɔa nusiwo aɖe vi na mí le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa. Ele be míaɖo ŋku edzi be wozãa ga gbogbo aɖe ɖe nutome gã takpekpewɔƒea hayahaya ŋu. Nuɖuɖu hã le asi xɔm, eye Habɔbɔa ƒlea nuɖuɖu nyui na takpekpe ɖesiaɖe. Afikae wokpɔa ga tsoe tsɔ xea fe siawo kple gazazã bubuwo katãe? Tso míaƒe lɔlɔ̃nu faa nunanawo, siwo ate ŋu anye ga ŋutɔ alo gaxɔgbalẽvi si woaŋlɔ be woaxee na “Watchtower Convention” le takpedua me dzie. Esia wɔ ɖeka kple gbɔgbɔ si dze le Psalmo 96:8 me nyawo me si de dzi ƒo na mí be ‘míatsɔ bubu na Yehowa eye míatsɔ nunanawo ɖe asi va eƒe xɔxɔnuwo.’
12 Ðe Wò Agbenɔnɔ Adze Kafukafua? November me Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ɖoa ŋku agbenɔnɔ nyui le nutome gã takpekpewo me ƒe vevienyenye dzi na mí dɔmenyotɔe ƒe sia ƒe. Nyateƒee, ele be míaɖo kpɔɖeŋu nyui le míaƒe agbenɔnɔ me ɣesiaɣi, gake ne míele ƒuƒoƒo gãwo me la, amesiwo mele nyateƒea me o léa ŋku ɖe mía ŋu nyuie wu. Míaƒe agbenɔnɔ, enyo alo menyo o, ate ŋu aƒo nu wòade didiƒe wu míaƒe gbeƒãɖeɖe. Míedi be míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo nanye kafukafu na Yehowa.—Lod. 27:2; Pet. I, 2:12.
13 Esi míewu “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea nu le ƒe si va yi me la, amedzrodzeƒe ŋudzɔla aɖe gblɔ be: “Ðevi siawoe nye ɖevi nyuitɔwo kekeake si mekpɔ kpɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye sia.” Eye esi wòƒo nu tso ɖevi bubuwo ƒe nɔnɔme gbegblẽwo kple alesi wogblẽa nui ŋu vɔ la, egagblɔ kpee tso Ðasefowo viwo ŋu be: “Wobua ame ŋutɔ eye adzɔ dzi na wò be woanɔ ye gbɔ. Ame aɖe xɔ be ɖe takpekpe bubu siwo wowɔna le afisia hã le abe esia ene.”
14 Fia aɖe si wonya nyuie si de takpekpeawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpea ŋu nyuie ale gbegbe. Womewɔ ɖoɖo le dziɖuɖu ƒe dudɔnunɔlawo ƒe dɔwɔƒewo alo dɔwɔƒe bubuwo gɔ̃ hã alea o. Nyemenye dudɔnunɔla kpɔ o, gake mede ha kplikplikpli kple ame ŋkuta geɖewo kpɔ, eye menya nya si gblɔm mele.”
15 Nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔla aɖe ŋlɔ tso takpekpe aɖe ŋu be: “Nyɔnu tsitsiwo kple nyɔnuviwo do awu nyuiwo, eye ŋutsu tsitsiwo kple ŋutsuviwo do kot eye wobla kɔla. Woƒe ŋku biã ɖe nuwo ŋɔŋlɔ ɖi ŋu esime wonɔ to ɖom nuƒolawo ŋkeke eneawo. Eye ne dzadzɛnyenyee nye nusi kplɔ mawusosroɖa ɖo la, ke Yehowa Ðasefowoe ɖe dzixɔse ma fia nyuie wu.” Gake menye nya siwo katã wogblɔ le mía ŋue nya se alea o.
16 Le teƒe aɖewo la, woka nya ta be amewo nɔ tsatsam akpa nɔ dze ɖom le agbadɔa godo esime takpekpea nɔ edzi yim. Ne wole tsatsam le takpekpea wɔƒe eye wole nu ƒom la eɖea toli ame eye wòɖea fu na amesiwo di be yewoase nya. Dɔ vevi aɖewo le ame ʋee aɖewo dzi si gbɔ wòle be woakpɔ esime takpekpea le edzi yim, gake ɖe mele be mí ame susɔeawo míanɔ míaƒe nɔƒewo anɔ to ɖom nyuie oa?
17 Dzila akpa gãtɔ ƒe asi sẽna ɖe wo viwo dzi le hamea ƒe kpekpewo me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ðe mele be woƒe asi nasẽ ɖe wo dzi nenema ke ne eɖo edzi be woakpɔ egbɔ be wo viwo bɔbɔ nɔ wo xa eye womanɔ tsatsam le esime kpekpea le edzi yim oa? Takpekpea wɔƒe va zu abe Fiaɖuƒe Akpata gã aɖe me ene, gake Satana ƒe nuɖoanyia mee míele, eye anɔ bɔbɔe be nugbegblẽwɔlawo nage ɖe mía dome kple susu vɔ̃wo. ELE BE NÀNYA AFISI VIWÒWO LE KPLE NUSI WƆM WOLE ƔESIAƔI.
18 Awudodo Kple Dzadzraɖo: Míele ɣeyiɣi si me woda asi ɖe awudodo ɖe kple ɖee alo esiwo womegatsɔ beléle aɖeke kura na o dzi la me. Bubu aɖeke medzena le ame aɖewo ƒe sɔlemedewu, modzakaɖeƒeyiwu alo kplɔ̃ɖoƒeyiwu ŋu o. Nya siwo míegblɔ le memamã l5 lia me fia be ame aɖewo gali kokoko siwo dea bubu awudodo dzeame ŋu, vevietɔ ne mawusubɔƒee wodo awu siawo yinae. Awudodo ɖekematsɔlemetɔe kple dzadzraɖo si medze o ƒoa nu geɖe le mía ŋu. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be meganye kamededefefe wɔ ge wole le takpekpea wɔƒe o. Ezu Fiaɖuƒe Akpata gã aɖe. Ame aɖewo dzrana ɖo nyuie hafi vaa takpekpea gake ne míekpã eye woyi nuɖuƒewo le dua me kple teƒe bubuwo la, woƒe dzadzraɖo megaɖɔa ʋu o.
19 Ele be woaɖo ŋku edzi na nyɔnyrɔ̃xɔlawo be tsimeyiwu aɖewo masɔ na nyɔnyrɔ̃xɔxɔa o. Ele be woƒe awudodo ƒe dzedzeme nasɔ, eye wòanyo. Amekawoe akpɔ nya sia gbɔ? Enye hamemegãwo ƒe agbanɔamedzi be woakpɔ egbɔ be amesiame si axɔ nyɔnyrɔ̃ le woƒe hamea me la maganye nukikli na ame aɖeke o. (Kor. II, 6:3, 4) Esia fia be tsimeyiwu siwo me wodzena le kple awudedee siwo dzi woŋlɔ xexemetɔwo ƒe nyagbɔgblɔwo ɖo alo boblododowo ɖo la mesɔ o. Asɔ be hamemegãwo nadzro nya sia me kple amesi le dzadzram ɖo ɖe nyɔnyrɔ̃xɔxɔa ŋu ne wole agbalẽ si nye Míaƒe Subɔsubɔdɔa me dzrom kplii.
20 Amedzrodzeƒewo Kple Amewo ƒe Aƒewo Me: Zi geɖe la, ehiãa dzigbɔɖi kple nugɔmesese ne míeva ŋkɔ ŋlɔ ge le amedzrodzeƒewo alo ne míeva amewo ƒe aƒewo me. Ne amesiwo va ŋkɔ ŋlɔ ge sɔ gbɔ la, ate ŋu ahe nuwo ɖe megbe vie. Ehiã be míaɖe gbɔgbɔ la ƒe kutsetse afia ɣesiaɣi vevietɔ le míaƒe nuwɔwɔ kple amedzrodzeƒedɔwɔlawo me. Ele be míaɖo ŋku edzi ana nu amesiawo alesi dze hã. Taflatse mitsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo dzro nyati siwo nye “Nunana ɖe Dɔ si Wowɔ na Ame Ta—Enyo alo Menyo O?” kple “Nunana ɖe Dɔ si Wowɔ na Ame Ta—Eŋuti Mɔfiafia Aɖewo” siwo dze le June 22, 1986 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! axa 24-7 me.
21 Nyalémɔ̃wo: Abe alesi míegblɔe va yi ene la, nyalémɔ̃wo, vevietɔ videoɖemɔ̃wo, zazã nye ame ŋutɔ ƒe nya si ŋu eya ŋutɔ natso nya me le. Ne ètso nya me be yealé wɔnawo ɖi la, taflatse wɔe le amesiwo le gbɔwò la ŋu bubu me. Nyaléle le ame ƒe zikpui si dzi wonɔ dzi hã ate ŋu aɖe fu. Mele be ame aɖeke naxe takpekpevala bubuwo ŋkume ne etsɔ videoɖemɔ̃ le wɔnawo lém ɖi o. Hekpe ɖe eŋu la, mele be woatsi nyalémɔ̃wo ƒe ka ɖe elektrikkawo alo nuƒomɔ̃ ƒe kawo ŋu o, eye mele be woada mɔ̃ siawo ɖe mɔ dzi alo afɔtoƒewo o.
22 Anyinɔnɔ: Taflatse ɖo ŋku edzi be: WÒ ƑOMEA ME TƆWO KPLE AMESIWO MIA KPLE WO MIELE ƲU ÐEKA ME KOE NÀTE ŊU ALÉ NƆƑE ÐI NA. Hekpe ɖe eŋu la, taflatse bu ame tsitsiwo ŋu. Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, ehiã be nɔvi tsitsi aɖewo nanɔ afisiwo mesɔe na wo o. Enye nu nyui be nàtsɔ wò nɔƒe na ame tsitsi siwo anɔ nɔƒe dim, vevietɔ ne menye mia kple wò ƒomea alo amesiwo le ʋu ɖeka me kple wòe le afima o. Esia anye Kristotɔwo ƒe ameŋububu ƒe dzesi.
23 Nuɖuɖunana ƒe Ðoɖo si Le Bɔbɔe: Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya siwo le Mateo 4:4 kpakple Yohanes 6:27 la, woadze agbagba etɔxɛe le takpekpeawo katã me be woawɔ nuɖuɖuɖoɖowo woaganɔ bɔbɔe wu. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be edze be gbɔgbɔmenuɖuɖua naɖe vi bliboe na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le Nuɖuɖunadɔwɔƒea hã oa? Gake aleke woawɔ akpɔ gbɔgbɔmeviɖewo ne esime wole míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm la, wowɔ dɔ wòti kɔ na wo si na ɖeɖi te wo ŋu eye alɔ̃ le ŋku dzi na wo le nuƒoawo ƒoɣi? Eyata míatsɔ nusiwo ɖaɖa le bɔbɔe ƒe ɖoɖoa awɔ dɔe le afisiafi. Míaɖa nuɖuɖu siwo ɖaɖa sesẽ hexɔa ɣeyiɣi o. Nusianu si woaɖa la anye esi ɖaɖa le bɔbɔe, eye wònyo eye maxɔ asi boo o. Amesiwo ate ŋu aɖu ŋdinu tso aƒeme eye woate ŋu atsɔ ɖe ɖe asi aɖu ŋdɔ la ate ŋu awɔ esia faa. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòadzɔ nu dɔmenyotɔe ɖe nudzɔɖaka la me le takpekpe si wòade me. Mele be míakpɔ mɔ be míakpɔ ga tso nuɖuɖudzadzra me atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu o.
24 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe gbãtɔ adze egɔme le December 16, 1994 dzi. Èwu wò dzadzraɖowo nua, eye ɖe nèsɔ gbe fifia na gomekpɔkpɔ le ŋkeke etɔ̃ ƒe hadede si me dzidzɔ le eye míaxɔ gbɔgbɔmenu geɖe le mea? Enye míaƒe gbedodoɖa vevie be Yehowa neyra ɖe agbagba siwo dzem miele be miakpe ta aɖu nu nyuiwo le eƒe kplɔ̃ ŋu le “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpea sia me dzi.
[Aɖaka si le axa 6]
Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Dzadzraɖo si Sɔ: Ele vevie be takpekpevalawo katã nadzra ɖo nyuie alesi dze, eye woatsɔ mawuvɔvɔ̃ abu takpekpewɔƒea abe ‘Mawu ƒeme’ ene. (Ps. 55:15) Taflatse kpɔ egbɔ be màgawɔ naneke si ahe amesiwo le to ɖom ƒe susu le nuƒoawo, drama, hadzidziwo, kple vevietɔ le gbedodoɖa me o. Míaƒe ameŋububu kple agbenɔnɔ nyui aɖee fia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nufiafia ŋu nyateƒe eye be ɖe míeva takpekpea be Yehowa nefia nu mí. Míele ŋku ɖom edzi dɔmenyotɔe na takpekpe me nuƒolawo kple amesiwo xɔ dɔdasi bubuwo abe wɔwɔfiawo kple gbebiamewo ene be woadzra ɖo nyuie wòasɔ ɖe wɔna la nu. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòado awu nyuie ale be womagabu fɔ nyateƒemɔ la o.—Tsɔe sɔ kple September 1994 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.
Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ: Ele be amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la nanɔ teƒe si woɖo ɖi na wo hafi takpekpea nadze egɔme le Memleɖagbe ŋdi. Míede dzesii be ame aɖewo doa awu siwo ƒomevi ŋu bubu mele o eye esia kloa bubu le wɔna sia ŋu. Ele be amesiame si le ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃ la natsɔ tsimeyiwu ɖɔʋu kple tsiletse ɖe asi. Le nyɔnyrɔ̃xɔxɔnuƒoa ƒoƒo kple nuƒola la ƒe gbedodoɖa vɔ megbe la, zimenɔla la ana mɔfiame kpui aɖewo amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃a eye wòayɔ ha si woadzi. Ne wodzi kpukpui mamlea vɔ la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo afia mɔ amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la ayi ɖe nyɔnyrɔ̃xɔƒea. Esi nyɔnyrɔ̃xɔxɔ tsɔtsɔ wɔ adzɔgbe si woɖe ƒe dzesii nye afɔɖeɖe vevi aɖe si nye ame ŋutɔ kple Yehowa dome nya ta la, ɖoɖo aɖeke meli be woawɔ zɔhɛwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si me ame eve alo amesiwo sɔ gbɔ wu nenema siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la woakpla asi kɔ na wo nɔewo alo woalé wo nɔewo ƒe alɔnu esime wole nyɔnyrɔ̃ xɔm o.
Akɔtagbalẽviwo: Taflatse de ƒe 1994 akɔtagbalẽvia le takpekpea me kple ne èyina takpekpea wɔƒe kpakple ne ètso afima gbɔna aƒeme. Zi geɖe la, esia wɔnɛ be míete ŋu ɖia ɖase nyuie ne míele mɔ zɔm. Ele be nàxɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋe si me wodea woe la to miaƒe hamea dzi elabena womanɔ takpekpea me o. Ðo ŋku edzi nàtsɔ wò “Medical Directive” (alo Atikewɔgbalẽvi) yeyetɔ ɖe asi.
Xɔbiabia: Taflatse mikpe asi ɖe ɖoɖo si takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒea wɔ ŋu to dzeƒe si woana mi la nɔnɔ me. Esia naa amewo meva tegena ɖe afisi wobu be esɔ wu eye wòanye fuɖeɖe o. Midze agbagba miaɖo kaba ale be woate ŋu akplɔ mi ayi miaƒe dzeƒee le ɣeyiɣi si sɔ me. Miɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe miaƒe aƒetɔwo ƒe amedzrowɔwɔ ŋu eye miaƒe agbenɔnɔ naɖi ɖase nyui. (Pet. I, 2:12; Kor. I, 4:9b; Kol. 3:15) Miaƒe dzeƒewo nanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu le afimawo. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, Habɔbɔa kpɔa ŋudzedze ɖe takpekpevalawo ƒe nuŋububu ŋu ne wodzɔ nane ɖe woƒe dzeƒea ta togbɔ be woagblɔ be womaxɔ naneke ɖe eta o hã.
Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽvi: Gbesiagbe mɔɖelawo kple mɔɖela veviwo, dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo, kple Betel-ƒomea me tɔwo katã natsɔ woƒe Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽvi (S-202) ɖe asi va takpekpea. Ne mɔɖelawo tsɔ woƒe Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽvi ɖe asi ko hafi woaxɔ agbalẽ yeye ɖesiaɖe si woagblɔ be woana wo femaxee alo agbalẽ bubu ɖesiaɖe si woadi be yewoaxɔ ɖe mɔɖelawo ƒe asi dzi le Agbalẽdzraƒea. Woana takpekpe tikit ₵2,000 mɔɖela si wɔ mɔɖeɖedɔa wòde ɣleti ade ya teti le takpekpe si woayi la wɔɣi ne wotsɔ woƒe Dzesidegbalẽviwo fia le takpekpe ɖeka ma ko me. Mɔɖeɖe meli be mɔɖelawo nadzra titik siawo o. Ele be woagbugbɔ tikit siwo womezã o la ayi Gakɔntadzikpɔƒea ne takpekpea wu enu.
Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Àte ŋu adi ɣeyiɣi aɖe le takpekpea me atsɔ ana kpekpeɖeŋu le dɔwɔƒeawo dometɔ ɖekaa? Mía nɔviwo subɔsubɔ, ne eganye gaƒoƒo ʋee aɖewo koe hã, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ eye wòahe dzidzeme vɛ. Ne àte ŋu ana kpekpeɖeŋu la, ke taflatse yi ɖe takpekpea ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le takpekpea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me ne wowɔ dɔ le wo dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te.
Nuxlɔ̃amenyawo: Ne míele ŋudzɔ ɖe nusiwo ate ŋu ahe kuxiwo vɛ ŋu la, akpɔ mía ta tso fuɖename dzodzrowo si me. Zi geɖe la, amedzrowoe fiafiwo kple ame vlo bubuwo te ŋu fina wu. Kpɔ egbɔ be yedo yeƒe ʋu ƒe ʋɔ kple safui ɣesiaɣi, eye mègagblẽ naneke ɖe eme wòanɔ dzedzem si ahe ame aɖe ƒe susu be wòadi be yeagbã ʋɔa atsɔe le eme o. Ƒuƒoƒo gãwo mee fiafiwo kple gaɖeleameŋulawo te ŋu fia nu le wu. Nunya manɔ eme be nàgblẽ nu xɔasiwo ɖe wò zikpui dzi o. Màte ŋu aka ɖe edzi ne Kristotɔe amesiame si le gbɔwò la nye o. Nukatae nàda nane ɖe anyi si woafi? Woka nya ta na mí be xexemetɔ aɖewo di be yewoable ɖeviwo nu afi wo. NA VIWÒWO NANƆ AFISI NÀTE ŊU ANƆ WO KPƆM LE ƔESIAƔI.
Woka nya ta be le amedzrodzeƒe aɖewo la, woɖea television dzi sinima siwo me agbegbegblẽnɔnɔ alo amamaɖeɖe nuwɔnawo nɔna. Esia ɖe alesi gbegbe wòhiã be womagagblẽ ɖeviwo ɖeɖe ɖi woanɔ television kpɔm le dzeƒe siawo o la fia.