Kpe Ame Bubuwo be Woasrɔ̃ Ame Vevitɔ La
1 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 5:14 ene be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli.” Ele be Yesu yomedzelawo naƒo nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒe kple ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si Wòwɔ to Yesu dzi lɔlɔ̃tɔe la ŋu na amewo le afisiafi. Esi dɔdasi ma le susu me na mí ta la, míekpɔ mɔ be míana Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa le December me. Aɖaŋuɖoɖo siwo nàdi be yeazã aɖewoe nye si.
2 Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ nya siwo gbɔna la le wò ŋutɔ wò nyawo me:
◼ “Ame geɖe bua amesi tɔgbe Yesu nye le eƒe anyigba sia dzi nɔɣi abe amegbetɔ ene ŋu. Mɔ kawo nue nèsusu be eto vovo na ame bubuwo le? [Na wòaɖo eŋu.] Agbalẽ dodzidzɔname sia si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒo nu tso eƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu nya veviwo ŋu, eye eɖe amesi tɔgbe wònye fia. Esi ame aɖewo xlẽe la, wose le wo ɖokui me abe ɖe mɔnukpɔkpɔ su wo si wode ha kplii ŋutɔŋutɔ, wokpe fu siwo wòkpe la, hekpɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔƒe kple ŋku ene.” Fia agbalẽa me nɔnɔmetata gbãtɔ si me tanya le lae. Emegbe ʋu ŋgɔdonya la nàxlẽ memamã evelia le tanya si nye “Srɔ̃ Nu Tso Eŋu be Wòaɖe Vi na Wò” la te. Azɔ tsɔ agbalẽa nae kakaɖedzitɔe.
3 Alo àte ŋu agblɔ nya siawo tɔgbe be:
◼ “Ame geɖe le Yesu ŋu bum le ɣeyiɣi sia me. Gake esi nu gbegblẽ geɖe le dzɔdzɔm le xexeame katã ta la, ame aɖewo abia be ɖe Yesu tsɔ ɖe le mía me ŋutɔŋutɔ hã. Aleke nèbu le ema ŋu?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 24 lia nàdzro nusita Yesu va anyigba dzi ɖo me kpuie. Emegbe xlẽ Yohanes 15:13 nàtsɔ te gbe ɖe alesi Yesu lɔ̃ amewo tso dzimee dzi. Ðo ŋku edzi nàtsɔ magazine yeyewo, agbalẽ gbadza aɖe, alo trakt si sɔ ɖe asi be nànae ne womexɔ agbalẽa o.
4 Aɖaŋuɖoɖo bubu enye si:
◼ “Sɔhɛwo ƒe akpa gãtɔ le ame xɔŋkɔwo dim woasrɔ̃, gake esiwo ɖɔ ʋu kpɔkpɔ sesẽ. Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na amesiame. [Xlẽ Petro I, 2:21.] Etu eƒe agbenɔnɔ katã ɖe Fofoa si le dziƒo ƒe tadedeagu dzi. Aleke nèsusu be nuwo anɔ ne ame geɖe wu dze agbagba be yewoasrɔ̃e?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu agbalẽa ƒe axa si do ŋgɔ na mamletɔ ƒe memamã etɔ̃lia si dzro eƒe nɔnɔme tɔxɛwo me. Ðe alesi Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mí katã mía ŋu be míazu Kristotɔ ɖɔʋuwoe la me nɛ.
5 Ðewohĩ àdi be yeazã nya siawo tɔgbe:
◼ “Ne ame aɖe yɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, ame geɖe buna be enye vidzĩe alo fukpela aɖe si ɖo kudo nu. Yesu dzidzi kple eƒe ku ŋu ko wobuna. Womedea dzesi nyanyui siwo wògblɔ kple nu wɔnuku siwo wòwɔ la ya o. Nusiwo wòwɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amesiame si nɔ anyigba sia dzi kpɔ la dzi. Ema tae wòhiã be míasrɔ̃ nu geɖe tso nusiwo wòwɔ le mía ta la ŋu alesi míate ŋui.” Xlẽ Yohanes 17:3. Ʋu Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ŋgɔdonya ƒe axa gbãtɔ, eye nàxlẽ memamã enelia. Ðe alesi woate ŋu azã agbalẽa atsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃e la me nɛ.
6 Kpɔ egbɔ be nàwɔ ɖetsɔleme kple agbalẽ siwo nèna ŋuti nuŋlɔɖi be nàte ŋu awɔ tɔtrɔyiwo. Esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li la, mina míadi dzinyuitɔwo vevie eye míakpe ɖe wo ŋu woava zu Yesu Kristo, mía Ðela la, yomedzelawo.—Mat. 16:24.