De Dzi Ƒo Na Wo Woava Zu Eyomedzelawo
1 Paulo ŋlɔ le Korintotɔwo I, 3:6 be: “Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie.” Paulo zã nya sia be yeatsɔ akpe ɖe nɔviawo ŋu woakpɔ alesi wòhiã be woawɔ dɔ ɖekae le Kristo ƒe tanyenye tee la adze sii. Eto mɔ sia nu kpe ɖe wo ŋu wokpɔ akpa vevi si wowɔ le nudodo kple tsidedee ƒe dɔ vevia me la dze sii.
2 Agbeɖeɖedɔ sia awu enu le dzidzime sia tututu me. Esi míenye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ta la, agba gã aɖe le mía dzi be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woava zu Yesu yomedzelawo. (Dɔw. 13:48) Aleke nàtrɔ ayi ava tu ɖetsɔleme si nète ŋu nyɔ to Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa zazã me la ɖoe?
3 Ne ètrɔ yi agbalẽa xɔla srã ge kpɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi míeɖo dze nyitsɔ la, míedzro amesi tɔgbe Yesu Kristo nye esime wònye amegbetɔ la me. Edzɔ dzi nam be megblẽ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la ɖe gbɔwò. Nuka koŋue wɔ dɔ ɖe dziwò le Yesu ƒe nufiafia kple eƒe nɔnɔmewo ŋu?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu ta 113 nàdzro Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi la me kplii. Xlẽ Filipitɔwo 2:8 nàfia alesi apostolo Paulo bu Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme lae. Emegbe àte ŋu aɖe alesi woate ŋu asrɔ̃ nu ayi ŋgɔe to Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi me la me nɛ.
4 Ðewohĩ àdi be yeazã ŋgɔdonya sia boŋ:
◼ “Míeƒo nu tso nusiwo Yesu wɔ le eƒe anyigbadzinɔɣi si fia be etsɔ ɖe le eme na mí nyateƒe la ŋu. Nukae nèsusu be awɔ mlɔeba atsɔ ana gbɔdzɔe amesiwo kpe fu geɖe la?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu ta 133 nàdzro memamã atɔ̃lia me nyawo me. Trɔ ɖe nɔnɔmetata si le axa si kplɔe ɖo dzi ŋu nàɖe alesi nuwo anɔ ne wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi abe alesi wòle le dziƒo ene me nɛ. Ƒo nu tso viɖe siwo wòakpɔ tso nusɔsrɔ̃ ayi ŋgɔe me ŋu nɛ.
5 Ne womeɖe ɖetsɔleme fia tututu le gɔmedzedzea me o la, ɖewohĩ àte ŋu adze wò dzeɖoɖoa gɔme ale:
◼ “Meka ɖe edzi be mía kple wò siaa míalɔ̃ ɖe edzi be ame geɖe srɔ̃a amesiwo wobuna ame xɔŋkɔwoe la le woƒe agbenɔnɔ me. Yesu Kristoe nye amesi xɔ ŋkɔ wu si amesiame ate ŋu asrɔ̃. Madi be magblɔ nu vevi aɖe si mekpɔ to nusɔsrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi ŋu me la na wò. [Ʋu Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 40 nàhe eƒe susu ayi Yesu ƒe nufiame nyui si ku ɖe nublanuikpɔkpɔ ŋu la dzi.] Esia na meɖoa ŋku alesi gbegbe wòhiã be maɖe nɔnɔme nyui sia afia ame bubuwoe la dzi.” Xlẽ Mateo 5:7. Ne ènyɔ eƒe ɖetsɔleme alea vɔ la, tsɔ agbalẽa alo Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe agbalẽ gbadza la nae.
6 Alo àdi be yeazã nya siawo siwo le tẽ la akpɔ:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míedzro alesi wòle vevie be Yesu ŋuti sidzedze nasu ame sii me. Yohanes 17:3 gblɔ be sidzedze sia kpɔkpɔ ‘nye agbe mavɔ.’ Aleke míate ŋu awɔ emae?” Na wòaɖo eŋu. Yi edzi nàɖe míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa kple alesi wòate ŋu aɖe vi nɛ la me nɛ.
7 Paulo gblɔ be nuŋela “axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Kor. I, 3:8) Ne míedo vevie nu kpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava zu Yesu yomedzelawo la, míaƒe fetu asɔ gbɔ godoo.