INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/95 axa 3
  • Agbalẽ Gbadza Yeyea Zazã Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ Gbadza Yeyea Zazã Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woakpɔ Akɔfafa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Fa Akɔ Na Ame Siwo Le Konyi Fam
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 3/95 axa 3

Agbalẽ Gbadza Yeyea Zazã Nyuie

1 Agbalẽ gbadza yeye si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku la adzɔ dzi na ame ƒomevi vovovowo, elabena ame gbogbo aɖe ŋutɔe xa nu le woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta. Eƒe foto kple nɔnɔmetata dzeaniawo ana enana nanɔ bɔbɔe. Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre ƒe tata wɔdɔɖeamedzi si le axa 29 lia ɖe Yesu “ƒe didi vevie be yeaɖe nu gbegblẽ siwo ku hena vɛ ɖa la fia.” Axa si kplɔe ɖo si ƒe nɔnɔmetata xɔ axa bliboa katã la fia tsitretsitsia ƒe nudzɔdzɔ dodzidzɔname aɖe le xexe yeyea me. Dzidzɔ gã kae nye si wòado na amesiwo le nu xam la ƒe dzi!

2 Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu be woadzro eme le dzeɖoɖomɔ nu. Wode biabia siwo ana nya veviawo nadze la akpa ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Àte ŋu azã “Biabia Siwo Ŋu Nàde Ŋugble Le” siawo le mɔ ɖesiaɖe si nèkpɔ be akpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wu la nu.

3 Le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me la, àte ŋu afia emenya siwo le axa 2 la aƒemenɔlaa eye nàgblɔ nɛ be wòafia esi dzɔ dzi nɛ la ye. Nɔ ŋudzɔ ɖe amesiame ƒe nuhiahiãwo ŋu. Na amea nagblɔ eƒe seselelãmewo, eye emegbe nàfia alesi agbalẽa faa akɔ na amee lae. Eƒe akpa ɖesiaɖe zã Biblia me mawunyakpukpui siwo dzi wotu míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo la dometɔ geɖe.

4 Tanya sue si le axa 5 si nye “Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le la Li” la he susu yi Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ fakɔname si li na ame kukuwo dzi. Esia ana wòadzro amea be wòadi vevie be yewoadzro “Ame Kukuwo ƒe Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ” si le axa 26-31 la me. “Mawunyakpukpui Siwo Faa Akɔ na Ame” bubuwo gale axa 27. Aƒemenɔla si le nu xam la ava kpɔe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe be nyateƒee, “akɔfafawo katã ƒe Mawu” ye Yehowa nye.​—⁠Kor. II, 1:​3-7.

5 Akpa siwo le wo dome la ƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu amewo wɔa nu ɖo ne woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la ŋu aɖaŋutɔe. Woƒo nu tso alesi míadze ŋgɔ nuxaxae kple alesi ame bubuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le xaxaɣi sesẽ mawo mee ŋu. Aɖaka aɖe le axa 25 si ƒe tanyae nye “Kpekpe Ðe Ðeviwo Ŋu be Woakpe Akɔ Kple Ku.” Esia akpe ɖe dzila siwo adze ŋgɔ kuxi sia la ŋu ŋutɔ.

6 Na ɖe nanɔ asitsɔƒe na wò, eye nàzãe le vomeɖaseɖiɖi me. Àte ŋu atsɔ ayedzedze ate ɖe amesiwo le nu xam ŋu le ameɖibɔwo me ne wogayi woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe yɔdo srã ge kpɔ.

7 Enye dzidzɔ na mí be Yehowa nye Mawu ‘si faa akɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le.’ (Kor. II, 7:⁠6) Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na mí be míawo hã ‘míafa akɔ na konyifala siawo.’​—⁠Yes. 61:⁠2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe