Aleke Mawɔ Woaɖo Tom?
1 Le Filipi-dugã me la, “nyɔnu aɖe, si ŋkɔ nye Lidia, aɖabɛdzrala . . . ɖo to, amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu.” (Dɔw. 16:14) Nukae nudzɔdzɔ sia fia mí? Toɖoɖoe nye nusi aʋu mɔ ɖi be ame nasrɔ̃ nyateƒea. Aƒemenɔla la ƒe lɔlɔ̃ faa be yeaɖo to koŋ dzie míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe nya la gbɔgblɔ me nɔa te ɖo zi geɖe. Ne wonya le to ɖom mí ko la, enɔa bɔbɔe wu be míagblɔ míaƒe gbedasia. Gake be míakpɔ amesi aɖo to la ate ŋu anye nu sesẽ. Nukae míate ŋu awɔ?
2 Hafi míaƒo mía ɖokui ɖe subɔsubɔdɔa me la, ele be míalé ŋku ɖe míaƒe dzedzeme kple dɔwɔnu siwo míazã ŋu. Nukatae? Enɔa bɔbɔe wu be amewo naɖo to amesi ɖe eɖokui fia abe bubume ene. Ðe míedzraa ɖo nyuie le ŋuɖɔɖo mea? Togbɔ be awudodo ɖewoɖewoe abɔ ɖe xexeame hã la, míeƒoa asa na ɖekematsɔleme nuwɔna mawo elabena míenye subɔla siwo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe. Míaƒe dzedzeme kɔkɔe si anɔ dzadzɛ la ɖia ɖase nyui kpena ɖe Fiaɖuƒe gbedasi si ƒe gbeƒã ɖem míele ŋu.
3 Nye Xɔlɔ̃wɔla eye Nàde Bubu Ame Ŋu: Togbɔ be nɔnɔmewo le tɔtrɔm egbea hã la, ame geɖe kpɔtɔ dea bubu Biblia ŋu eye woalɔ̃ faa aɖo dze tso nusi le Biblia me ŋu ne míede bubu wo ŋu heɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia wo. Vividoɖeameŋu ƒe nukomo vavã ɖoɖo ate ŋu ana aƒemenɔla la naɖe dzi ɖi eye wòaʋu mɔ na numedzodzro nyui wɔwɔ. Ele be míaƒe dzimekɔkɔ kple nɔnɔme nyuiwo nadze le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me, eye alesi míaɖo to aƒemenɔla la ƒe nukpɔsusuwo ameŋububutɔe hã kpe ɖe eŋu.
4 Míaƒe taɖodzinu enye be míagblɔ Biblia me mɔkpɔkpɔa na ame bubuwo. Esi esia le susu me na mí ta la, ele be míakpɔ egbɔ be míaƒe dzeɖoɖo nye esi dzea ame ŋu, ke menye tsitretsiɖeameŋu alo nyaheɖeameŋu o. Mahiã be míagblẽ ɣeyiɣi anɔ nya hem kple amesi dze ƒã be etsi tre ɖe mía ŋu o. (Tim. II, 2:23-25) Míate ŋu atia dzeɖonya ƒomevi vovovo siwo dea dzi ƒo eye wosɔ ɖe ɣeyiɣia dzi tso esiwo wotana na mí ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ kple Reasoning-gbalẽa me la me. Gake ele be míadzra ɖo ɖe esiawo ŋu nyuie be míate ŋu aƒo nu le wo ŋu le vividoɖeameŋu kple mɔ si ana gɔmesese nasu wo si nu.—Pet. I, 3:15.
5 Le míaƒe yiyi zi gbãtɔ megbe la, aƒemenɔla ʋee aɖewo koe ate ŋu aɖo ŋku nya siwo tututu míegblɔ dzi. Gake wo dometɔ ɖesiaɖe kloe ate ŋu aɖo ŋku nɔnɔme si míeɖe fia le nuƒoa ƒoƒo me dzi. Mele be míabu ŋusẽ si le nyuiwɔwɔ kple dɔmenyowɔwɔ me nu tsɛe gbeɖe o. Enye nyateƒe be ame geɖe siwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le la le míaƒe anyigbamamã me siwo aɖo to nyateƒea abe alesi Lidia ɖo toe le ƒe alafa gbãtɔ me ene. Ŋkuléle ɖe míaƒe dzedzeme kple alesi míeƒoa nui ŋu nyuie ate ŋu akpe ɖe anukwaretɔwo ŋu be woaɖo to Mawu ƒe Nya la eye woaxɔe nyuie.—Mar. 4:20.