INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/96 axa 1
  • Mía Ðokui Tsɔtsɔna Faa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mía Ðokui Tsɔtsɔna Faa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mía Ðokui Tsɔtsɔ Na Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Nàte Ŋu Awɔ Geɖe Wu Atsɔ Ade Bubu Yehowa Ŋuia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 12/96 axa 1

Mía Ðokui Tsɔtsɔna Faa

1 Hakpala Dawid gblɔe ɖi be Yehowa ƒe amewo ‘atsɔ wo ɖokui ake’; si fia be woanye “lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tsona ɖe dɔ ŋu kpata.” (Ps. 110:3, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Enye nyateƒe be esia le eme vam le míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Le subɔsubɔƒe ene siwo va yi dometɔ ɖesiaɖe me la, Yehowa ƒe amewo tsɔ gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ kaka Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Eye nu geɖe gali kpe ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe dɔa ŋu siwo me míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana le faa akpe ɖe ame bubuwo ŋu.

2 Mɔ Siwo Dzi Míaɖe Ðokuitsɔtsɔna Faa Afia Le: Ðewohĩ ame aɖewo le hamea me siwo ŋu wòhiã be woakpe ɖo woava kpekpewo. Nukata màlɔ̃ faa akplɔ wo ɖe asi o? Ame bubuwo anɔ dɔ lém, ŋusẽ megale wo ŋu o, alo woxɔ wo ɖe kɔdzi. Ðe nàte ŋu axɔ ŋgɔ ava srã wo kpɔ alo akpe ɖe wo ŋu le mɔ aɖe nua? Ðewohĩ ame ɖeka alo ƒome aɖe hiã dzideƒo. Ðe nèbu eŋu kpɔ be yeakpe amesiawo tɔgbe woava nɔ wò ƒomenusɔsrɔ̃ me ɣeaɖewoɣia? Mɔɖela alo gbeƒãɖela aɖe ahiã zɔhɛ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Nukata màlɔ̃ miawɔ dɔ ɖekae le subɔsubɔdɔa me o? Esiawo nye mɔ siwo dzi míate ŋu alɔ̃ faa awɔ nyui na haxɔsetɔwo le la dometɔ aɖewo.—Gal. 6:10.

3 Nɔviŋutsuwo ate ŋu aɖe alesi wolɔ̃ faa be woazã wo le Yehowa ƒe habɔbɔa me afia ne wodzea agbagba be yewoaɖo nusiwo wodi tso wo si hafi woazu hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo la gbɔ. (Tim. I, 3:2-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Esi míaƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, míehiã nɔviŋutsu siwo dze eye wolɔ̃ faa be yewoaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia me kple le hameawo kpɔkplɔ me.—Tim. I, 3:1.

4 Ðewohĩ mía dometɔ aɖewo ate ŋu atsɔ mía ɖokui ana awɔ Yehowa ƒe dɔ geɖe wu ne míezu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ɣeaɖewoɣi. Azɔ̃ hã ne míetrɔ asi le míaƒe ɖoɖowɔɖi ŋu vie alesi dze la, ɖewohĩ míate ŋu awɔ dɔ sia atsiã ɖe enu alo míawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã. Ðe míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ míaʋu ayi nuto si me kpekpeɖeŋu hiã le wua? Ðe míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana asubɔ le Betel eye míato ema me akpe asi ɖe xexeame katã ƒe dɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋu tẽa? Wole dɔ geɖe hã wɔm hele Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo tum le xexeame katã, esiwo me amesiwo alɔ̃ faa awɔ dɔ hiã le vevie. Míekpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo tsɔ wo ɖokui na ɖe dɔ nyui siawo wɔwɔ ta ŋu ŋutɔ eye wokpɔa yayra geɖe!—Luka 6:38.

5 Míele dzidzɔɣeyiɣi me. Yehowa to eƒe gbɔgbɔ dzi le eƒe ame siwo lɔ̃ faa zãm tsɔ le dɔ wɔnuku aɖe wɔm le anyigba dzi! Ne Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi kpe mí be míakpɔ gome le Fiaɖuƒedɔa me geɖe wu la, anyo be amesiame nabia eɖokui be, ‘Ðe meyi edzi tsɔ ɖokuinye le nanam faa?’ Ekema ele be míadzro míaƒe dzi kple nɔnɔmewo me le gbedodoɖa me. Míaƒe mawusosroɖa aʋã mí míawɔ nusianu si míate ŋui le subɔsubɔ kɔkɔe me, eye míana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ geɖe!—Zef. 3:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe